< Hiob 24 >

1 “Nu ka ŋuti Ŋusẽkatãtɔ la meɖo ɣeyiɣiwo ɖi hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o? Nu ka ta ame siwo nyae la nanɔ mɔ kpɔm na ŋkeke siawo dzodzro?
"Why aren't times made known by Shaddai? Why do not those who know him see his days?
2 Amewo ɖea liƒokpewo ɖa, wokplɔa lãha siwo wofi la yia gbeɖuƒee.
There are people who remove the landmarks. They violently take away flocks, and feed them.
3 Wokplɔa tsyɔ̃eviwo ƒe tedziwo dzonae eye woxɔa ahosi ƒe nyi abe awɔbanu ene.
They drive away the donkey of the fatherless, and they take the widow's ox for a pledge.
4 Wotutua asi hiãtɔwo ɖa le mɔƒome eye wozia ame dahe siwo katã le anyigba dzi la dzi be woasi abe.
They turn the needy out of the way. The poor of the earth all hide themselves.
5 Ame dahewo ɖoa gbe nɔa nuɖuɖu dim abe gbetedziwo le gbegbe ene eye kuɖiɖinyigbawo dia nuɖuɖu na wo viwo.
Look, as wild donkeys in the desert, they go forth to their work, seeking diligently for food. The wilderness yields them bread for their children.
6 Woŋe gbe le agblewo dzi na lãwo eye wofɔa nuku siwo ge la le ame vɔ̃ɖiwo ƒe waingblewo me.
They cut their provender in the field. They glean the vineyard of the wicked.
7 Esi avɔ mele wo si o ta la womlɔ anyi ƒuƒlu le zã me eye naneke meli woatsyɔ le vuvɔ me o.
They lie all night naked without clothing, and have no covering in the cold.
8 Tsi ƒoa wo tea wo ŋu nyuie le towo dzi, wokuna ɖe agakpewo ŋu elabena bebeƒe meli o.
They are wet with the showers of the mountains, and embrace the rock for lack of a shelter.
9 Woɖea tsyɔ̃evi le no nu eye woxɔa ame dahe ƒe vi ɖe fe si wònyi la nu.
There are those who pluck the fatherless from the breast, and take a pledge of the poor,
10 Esi wònye avɔ mele wo si o ta la, wole yiyim amama, wolé lu bablawo ɖe ta, evɔ dɔ le wo wum.
So that they go around naked without clothing. Being hungry, they carry the sheaves.
11 Wole amiti ƒe ku tum le te dzi, wofiaa wain le wainfiaƒewo gake tsikɔ le wo wum.
They make oil within the walls of these men. They tread wine presses, and suffer thirst.
12 Ame siwo le kudɔ ƒom ƒe ŋeŋe de dzi le dua me kɔtɔɔ eye ame siwo xɔ abi la ƒe luʋɔwo le ɣli dom be woaxɔ na yewo, gake Mawu mebu fɔ ame aɖeke be edze agɔ o.
From out of the populous city, men groan. The soul of the wounded cries out, yet God doesn't regard the folly.
13 “Ame aɖewo li siwo tsi tsitre ɖe kekeli la ŋu, ame siwo menya eƒe mɔwo alo zɔ eƒe toƒewo o.
"These are of those who rebel against the light. They do not know its ways, nor abide in its paths.
14 Ne viviti do la, hlɔ̃dola la tsona hewua ame dahewo kple hiãtɔwo, le zã me la, enɔa zɔzɔm abe fiafitɔ ene
The murderer rises with the light. He kills the poor and needy. In the night he is like a thief.
15 Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam, egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’ eye wòɣlaa eƒe mo.
The eye also of the adulterer waits for the twilight, saying, 'No eye shall see me.' He disguises his face.
16 Le viviti me la, amewo gbãa ʋɔ, gena ɖe aƒewo me gake ne ŋu ke la, wonɔa xɔ me tua ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu elabena womedi kekeli ƒe nya aɖeke o.
In the dark they dig through houses. They shut themselves up in the daytime. They do not know the light.
17 Ke wo katã la, viviti tsiɖitsiɖie le na wo abe ŋdikekeli ene eye wodzea xɔ̃ viviti ƒe ŋɔdzinuwo.
For the morning is to all of them like thick darkness, for they know the terrors of the thick darkness.
18 “Evɔ la, futukpɔ ko wonye le tsi ŋgɔ, woƒoa fi dea anyigba ƒe akpa si nye woƒe gome ale be ame aɖeke mayi ɖe waingblewo me le afi ma o.
"They are foam on the surface of the waters. Their portion is cursed in the earth. They do not turn into the way of the vineyards.
19 Abe ale si dzoxɔxɔ kple kuɖiɖi kplɔa tsikpe si lolõ la dzonae ene la, nenemae yɔdo kplɔa ame siwo wɔa nu vɔ̃ la hã dzonae. (Sheol h7585)
Drought and heat consume the snow waters, so does Sheol those who have sinned. (Sheol h7585)
20 Vidzidɔ ŋlɔa wo be, wozua nuɖuɖu na ŋɔviwo, womegaɖoa ŋku ame vɔ̃ɖiwo dzi o, ke boŋ woŋena abe atilɔ ene.
The womb shall forget him. The worm shall feed sweetly on him. He shall be no more remembered. Unrighteousness shall be broken as a tree.
21 Wohaa konɔwo kple vimanɔsitɔwo eye womekpɔa nublanui na ahosiwo o.
He devours the barren who do not bear. He shows no kindness to the widow.
22 Gake Mawu kplɔa kalẽtɔwo dzonae kple eƒe ŋusẽ. Togbɔ be woli ke hã la, kakaɖedzi mele wo si be woanɔ agbe o.
Yet he preserves the mighty by his power. He rises up who has no assurance of life.
23 Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.
He gives them security, and they rest in it. His eyes are on their ways.
24 Wodoa wo ɖe dzi ɣeyiɣi kpui aɖe, tete wo nu va yina, woɖiɖia wo ɖe anyi eye wokuna abe bubuawo katã ko ene ale woŋea wo abe ale si woŋea bli le bliti ŋu ene.
They are exalted; yet a little while, and they are gone. Yes, they are brought low, they are taken out of the way as all others, and are cut off as the tops of the ears of grain.
25 “Ne mele alea o la, ame kae aɖe aʋatso nam eye wòana nye nyawo nazu tofloko?”
If it isn't so now, who will prove me a liar, and make my speech worth nothing?"

< Hiob 24 >