< Hiob 18 >

1 Tete Suhitɔ, Bildad ɖo eŋu na Hiob be,
Then Bildad the Shuhite answered and said,
2 Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ? Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu.
“When will you stop your talk? Consider, and afterwards we will speak.
3 Nu ka ŋuti wobu mí movitɔwoe eye wobu mí bometsilawoe le wò ŋkume?
Why are we regarded as beasts, stupid in your sight?
4 Wò ame si vuvu ɖokuiwò kɔ ɖi le wò dziku me, ɖe wòle be woagblẽ anyigba ɖi ɖe tawò alo woaɖe agakpewo ɖa le wò teƒea?
You who tear at yourself in your anger, should the earth be forsaken for you or should the rocks be removed out of their places?
5 “Wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi eye eƒe dzo megabina o.
Indeed, the light of the wicked person will be put out; the spark of his fire will not shine.
6 Kekeli si le eƒe agbadɔ me la doa viviti eye akaɖi si le eƒe axadzi la hã tsina.
The light will be dark in his tent; his lamp above him will be put out.
7 Megatea ŋu ɖea abla o eye eya ŋutɔ ƒe nuɖoɖowo ƒunɛ anyi.
The steps of his strength will be made short; his own plans will cast him down.
8 Eƒe afɔ ɖoa ɖɔ me eye wòƒoa dablibɛ le ɖɔkawo me.
For he will be thrown into a net by his own feet; he will walk into a pitfall.
9 Mɔ léa afɔkpodzi nɛ eye mɔ̃ka blanɛ sesĩe.
A trap will take him by the heel; a snare will lay hold on him.
10 Wolɔa ke kɔna ɖe mɔka dzi nɛ le anyigba eye wotrea mɔ ɖe eƒe mɔ me.
A noose is hidden for him on the ground; and a trap for him in the way.
11 Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpa eye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo.
Terrors will make him afraid on every side; they will chase him at his heels.
12 Dzɔgbevɔ̃e tsi dzi vevie be yeadzɔ ɖe edzi eye gbegblẽ le klalo be yeava edzi ne edze anyi.
His wealth will turn into hunger, and calamity will be ready at his side.
13 Eɖu eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo eye ku ƒe ŋgɔgbevi vuvu eƒe ŋutinuwo
The parts of his body will be devoured; indeed, the firstborn of death will devour his parts.
14 Woɖee ɖa le eƒe agbadɔ si nye eƒe sitsoƒe la me eye wokplɔe yina na ŋɔdziwo ƒe fia.
He is torn from the safety of his tent and marched off to the king of terrors.
15 Dzo bibi xɔ aƒe ɖe eƒe agbadɔ me eye aŋɔka bibi kaka ɖe eƒe nɔƒe.
People not his own will live in his tent after they see that sulfur is scattered within his home.
16 Eƒe kewo yrɔna le ete ke eye eƒe aŋgbawo yrɔna le eƒe tame.
His roots will be dried up beneath; above will his branch be cut off.
17 Woŋlɔnɛ be le anyigba dzi eye eƒe ŋkɔ buna le amewo dome.
His memory will perish from the earth; he will have no name in the street.
18 Wonyanɛ tso kekeli nu yina ɖe viviti me eye woɖenɛ ɖa le xexea me.
He will be driven from light into darkness and be chased out of this world.
19 Vi alo dzidzimevi menɔa esi le eƒe amewo dome o eye ame aɖeke metsia agbe le teƒe si wònɔ va yi o.
He will have no son or son's son among his people, nor any remaining kinfolk where he had stayed.
20 Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi ta eye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo.
Those who live in the west will be horrified at what happens to him one day; those who live in the east will be frightened by it.
21 Vavãe, aleae ame vɔ̃ɖi ƒe nɔƒe nɔna, aleae ame si menya Mawu o la ƒe nɔƒe nɔna.”
Surely such are the homes of unrighteous people, the places of those who do not know God.”

< Hiob 18 >