< Hiob 16 >

1 Hiob ɖo eŋu nɛ be,
ויען איוב ויאמר
2 “Mese nya siawo tɔgbi wòsɔ gbɔ, akɔfala gbɔlowo ko mi katã mienye!
שמעתי כאלה רבות מנחמי עמל כלכם
3 Miaƒe nuƒo legbe, gɔdɔ̃gɔdɔ̃awo mawu nu akpɔ oa? Nu kae le mia vem be miegale nyahehe dzi kokoko?
הקץ לדברי-רוח או מה-ימריצך כי תענה
4 Nenye miawoe le tenyeƒe la, nye hã maƒo nu abe miawo ke ene, agblɔ nyatinyatiwo ɖe mia ŋu eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu.
גם אנכי-- ככם אדברה לו יש נפשכם תחת נפשי-- אחבירה עליכם במלים ואניעה עליכם במו ראשי
5 Maƒo nu ade dzi ƒo na mi eye akɔfanya siwo ado tso nunye la ana miaƒe dzi adze eme.
אאמצכם במו-פי וניד שפתי יחשך
6 “Gake ne meƒo nu la, nye vevesesewo dzi maka ɖe kpɔtɔ o eye ne medzudzɔ hã la, veveseseawo medzona o.
אם-אדברה לא-יחשך כאבי ואחדלה מה-מני יהלך
7 O Mawu, vavãe èna mevɔ le eme keŋkeŋ eye nètsrɔ̃ nye aƒekɔ la katã.
אך-עתה הלאני השמות כל-עדתי
8 Èna meɖi ku, vɔ keŋ eye wòzu ɖaseɖiɖi, nye kuɖiɖi tsi tsitre hezu ɖasefo ɖe ŋunye.
ותקמטני לעד היה ויקם בי כחשי בפני יענה
9 Yehowa ƒom, hevuvum le eƒe dziku me eye wòɖu aɖukli ɖe ŋunye, nye ketɔ fɔ ŋku ɖaɖɛwo ɖe dzinye.
אפו טרף וישטמני--חרק עלי בשניו צרי ילטש עיניו לי
10 Amewo ke woƒe nuwo baa hedo ɣli ɖe tanye. Woƒo tome nam fewuɖutɔe eye wowɔ ɖeka ɖe ŋunye.
פערו עלי בפיהם--בחרפה הכו לחיי יחד עלי יתמלאון
11 Mawu dem asi na ame vɔ̃ɖiwo eye wòkɔm ƒu gbe ɖe ŋutasẽlawo ƒe fego me.
יסגירני אל אל עויל ועל-ידי רשעים ירטני
12 Nuwo nɔ edzi dzem nam nyuie gake ekakam. Elé kɔʋume nam hegbãm gudugudugudu. Etsɔm wɔ ade si minyam wòle,
שלו הייתי ויפרפרני-- ואחז בערפי ויפצפצני ויקימני לו למטרה
13 eƒe aŋutrɔdalawo ɖe to ɖem. Eŋɔ nye ayikuwo nublanuimakpɔmakpɔtɔe eye wòna nye vevego gbã hekɔ ɖe anyigba.
יסבו עלי רביו-- יפלח כליותי ולא יחמל ישפך לארץ מררתי
14 Eva ƒo ɖe dzinye enuenu eye wòlũ ɖe dzinye abe kalẽtɔ ene.
יפרצני פרץ על-פני-פרץ ירץ עלי כגבור
15 “Metɔ akpanya hetsyɔ na nye ŋutilã eye metsɔ nye mo de ke me.
שק תפרתי עלי גלדי ועללתי בעפר קרני
16 Avifafa na nye mo biã dzẽe, vɔvɔli ƒo xlã nye ŋkuwo,
פני חמרמרה (חמרמרו) מני-בכי ועל עפעפי צלמות
17 evɔ nye asiwo mewɔ nu tovo aɖeke o eye nye gbedodoɖa hã dza hafi.
על לא-חמס בכפי ותפלתי זכה
18 “O, anyigba, mègatsyɔ nye ʋu dzi o eye ɖoɖoe megazi le nye ɣlidodo nu o!
ארץ אל-תכסי דמי ואל-יהי מקום לזעקתי
19 Azɔ gɔ̃ hã la, nye ɖasefo le dziƒo eye nye nyaxɔɖeakɔla le afi ma.
גם-עתה הנה-בשמים עדי ושהדי במרמים
20 Tanyeʋlila nye xɔ̃nye, esi nye ŋkuwo le aɖatsi ɖuɖum na Mawu.
מליצי רעי אל-אלוה דלפה עיני
21 Eɖea kuku na Mawu ɖe ame ta abe ale si ame ɖea kuku ɖe xɔlɔ̃a tae ene.
ויוכח לגבר עם-אלוה ובן-אדם לרעהו
22 “Ƒe ʋɛ aɖewo koe ava yi hafi madze mɔ ayi demagbɔnugbe.
כי-שנות מספר יאתיו וארח לא-אשוב אהלך

< Hiob 16 >