< Hiob 17 >

1 Nu te nye gbɔgbɔ ŋu belibelibeli, nye ŋkekewo hã le kpuie eye yɔdo le lalayem.
わが氣息は已にくさり 我日すでに盡なんとし墳墓われを待つ
2 Vavãe, fewuɖulawo ƒo xlãm, ele be nye ŋkuwo nanɔ woƒe amenuɖiaɖia ŋu.
まことに嘲弄者等わが傍に在り 我目は彼らの辨爭ふを常に見ざるを得ず
3 “O Mawu, tsɔ ŋugbedodo si dim nèle la nam. Ame kae gali si ade megbe nam?
願くは質を賜ふて汝みづから我の保證となりたまへ 誰か他にわが手をうつ者あらんや
4 Ètu woƒe susu ɖe gɔmesese ŋu eya ta màna woƒe alɔ nade dzi o.
汝彼らの心を閉て悟るところ無らしめたまへり 必ず彼らをして愈らしめたまはじ
5 Ne ame aɖe gbe exɔlɔ̃wo ɖe nu si woanae ta la, viawo ƒe ŋkuwo atsi.
朋友を交付して掠奪に遭しむる者は其子等の目潰るべし
6 “Mawu tsɔm wɔ lodonue na ame sia ame, ame si ƒe ŋkume amewo ɖea ta ɖo gɔ̃ hã.
彼われを世の民の笑柄とならしめたまふ 我は面に唾せらるべき者となれり
7 Nuxaxa na be nye ŋkuwo dzi tsyɔ eye nye ameti blibo la mele abe vɔvɔli ene.
かつまた我目は憂愁によりて昏み 肢體は凡て影のごとし
8 Ame dzɔdzɔewo ƒe mo wɔ yaa le esia ta; dɔ me ve ame maɖifɔwo ɖe mawumavɔ̃lawo ŋuti.
義しき者は之に驚き 無辜者は邪曲なる者を見て憤ほる
9 Ke hã la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.
然ながら義しき者はその道を堅く持ち 手に潔淨き者はますます力を得るなり
10 “Mi katã mitrɔ va ko, migadze agbagba kpɔ! Gake nyemakpɔ nunyala aɖeke le mia dome o.
請ふ汝ら皆ふたたび來れ 我は汝らの中に一人も智き者あるを見ざるなり
11 Nye ŋkekewo va yi, nye ɖoɖowo me gblẽ eye nenema kee nye nye dzi ƒe didiwo hã.
わが日は已に過ぎ わが計る所わが心に冀ふ所は已に敗れたり
12 Ame siawo trɔ zã wòzu ŋkeke, ke esi viviti do ɖe wo la, wogblɔ be, ‘Kekeli tsɔ ɖe mía gbɔ’
彼ら夜を晝に變ふ 黒暗の前に光明ちかづく
13 Ne aƒe si ko mele mɔ kpɔm na la nye yɔdo, ne meɖo aba ɖe viviti me, (Sheol h7585)
我もし俟つところ有ば是わが家たるべき陰府なるのみ 我は黒暗にわが牀を展ぶ (Sheol h7585)
14 ne megblɔ na zãnuxɔxɔ be, ‘Wòe nye fofonye,’ eye megblɔ na ŋɔvi be, ‘Wòe nye danye’ alo ‘Wòe nye nɔvinye nyɔnu’ la,
われ朽腐に向ひては汝はわが父なりと言ひ 蛆に向ひては汝は我母わが姉妹なりと言ふ
15 ekema afi ka nye mɔkpɔkpɔ la le?
然ばわが望はいづくにかある 我望は誰かこれを見る者あらん
16 Ɖe wòayi ɖe ku ƒe agbowo mea? Ɖe nye kplii míayi tome ɖekaea?” (Sheol h7585)
是は下りて陰府の關に到らん 之と齊しく我身は塵の中に臥靜まるべし (Sheol h7585)

< Hiob 17 >