< Hiob 25 >

1 Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be,
ויען בלדד השחי ויאמר׃
2 “Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ, eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo.
המשל ופחד עמו עשה שלום במרומיו׃
3 Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa? Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o?
היש מספר לגדודיו ועל מי לא יקום אורהו׃
4 Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?
ומה יצדק אנוש עם אל ומה יזכה ילוד אשה׃
5 Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la,
הן עד ירח ולא יאהיל וכוכבים לא זכו בעיניו׃
6 aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!”
אף כי אנוש רמה ובן אדם תולעה׃

< Hiob 25 >