< Hiob 23 >

1 Tete Hiob ɖo eŋu be,
And Job answered and said,
2 “Egbe gɔ̃ hã nye konyifafa do gã ɖe edzi, eƒe asi sẽ ɖe dzinye, evɔ mele hũu ɖem hafi.
Even to-day is my complaint bitter: my stroke is heavier than my groaning.
3 Nenye ɖe manya afi si makpɔe le, nenye ɖe mayi enɔƒe la, anyo ŋutɔ!
Oh that I knew where I might find him, that I might come to his seat!
4 Matsɔ nye nya aɖo eŋkume eye nye nu me ayɔ fũu kple nya siwo matsɔ aɖe ɖokuinye nu
I would order the cause before him, and fill my mouth with arguments;
5 Ne makpɔ ale si wòaɖo eŋu nam eye mabu nya si wòagblɔ la ŋuti.
I would know the words he would answer me, and understand what he would say unto me.
6 Ɖe wòatsi tsitre ɖe ŋunye kple ŋusẽ gã aɖea? Ao, ke boŋ aɖo tom
Would he plead against me with [his] great power? Nay; but he would give heed unto me.
7 Afi ma ame dzɔdzɔe ate ŋu atsɔ eƒe nyawo aɖo eŋkume le eye woaɖem tegbee tso nye ʋɔnudrɔ̃la ƒe asi me.
There would an upright man reason with him; and I should be delivered for ever from my judge.
8 “Gake ne meyi ɣedzeƒe la, mele afi ma o, ne meyi ɣetoɖoƒe la, nyemekpɔe le afi ma hã o.
Lo, I go forward, but he is not there; and backward, but I do not perceive him;
9 Ne ele dɔ wɔm le anyiehe la, nyemekpɔnɛ o, ne etrɔ ɖe dziehe hã la, nye ŋku melɔnɛ o.
On the left hand, where he doth work, but I behold [him] not; he hideth himself on the right hand, and I see [him] not.
10 Gake enya mɔ si dzi mele, ne edom kpɔ la, mato eme abe sika ene.
But he knoweth the way that I take; he trieth me, I shall come forth as gold.
11 Nye afɔwo le eƒe afɔtoƒewo yome kplikplikpli, melé eƒe mɔ tsɔ eye nyemedze ɖe aga o.
My foot hath held to his steps; his way have I kept, and not turned aside.
12 Nyemete ɖe aga tso eƒe nuyiwo ƒe sededewo gbɔ o, mede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu wu nye gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu.
Neither have I gone back from the commandment of his lips; I have laid up the words of his mouth more than the purpose of my own heart.
13 “Ke eya ɖekae li, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ? Nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna.
But he is in one [mind], and who can turn him? And what his soul desireth, that will he do.
14 Ena se siwo wòde ɖi la va eme ɖe ŋutinye eye ɖoɖo siawo tɔgbi gale esi ɖe ŋunye.
For he will perform [what] is appointed for me; and many such things are with him.
15 Esia ta ŋɔ dzim le eŋkume eye ne mebu esiawo katã ŋuti la, mevɔ̃na nɛ.
Therefore am I troubled at his presence; I consider, and I am afraid of him.
16 Mawu na dzi ɖe le ƒonye, Ŋusẽkatãtɔ la do ŋɔdzi nam.
For God hath made my heart soft, and the Almighty troubleth me;
17 Ke hã la, viviti la alo blukɔ tsiɖitsiɖi si tsyɔ mo nam la mena ɖoɖoe zi le nunye o.
Because I was not cut off before the darkness, neither hath he hidden the gloom from me.

< Hiob 23 >