< Hiob 21 >

1 Hiob ɖo nya ŋu nɛ be,
約伯回答說:
2 “Ɖo to nyuie nàse nye nyawo, esia nenye akɔfafa si nànam.
你們且聽一聽我的話! 這也算是你們給我的安慰。
3 Migbɔ dzi ɖi nam, ne maƒo nu eye ne meƒo nu vɔ la, miate ŋu ayi miaƒe alɔmeɖeɖe dzi.
請讓我發言,我說完後,任你們笑罵。
4 “Amegbetɔe mele konyi fam na? Nu ka ta nyemagbe dzigbɔɖeanyi o?
我豈是抱怨人﹖我失了忍耐,難道沒有理由﹖
5 Mikpɔm ɖa, ne miaƒe mo nawɔ yaa eye miaƒu asi nu.
你們注意聽我,必要吃驚,且要用手堵住口。
6 Ne mebu nu sia ŋuti la ŋɔ dziam eye nye ameti blibo la medzona nyanyanya.
甚至我一回想,我就恐怖,全身戰慄。
7 Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe, tsina, kua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi ɖo?
惡人為何享受高壽而勢力強大﹖
8 Wonɔa agbe, kpɔa wo viwo lia ke heƒoa xlã wo eye woƒe dzidzimeviwo tsina le wo ŋkume.
他們在世時,子孫昌盛,親眼看見子子孫孫。
9 Woƒe aƒewo me le dedie, wovo tso vɔvɔ̃ ƒe asi me eye Mawu ƒe ameƒoti mevaa wo dzi o.
他們的住宅平安,無所畏懼,天主的棍杖也不加在他們身上。
10 Woƒe nyitsuwo megbea asiyɔyɔ o, woƒe nyinɔwo dzia vi eye fu megena le wo ƒo o.
他們的公牛交尾,無不成功;母牛產子,決無流產。
11 Woɖea wo viwo doa goe abe lãha ene eye wo vi suewo nɔa fefem henɔa ɣe ɖum.
他們使孩子跑出像羊群,子女跳躍如麋鹿。
12 Wodzia ha ɖe asiʋuiwo kple kasaŋkuwo ŋu eye wotua aglo ɖe kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu.
他們伴著手鼓與豎琴歌唱,隨著笛聲歡呼。
13 Woɖua woƒe ƒewo le dzidzedzekpɔkpɔ me eye woyia yɔ me le ŋutifafa me (Sheol h7585)
他們幸福地度過天年,平安地降入陰府。 (Sheol h7585)
14 gake wogblɔna na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Medzro mí be míanya wò mɔwo o.
但他們曾向天主說:「離開我們! 我們不願知道你的道路。
15 Ame kae nye Ŋusẽkatãtɔ be míasubɔe? Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’
全能者是誰,竟叫我們事奉他﹖我們祈求他有什麼好處﹖」
16 Evɔa woƒe dzidzedzekpɔkpɔ mele woawo ŋutɔ ƒe asi me o, eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.
看啊! 他們的幸福,豈不在他們掌握中﹖惡人的思想豈不離他很遠﹖
17 “Ke hã la, zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina? Zi nenie dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe wo dzi, esi nye nu si Mawu ɖo ɖi na wo le eƒe dziku me?
惡人的燈有多少次熄滅過﹖災禍有多少次降在他們身上﹖天主何嘗因忿怒而消滅他們﹖
18 Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene?
使他們好像被風吹的碎湝﹖好像被暴風捲去的糠秕﹖
19 Wogblɔ be, ‘Mawu ɖo amegbetɔ ƒe tohehe ɖi na via ŋutsuwo.’ Anyo be wòahe to na amea ŋutɔ, ne wòanya nu si wònye!
難道天主要向他的兒子討罪債﹖其實應向他本人報復,叫他覺悟!
20 Eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo nekpɔ eƒe gbegblẽ, eye wòano Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoekplu
叫他親眼看見自己的毀滅,親自飲下全能者的義怒之杯。
21 elabena ɖe wòtsɔ ɖe le eme na ƒometɔ siwo wògblẽ ɖe megbe esi ɣleti siwo woɖo ɖi nɛ la wu nua?
他既逝去,他本人的歲月已絕,他的家庭對他還有什麼相干﹖
22 “Ɖe ame aɖe ate ŋu afia gɔmesese Mawu, esi wònye eyae drɔ̃a ʋɔnu ame kɔkɔtɔ gɔ̃ hã?
天主既審判天上者,人豈能教給他什麼智識﹖
23 Ame aɖe ku esi eƒe agbe ɖo vivime, wòle dedinɔnɔ me eye wòɖe dzi ɖi bɔkɔɔ,
有人到死一無所缺,享盡了平安幸福。
24 eƒe ŋutilã kpɔ nunyiame nyuitɔ eye ƒutomemi yɔ eƒe ƒuwo me fũu.
他的腰部充滿脂肪,他的骨髓潤澤豐盈;
25 Ame bubu ku le eƒe luʋɔ ƒe nuxaxa me eye mese vivi na nu vivi aɖeke kpɔ o.
但有人卻至死心靈酸苦,一生毫無福樂;
26 Ke wo ame evea mlɔ kasanu le ke me, eye ŋɔviwo ɖi ba ɖe wo kple evea dzi.
他們卻一同埋於塵土,為蛆蟲所掩蓋。
27 “Menya nu siwo susum miele la nyuie kple nu vɔ̃ɖi siwo ɖom miele be miadze agɔ le dzinye.
我確知你們的思想,以及對我所籌劃的陰謀。
28 Miegblɔ be, ‘Afi ka ame xɔŋkɔ la ƒe aƒe le eye agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la ɖe?’
你們要問:「霸王的家在那裏﹖惡人住的帳幕在何處﹖」
29 Miebia gbe mɔzɔlawo kpɔ oa? Mietsɔ ɖeke le woƒe nuteƒekpɔkpɔ si wogblɔ fia mi la me be
你們怎麼不問過路的人﹖難道你們不承認他們的證據﹖
30 woɖea ame vɔ̃ɖi le dzɔgbevɔ̃egbe, eye woɖenɛ le dzikugbe oa?
「惡人在毀滅之日不受害,在憤怒之日會得救。」
31 Ame kae ɖe eƒe agbe vlo si nɔm wòle la ɖe mo nɛ kpɔ? Ame kae ɖoa nu tovo si wòwɔ la teƒe nɛ?
他的動作,誰敢當面指摘﹖他的行為,誰能報復﹖
32 Wokɔnɛ yia yɔdo gbɔe eye wodzɔa eƒe yɔdokpe ŋu.
他最後被抬入墳墓,且親自守護自己的墓地。
33 Ke siwo le balime la vivi enu, amewo katã dze eyome eye ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la dze ŋgɔ nɛ.
谷中的土壤,他感覺甘美;眾人都跟他而去,但在他前面的人,更不可勝數。
34 “Eya ta aleke miate ŋu awɔ atsɔ miaƒe bometsinyawo afa akɔ nam mahã? Naneke mele miaƒe nyaŋuɖoɖowo me wu alakpa o!”
你們為何說空話來安慰我﹖你們的答話顯然只是欺詐!

< Hiob 21 >