< Hiob 19 >

1 Hiob ɖo eŋu be,
Then Job answered:
2 “Va se ɖe ɣe ka ɣie miawɔ funyafunyam eye miatsɔ miaƒe nyawo agbãm?
“How long will you torment me and crush me with your words?
3 Zi ewo sɔŋue nye esi miedo vlom eye mieti kpo dze dzinye ŋumakpemakpetɔe.
Ten times now you have reproached me; you shamelessly mistreat me.
4 Nenye nyateƒee be metra mɔ la, vodada sia nye nye ɖeka ko ƒe nya.
Even if I have truly gone astray, my error concerns me alone.
5 Nenye vavãe miebe yewoakɔ mia ɖokuiwo ɖe dzi agbɔ tanye, ahazã vlo si wodom la aɖia nunyee la,
If indeed you would exalt yourselves above me and use my disgrace against me,
6 ekema minyae be Mawu dze agɔ le dzinye eye wòtsɔ eƒe ɖɔ ƒo xlãm.
then understand that it is God who has wronged me and drawn His net around me.
7 “Togbɔ be mefa avi sesĩe be, ‘Wodze agɔ le dzinye!’ hã la, ame aɖeke metɔ nam o eye togbɔ be medo ɣli be woaxɔ nam hã la, wometso nam o.
Though I cry out, ‘Violence!’ I get no response; though I call for help, there is no justice.
8 Exe nye mɔ be nyemate ŋu ato edzi ayi o, etsɔ viviti tsyɔ nye toƒewo.
He has blocked my way so I cannot pass; He has veiled my paths with darkness.
9 Eklo bubu le ŋunye eye wòɖe fiakuku le tanye.
He has stripped me of my honor and removed the crown from my head.
10 Evuvum kɔ ɖi le akpa sia akpa va se ɖe esime medzo, ale wòho nye mɔkpɔkpɔ abe ati ene.
He tears me down on every side until I am gone; He uproots my hope like a tree.
11 Eƒe dziku bi ɖe ŋunye eye wòbum ɖe eƒe ketɔwo dome.
His anger burns against me, and He counts me among His enemies.
12 Eƒe aʋakɔwo lũ ɖe eme kple ŋusẽ, woƒu kpo ɖe ŋunye eye woƒu asaɖa anyi ɖe nye agbadɔ ŋu godoo va kpe.
His troops advance together; they construct a ramp against me and encamp around my tent.
13 “Eɖe nɔvinye ŋutsuwo ɖa le ŋunye eye wòklã nye kple xɔ̃nyewo dome keŋkeŋkeŋ.
He has removed my brothers from me; my acquaintances have abandoned me.
14 Nye ƒometɔwo dzo le gbɔnye eye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be.
My kinsmen have failed me, and my friends have forgotten me.
15 Ame siwo va dze gbɔnye kple nye nyɔnudɔlawo bum amedzroe eye mezu du bubu me tɔ le wo ŋkume.
My guests and maidservants count me as a stranger; I am a foreigner in their sight.
16 Meyɔ nye dɔla gake metɔ o togbɔ be metsɔ nye nu ɖe kuku nɛ hafi.
I call for my servant, but he does not answer, though I implore him with my own mouth.
17 Nye nu me le ʋeʋẽm ɖe nye ŋutɔ srɔ̃nye eye mele ŋu nyɔm na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo.
My breath is repulsive to my wife, and I am loathsome to my own family.
18 Ŋutsuvi suewo gɔ̃ hã koam eye ne meva do la, woɖua fewu le ŋunye.
Even little boys scorn me; when I appear, they deride me.
19 Mele ŋu nyɔm na xɔ̃nye veviwo katã eye ame siwo melɔ̃ la, tso ɖe ŋutinye.
All my best friends despise me, and those I love have turned against me.
20 Mezu ŋutilã kple ƒu ɖeɖe, eye meɖo kudo nu.
My skin and flesh cling to my bones; I have escaped by the skin of my teeth.
21 “Mikpɔ nye nublanui, xɔ̃nyewo, mikpɔ nublanui nam elabena Mawu ƒe asi ƒom.
Have pity on me, my friends, have pity, for the hand of God has struck me.
22 Nu ka ta mieti yonyeme abe ale si Mawu ti yonyemee ene? Nye ŋutilã si mieɖu la mesɔ gbɔ na mi oa?
Why do you persecute me as God does? Will you never get enough of my flesh?
23 “O nenye ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi, nenye ɖe woaŋlɔe ɖe agbalẽ me eye
I wish that my words were recorded and inscribed in a book,
24 nenye ɖe woatsɔ gayibɔnuŋlɔnu aɖee ɖe akɔblikpe dzi alo woaɖee ɖe agakpe dzi tegbee hã la, anyo ŋutɔ.
by an iron stylus on lead, or chiseled in stone forever.
25 Menya be nye Xɔnametɔ le agbe, eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi.
But I know that my Redeemer lives, and in the end He will stand upon the earth.
26 Eye ne nye ŋutigbalẽ vuvu keŋkeŋkeŋ hã la, makpɔ Mawu le nye ŋutilã me,
Even after my skin has been destroyed, yet in my flesh I will see God.
27 Nye ŋutɔ makpɔe, makpɔe kple nye ŋkuwo, menye ame bubu aɖeke tɔ o. Aleke nye dzi mehetsi dzi ɖe eŋui o!
I will see Him for myself; my eyes will behold Him, and not as a stranger. How my heart yearns within me!
28 “Ne miegblɔ be, ‘Aleke míadi vɔ̃ nɛ? Eya ŋutɔ gbɔ kuxiawo tso’ la,
If you say, ‘Let us persecute him, since the root of the matter lies with him,’
29 ekema yi nedo vɔvɔ̃ na miawo ŋutɔ elabena dziku atsɔ yi ahe toe eye mianya be ʋɔnudɔdrɔ̃ li.”
then you should fear the sword yourselves, because wrath brings punishment by the sword, so that you may know there is a judgment.”

< Hiob 19 >