< Hiob 3 >

1 Le esia megbe la, Hiob ke nu eye wòƒo fi de eƒe dzigbe.
Depois disto abriu Job a sua boca, e amaldiçoou o seu dia.
2 Egblɔ be,
E Job respondeu, e disse:
3 “Ŋkeke si dzi wodzim la netsrɔ̃, nenema ke nye zã si me wogblɔ be, ‘Wodzi viŋutsu na mí!’
Pereça o dia em que nasci, e a noite em que se disse: Foi concebido um homem!
4 Ŋkeke ma nezu viviti, Mawu si le dziƒo la megatsɔ ɖeke le eme nɛ o, kekeli aɖeke megaklẽ ɖe edzi o.
Converta-se aquele dia em trevas; e Deus de cima não tenha cuidado dele, nem resplandeça sobre ele a luz.
5 Viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi negaxɔe, lilikpo netsyɔ edzi eye blukɔ nedo ɖe eƒe kekeli dzi.
Contaminem-no as trevas e a sombra de morte; habitem sobre ele nuvens: a escuridão do dia o espante!
6 Viviti tsiɖitsiɖi nexɔ zã ma eye womegaxlẽe ɖe ƒea ƒe ŋkekewo me alo woadee ɣleti aɖeke ƒe ŋkekewo me o.
A escuridão tome aquela noite, e não se goze entre os dias do ano, e não entre no número dos meses!
7 Zã ma netsi ko eye dzidzɔɣli aɖeke megaɖi le eme o.
Ah que solitária seja aquela noite, e suave música não entre nela!
8 Ame siwo ƒoa fi dea ŋkekewo la, neƒo fi de ŋkeke ma, ame siwo le klalo be woade adã ta me na ʋɔ driba la.
Amaldiçoem-na aqueles que amaldiçoam o dia, que estão prontos para levantar o seu pranto.
9 Eƒe ŋukeɣletiviwo nedo viviti, kekeli si lalam wòle la megado nɛ o eye megakpɔ fɔŋli ƒe ɣetotoe gbãtɔwo o,
Escureçam-se as estrelas do seu crepúsculo; que espere a luz, e não venha: e não veja as pestanas dos olhos da alva!
10 elabena metu vidzidɔ ƒe ʋɔtruwo ɖe nunye, be nye ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e o.
Porque não fechou as portas do ventre; nem escondeu dos meus olhos a canceira?
11 “Nu ka ŋuti nyemeku le nye dzigbe eye maku hafi ado tso vidzidɔ me o?
Porque não morri eu desde a madre? e em saindo do ventre, não expirei?
12 Nu ka ta ata aɖewo le klalo be woakɔm ɖe akɔ eye no aɖewo li be mano?
Porque me receberam os joelhos? e porque os peitos, para que mamasse?
13 Anye ne memlɔ anyi le ŋutifafa me, le alɔ̃ dɔm, le ɖiɖim ɖe eme.
Porque já agora jazera e repousara; dormiria, e então haveria repouso para mim.
14 Anye ne mele fiawo kple aɖaŋuɖola siwo le anyigba dzi la gbɔ, ame siwo tu xɔ gã siwo zu aƒedo azɔ la na wo ɖokuiwo.
Com os reis e conselheiros da terra, que se edificavam casas nos lugares assolados,
15 Anye ne mele dziɖula siwo si sika le eye woƒe aƒewo me yɔ fũu kple klosalo la gbɔ.
Ou com os príncipes que tinham ouro, que enchiam as suas casas de prata,
16 Alo nu ka ta womeɖim ɖe tome abe fu gege ene, abe vidzĩ si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene o?
Ou como aborto oculto, não existiria: como as crianças que não viram a luz.
17 Afi ma ame vɔ̃ɖiwo dzudzɔa nyanyra le eye afi ma ame siwo nu ti kɔ na la le gbɔgbɔm ɖe eme le.
Ali os maus cessam de perturbar: e ali repousam os cançados.
18 Aʋaléleawo hã nɔa ablɔɖe me eye womegasea dɔdzikpɔlawo ƒe ɣli o.
Ali os presos juntamente repousam, e não ouvem a voz do exator:
19 Ame gblɔewo kple amegãwo siaa le afi ma eye kluvi kpɔa ablɔɖe tso eƒe aƒetɔ ƒe asi me.
Ali está o pequeno e o grande, e o servo fica livre de seu senhor.
20 “Nu ka tae kekeli klẽna na ayaɖulawo eye wònaa agbe luʋɔ si le nu xam?
Porque se dá luz ao miserável, e vida aos amargosos de ânimo?
21 Nu ka ta wòna agbe ame siwo le ku dim, evɔ mevana na wo o kple ame siwo le edim vevie wu kesinɔnu si woɣla
Que esperam a morte, e não se acha: e cavam em busca dela mais do que de tesouros ocultos:
22 kple ame siwo kpɔa dzidzɔ, tsoa aseye ne woɖo yɔdo me?
Que de alegria saltam, e exultam, achando a sepultura:
23 Nu ka ŋutie wòna agbe ame si ƒe mɔwo le ɣaɣla kple ame si ŋuti Mawu tɔ kpɔ ɖo?
Ao homem, cujo caminho é oculto, e a quem Deus o encobriu?
24 Elabena hũɖeɖe xɔ ɖe nuɖuɖu teƒe eye nye ŋeŋe ƒona ɖi abe tsi ene.
Porque antes do meu pão vem o meu suspiro: e os meus gemidos se derramam como água.
25 Nu si mevɔ̃ na la va dzinye eye nu si dzi ŋɔ nam la dzɔ ɖe dzinye.
Porque o temor que temo me veio: e o que receiava me aconteceu.
26 Nyemekpɔ ŋutifafa, tomefafa alo gbɔɖeme aɖeke o, negbe ʋunyaʋunya ko.”
Nunca estive descançado, nem sosseguei, nem repousei, mas veio sobre mim a perturbação.

< Hiob 3 >