< Hiob 22 >

1 Temanitɔ, Elifaz ɖo eŋu be,
提幔人以利法回答说:
2 “Ɖe ame anye viɖenu na Mawua? Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa?
人岂能使 神有益呢? 智慧人但能有益于己。
3 Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe? Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele wò mɔwo ŋu o?
你为人公义,岂叫全能者喜悦呢? 你行为完全,岂能使他得利呢?
4 “Wò Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na wò hetsɔ nya ɖe ŋuwòa?
岂是因你敬畏他 就责备你、审判你吗?
5 Ɖe wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mekpe ŋutɔ oa? Ɖe nuwuwu li na wò nu vɔ̃woa?
你的罪恶岂不是大吗? 你的罪孽也没有穷尽;
6 Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔe eye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama.
因你无故强取弟兄的物为当头, 剥去贫寒人的衣服。
7 Mèna tsi ame siwo nu ti kɔ na la wono o eye nète nuɖuɖu dɔwuitɔwo,
困乏的人,你没有给他水喝; 饥饿的人,你没有给他食物。
8 evɔ nèhenye ŋusẽtɔ, anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi, bubu le ŋuwò.
有能力的人就得地土; 尊贵的人也住在其中。
9 Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlu eye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa.
你打发寡妇空手回去, 折断孤儿的膀臂。
10 Eya ta mɔkawo ɖe to ɖe wò ɖo eya ta dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe dziwò kpoyi hedo ŋɔdzi na wò
因此,有网罗环绕你, 有恐惧忽然使你惊惶;
11 eya ta viviti do ale gbegbe be màgate ŋu akpɔ nu o eye eya tae tɔɖɔɖɔ va tsyɔ dziwò ɖo.
或有黑暗蒙蔽你, 并有洪水淹没你。
12 “Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa?
神岂不是在高天吗? 你看星宿何其高呢!
13 Gake ègblɔ be, ‘Nu ka Mawu nya? Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea?
你说: 神知道什么? 他岂能看透幽暗施行审判呢?
14 Lilikpo dodowo xe eŋkume eya ta mekpɔa mí ne ele tsatsam le dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.’
密云将他遮盖,使他不能看见; 他周游穹苍。
15 Ɖe nàgalé mɔ xoxo si dzi ame vɔ̃ɖiwo zɔ va yi la me ɖe asia?
你要依从上古的道吗? 这道是恶人所行的。
16 Wokplɔ wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de eye tsiɖɔɖɔ kplɔ woƒe gɔmeɖokpewo dzoe.
他们未到死期,忽然除灭; 根基毁坏,好像被江河冲去。
17 Wogblɔ na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’
他们向 神说:离开我们吧! 又说:全能者能把我们怎么样呢?
18 Evɔ wònye eyae tsɔ nu nyuiwo yɔ xɔ na wo fũu, eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.
哪知 神以美物充满他们的房屋; 但恶人所谋定的离我好远。
19 Ame dzɔdzɔewo kpɔ woƒe gbegblẽ eye dzi dzɔ wo, ame maɖifɔwo gblɔ ɖe wo ŋu fewuɖutɔe be,
义人看见他们的结局就欢喜; 无辜的人嗤笑他们,
20 ‘Wotsrɔ̃ míaƒe futɔwo vavã eye dzo va fia woƒe kesinɔnuwo.’
说:那起来攻击我们的果然被剪除, 其余的都被火烧灭。
21 “Tsɔ ɖokuiwò na Mawu eye nànɔ ŋutifafa me kplii, to esia me la, dzɔgbenyui ava wò mɔ dzi.
你要认识 神,就得平安; 福气也必临到你。
22 Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ eƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me
你当领受他口中的教训, 将他的言语存在心里。
23 Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ la, agaɖo wò te. Ne èɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa xaa tso wò agbadɔ gbɔ,
你若归向全能者,从你帐棚中远除不义, 就必得建立。
24 eye nètsɔ wò dzonu veviwo kɔ ɖe ke me, tsɔ wò sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la,
要将你的珍宝丢在尘土里, 将俄斐的黄金丢在溪河石头之间;
25 ekema Ŋusẽkatãtɔ la anye wò sika kple klosalo nyuitɔ.
全能者就必为你的珍宝, 作你的宝银。
26 Ekema le nyateƒe me la, Ŋusẽkatãtɔ ƒe nu ado dzidzɔ na wò eye àwu wò mo dzi ɖe Mawu ŋu.
你就要以全能者为喜乐, 向 神仰起脸来。
27 Àdo gbe ɖa nɛ, wòaɖo to wò eye àxe wò adzɔgbeɖefewo nɛ.
你要祷告他,他就听你; 你也要还你的愿。
28 Nu si nèɖo la, ava eme na wò eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi.
你定意要做何事,必然给你成就; 亮光也必照耀你的路。
29 Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi, eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’ la, ekema woafɔ ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi.
人使你降卑,你仍可说:必得高升; 谦卑的人, 神必然拯救。
30 Aɖe ame si ŋu fɔɖiɖi le gɔ̃ hã, ame si woaɖe to wò asi ƒe kɔkɔenɔnɔ me.”
人非无辜, 神且要搭救他; 他因你手中清洁,必蒙拯救。

< Hiob 22 >