< Hiob 30 >

1 “Ke azɔ la, ame siwo menye xoxo na, ame siwo fofowo manyɔ ŋui be womade ha kple nye lãkplɔvuwo gɔ̃ hã o la ɖua fewu le ŋutinye.
しかし今はわたしよりも年若い者が、かえってわたしをあざ笑う。彼らの父はわたしが卑しめて、群れの犬と一緒にさえしなかった者だ。
2 Nu ka woƒe alɔkpa sesẽ la wɔ nam, esi ŋusẽ vɔ le wo ŋu?
彼らの手の力からわたしは何を得るであろうか、彼らはその気力がすでに衰えた人々だ。
3 Hiã kple dɔwuame na wowɔ ɖeƒomevie hele tsatsam le dzogbe kple kuɖiɖinyigbawo dzi le zã me.
彼らは乏しさと激しい飢えとによって、かわいた荒れ地をかむ。
4 Le gbe me woda amagbewo eye woƒe nuɖuɖue nye dɔli ƒe ke.
彼らは、ぜにあおいおよび灌木の葉を摘み、れだまの根をもって身を暖める。
5 Woɖe wo ɖa le wo nɔvi amegbetɔwo ƒe ha me eye wodo ɣli ɖe wo ta abe fiafitɔwo wonye ene.
彼らは人々の中から追いだされ、盗びとを追うように、人々は彼らを追い呼ばわる。
6 Wozi wo dzi be woanɔ tɔʋu siwo mie la me, agakpewo tome kple do siwo woɖe ɖe anyigba la me.
彼らは急流の谷間に住み、土の穴または岩の穴におり、
7 Wole xɔxlɔ̃m le gbe me eye woƒo ta kpli ɖe avekawo te.
灌木の中にいななき、いらくさの下に押し合う。
8 Wonya wo le anyigba la dzi abe ame ɖigbɔ̃wo kple yakamewo ƒe dzidzimeviwo ene.
彼らは愚かな者の子、また卑しい者の子であって、国から追いだされた者だ。
9 “Ke azɔ la, wo viŋutsuwo kpa ha dem, heɖu fewu le ŋunye le ha la me eye mezu lodonu le wo dome.
それなのに、わたしは今彼らの歌となり、彼らの笑い草となった。
10 Wonyɔa ŋum, henɔa adzɔge nam eye woɖea ta ɖe mo nam faa.
彼らはわたしをいとい、遠くわたしをはなれ、わたしの顔につばきすることも、ためらわない。
11 Esi azɔ Mawu lã nye datika, hewɔ fum la, wowɔa nu si dze wo ŋu la le ŋkunye me.
神がわたしの綱を解いて、わたしを卑しめられたので、彼らもわたしの前に慎みを捨てた。
12 Wo detɔwo tso ɖe ŋutinye le nye ɖusime, woɖo mɔwo ɖi na nye afɔ eye woƒu woƒe aʋakpowo ɖe ŋunye.
このともがらはわたしの右に立ち上がり、わたしを追いのけ、わたしにむかって滅びの道を築く。
13 Wogbã nye mɔ, edze edzi na wo be wogblẽ donyeme eye ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu gɔ̃ hã o.
彼らはわたしの道をこわし、わたしの災を促す。これをさし止める者はない。
14 Wolũ ɖe dzinye abe gli gbagbã mee woto ene eye wozɔ to gbagbãƒewo va ƒo ɖe dzinye.
彼らは広い破れ口からはいるように進みきたり、破壊の中をおし寄せる。
15 Ŋɔdzidodowo nye tsyɔ dzinye, wonya nye bubu ɖe nu abe ale si ya lɔa nu ɖe nue ene eye nye dedinɔnɔ bu abe lilikpo ene.
恐ろしい事はわたしに臨み、わたしの誉は風のように吹き払われ、わたしの繁栄は雲のように消えうせた。
16 “Azɔ nye agbe nu va le yiyim eye hiãŋkekewo lém.
今は、わたしの魂はわたしの内にとけて流れ、悩みの日はわたしを捕えた。
17 Zã ŋɔa nye ƒuwo eye nye vevesese manyagblɔ nu metsona o.
夜はわたしの骨を激しく悩まし、わたしをかむ苦しみは、やむことがない。
18 Mawu tsyɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la dzinye abe avɔ ene, eye wòle awu ɖe ve nam.
それは暴力をもって、わたしの着物を捕え、はだ着のえりのように、わたしをしめつける。
19 Ekɔm ƒu gbe ɖe ba me eye mezu ke kple dzofi.
神がわたしを泥の中に投げ入れられたので、わたしはちり灰のようになった。
20 “O Mawu, mefa avi yɔ wò gake mètɔ nam o, metsi tsitre gake ɖeko nèkpɔm dũu.
わたしがあなたにむかって呼ばわっても、あなたは答えられない。わたしが立っていても、あなたは顧みられない。
21 Ètrɔ dze dzinye nublanuimakpɔmakpɔtɔe eye nètsɔ wò alɔkpa sesẽ ɖu dzinyee.
あなたは変って、わたしに無情な者となり、み手の力をもってわたしを攻め悩まされる。
22 ȃom tsa, hena ya lɔm ɖe nu eye nènyamam le ahom la me.
あなたはわたしを揚げて風の上に乗せ、大風のうなり声の中に、もませられる。
23 Menya be àhem ayi ku me, teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã.
わたしは知っている、あなたはわたしを死に帰らせ、すべての生き物の集まる家に帰らせられることを。
24 “Vavãe, ame aɖeke medoa asi ɖa léa ame si gbã gudugudu ne ele ɣli dom be woaxɔ na ye le eƒe xaxa me o.
さりながら荒塚の中にある者は、手を伸べないであろうか、災の中にある者は助けを呼び求めないであろうか。
25 Ɖe nyemefa avi ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu oa? Ɖe nye luʋɔ mexa nu ɖe ame dahewo ŋuti oa?
わたしは苦しい日を送る者のために泣かなかったか。わたしの魂は貧しい人のために悲しまなかったか。
26 Gake esi mekpɔ mɔ na nyui la, vɔ̃ tum, esi mekpɔ mɔ na kekeli la, viviti koe va nam.
しかしわたしが幸を望んだのに災が来た。光を待ち望んだのにやみが来た。
27 Dzoxɔxɔ si le edzi yim le menye la metɔna o, fukpekpeŋkekewo kpe akɔ kplim.
わたしのはらわたは沸きかえって、静まらない。悩みの日がわたしに近づいた。
28 Nye amea menyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi le yiyim gake menye ɣee ɖum o, metsi tsitre ɖe ameha la titina hedo ɣli bia kpekpeɖeŋu.
わたしは日の光によらずに黒くなって歩き、公会の中に立って助けを呼び求める。
29 Meva zu nɔviŋutsu na amegãxiwo kple hati na golowo.
わたしは山犬の兄弟となり、だちょうの友となった。
30 Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi hele fofom le ŋutinye eye asrã dze dzinye kple dzoxɔxɔ gã aɖe.
わたしの皮膚は黒くなって、はげ落ち、わたしの骨は熱さによって燃え、
31 Nye kasaŋku do konyifagbe eye nye dze le avigbe dom.
わたしの琴は悲しみの音となり、わたしの笛は泣く者の声となった。

< Hiob 30 >