< Hiob 26 >

1 Hiob ɖo eŋu nɛ be,
约伯回答说:
2 “Miekpe ɖe ame beli la ŋu ŋutɔ! Miekpe ɖe ame gblɔe la ƒe abɔ ŋu ŋutɔ!
无能的人蒙你何等的帮助! 膀臂无力的人蒙你何等的拯救!
3 Aɖaŋu kae nye esi nèna ame si si nunya mele o! Eye sidzedze kae nye gã si nèɖe fia!
无智慧的人蒙你何等的指教! 你向他多显大知识!
4 Ame kae kpe ɖe ŋuwò be nègblɔ nya siawo? Eye ame ka ƒe gbɔgbɔe ƒo nu to dziwò?
你向谁发出言语来? 谁的灵从你而出?
5 “Ame kukuwo le vevesese gã aɖe me, nenema kee nye ame siwo le tɔ gɔme kple ame siwo le tɔ me.
在大水和水族以下的阴魂战兢。
6 Ku le ƒuƒlu le Mawu ŋkume, eye wometsyɔ nu gbegblẽ dzi o. (Sheol h7585)
在 神面前,阴间显露; 灭亡也不得遮掩。 (Sheol h7585)
7 Ekeke dzigbeme ƒe lilikpowo ɖe teƒe siwo naneke mele o eye wòna anyigba le yame, naneke melée ɖe asi o.
神将北极铺在空中, 将大地悬在虚空;
8 Eŋlɔ tsiwo ɖe lilikpowo me, gake woƒe kpekpe mena lilikpoawo gbã o.
将水包在密云中, 云却不破裂;
9 Etsɔ nu tsyɔ ɣleti si sɔ tegblẽe la ƒe ŋkume eye wòkeke eƒe lilikpowo ɖe edzi.
遮蔽他的宝座, 将云铺在其上;
10 Eɖe liƒo na dzite ɖe tsiwo dzi eye wòde mama kekeli kple viviti dome.
在水面的周围划出界限, 直到光明黑暗的交界。
11 Ne ele mo kam na nuwɔwɔwo la, dziƒosɔtiwo ʋuʋuna eye wodzona nyanyanya.
天的柱子因他的斥责震动惊奇。
12 Ena atsiaƒu dze agbo to eƒe ŋusẽ dzi eye wòfli Rahab kakɛkakɛ to eƒe nya dzi.
他以能力搅动大海; 他借知识打伤拉哈伯,
13 Ena dziŋgɔli me kɔ to eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ dzi eye eƒe asi ŋɔ da vɔ̃ɖi si ɖiɖi va yina.
借他的灵使天有妆饰; 他的手刺杀快蛇。
14 Esiawoe nye eƒe dɔwɔwɔwo ƒe sue aɖe ko eye aleke dalĩ si wodo le eŋuti miese la le bɔlɔe ale! Eya ta ame kae ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?”
看哪,这不过是 神工作的些微; 我们所听于他的是何等细微的声音! 他大能的雷声谁能明透呢?

< Hiob 26 >