< Hiob 15 >

1 Temanitɔ, Elifaz ɖo Hiob ƒe nyawo ŋu be,
テマン人エリパズ答へて曰く
2 “Ɖe nunyala aɖo nya ŋu kple susu gbɔlo alo ana ɣedzeƒeya xɔdzo nayɔ eƒe dɔ mea?
智者あに虚しき智識をもて答へんや豈東風をその腹に充さんや
3 Ɖe wòatsɔ nya manyatalenuwo ahe nya alo atsɔ nuƒoƒo si nye nya dzodzro ahe nyaea?
あに裨なき談益なき詞をもて辨論はんや
4 Kura gɔ̃ hã la, èɖi gbɔ̃ mawuvɔvɔ̃ eye nèhe mawusubɔsubɔ adodoea ɖe megbe.
まことに汝は神を畏るる事を棄て その前に祷ることを止む
5 Wò nu vɔ̃e ƒoe ɖe nuwò ale nètia ayetɔwo ƒe aɖe.
なんぢの罪なんぢの口を教ふ 汝はみづから擇びて狡猾人の舌を用ふ
6 Wò ŋutɔ wò nue bu fɔ wò, menye tɔnyee o, eye wò ŋutɔ wò nuyiwoe ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò.
なんぢの口みづから汝の罪を定む 我には非ず汝の唇なんぢの惡きを證す
7 “Wòe nye ame gbãtɔ si wodzi kpɔa? Ɖe wodzi wò hafi togbɛwo va dzɔa?
汝あに最初に世に生れたる人ならんや 山よりも前に出來しならんや
8 Èse Mawu ƒe aɖaŋudede kple toa? Gbɔwò ko nunya tso aƒe ɖoa?
神の御謀議を聞しならんや 智慧を獨にて藏めをらんや
9 Nu ka nènya si míawo ya míenya o? Nu ka gɔmee nèse esi gɔme míawo míese o?
なんぢが知る所は我らも知ざらんや 汝が曉るところは我らの心にも在ざらんや
10 Ta ƒowɔ tɔwo kple amegãɖeɖiwo le mía dzi, ame siwo tsi wu fofowò gɔ̃ hã.
我らの中には白髮の人および老たる人ありて汝の父よりも年高し
11 Ɖe Mawu ƒe akɔfanamenya siwo wògblɔ bɔlɔɔ la, mesɔ agbɔ na wò oa?
神の慰藉および夫の柔かき言詞を汝小しとするや
12 Nu ka ŋuti wò dzi kplɔ wò dzoe, wò ŋkuwo le dzo dam,
なんぢ何ぞかく心狂ふや 何ぞかく目をしばたたくや
13 ale be nènyɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu eye nètrɔ nya siawo kɔ ɖi tso wò nu me?
なんぢ是のごとく神に對ひて氣をいらだて 斯る言詞をなんぢの口よりいだすは如何ぞや
14 “Nu kae nye amegbetɔ be, wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?
人は如何なる者ぞ 如何してか潔からん 婦の産し者は如何なる者ぞ 如何してか義からん
15 Ne Mawu meka ɖe eƒe kɔkɔetɔwo dzi o eye dziƒowo gɔ̃ hã medza le eƒe ŋkume o,
それ神はその聖者にすら信を置たまはず 諸の天もその目の前には潔からざるなり
16 aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi, esi dovo eye wòno nu vɔ̃ɖi abe tsi ene!
況んや罪を取ること水を飮が如くする憎むべき穢れたる人をや
17 “Ɖo tom ne maɖe nu me na wò; na magblɔ nu si teƒe mekpɔ la na wò,
我なんぢに語る所あらん 聽よ我見たる所を述ん
18 nu si nunyalawo ɖe gbeƒãe eye womeɣla naneke si woxɔ tso wo fofowo gbɔ o,
是すなはち智者等が父祖より受て隱すところなく傳へ來し者なり
19 ame siwo ko wotsɔ anyigba la na, esi amedzro aɖeke meto wo dome o.
彼らに而已この地は授けられて外國人は彼等の中に往來せしこと無りき
20 Ame vɔ̃ɖi kpea fuwo ƒe fu le eƒe agbemeŋkekewo katã me, nenema ke ŋutasẽla hã kpea fu le ƒe siwo katã woɖo ɖi nɛ la me.
惡き人はその生る日の間つねに悶へ苦しむ 強暴人の年は數へて定めおかる
21 Gbeɖiɖi siwo ŋu ŋɔdzi le la yɔ eƒe tome fũu eye ne wòdze abe nuwo ɖe wole afɔ tsɔm ene la, adzohawo va dzea edzi.
その耳には常に懼怖しき音きこえ平安の時にも滅ぼす者これに臨む
22 Dzi ɖe le eƒo be mate ŋu asi le viviti la nu o elabena wotsɔe de asi na yi.
彼は幽暗を出得るとは信ぜず 目ざされて劒に付さる
23 Ele tsaglalã tsam le nuɖuɖu dim abe akaga ene elabena enya be vivitidogbe la tu aƒe kpokploe.
彼食物は何處にありやと言つつ尋ねありき 黒暗日の備へられて己の側にあるを知る
24 Xaxa kple vevesese na ŋɔdzi lé eya amea ŋutɔ eye wova dze edzi abe fia si le klalo na aʋakpekpe ene.
患難と苦痛とはかれを懼れしめ 戰鬪の準備をなせる王のごとくして彼に打勝ん
25 Elabena eŋlɔ kɔ do ɖe mo na Mawu eye wòdze aglã ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu,
彼は手を伸て神に敵し 傲りて全能者に悖り
26 helũ ɖe edzi ɖekematsɔlemetɔe kple akpoxɔnu titri sesẽ aɖe.
頸を強くし 厚き楯の面を向て之に馳かかり
27 “Togbɔ be eda ami ɖe mo gbɔ eye wòlolo ɖe ali gbɔ hã la,
面に肉を滿せ 腰に脂を凝し
28 anɔ du gbagbãwo kple xɔ siwo me ame aɖeke mele o la me, xɔ siwo gbã zu glikpo.
荒されたる邑々に住居を設けて人の住べからざる家 石堆となるべき所に居る
29 Magakpɔ hotsui o eye eƒe kesinɔnuwo maganɔ anyi alo eƒe nunɔamesiwo nagbagba ɖe anyigba dzi o.
是故に彼は富ず その貨物は永く保たず その所有物は地に蔓延ず
30 Masi le viviti la nu o, dzo ƒe aɖe ana eƒe alɔwo nayrɔ eye Mawu ƒe numegbɔgbɔ akplɔe adzoe.
また自己は黒暗を出づるに至らず 火燄その枝葉を枯さん 而してその身は神の口の氣吹によりて亡ゆかん
31 Megable eɖokui, atsɔ eƒe dzi aɖo nu si nye tofloko la ŋu o elabena ɖeke maɖe vi nɛ o.
彼は虚妄を恃みて自ら欺くべからず 其報は虚妄なるべければなり
32 Hafi eƒe ɣeyiɣi nade la, woaɖo eteƒe nɛ abe ale si dze ene eye eƒe alɔdzewo matsi ɖe edzi o.
彼の日の來らざる先に其事成べし 彼の枝は緑ならじ
33 Anɔ abe wainka si ŋu wogbe waintsetse gbogbowo katã le la ene alo abe amiti si dudu eƒe seƒoƒowo ene.
彼は葡萄の樹のその熟せざる果を振落すがごとく 橄欖の樹のその花を落すがごとくなるべし
34 Elabena mawumavɔ̃lawo ƒe ha madzi ɖe edzi o eye dzo afia ame siwo lɔ̃a zãnuxɔxɔ ƒe agbadɔwo.
邪曲なる者の宗族は零落れ 賄賂の家は火に焚ん
35 Wofɔa fukpekpe ƒe fu, hedzia nu vɔ̃ɖi eye beble ɖoa atsyɔ̃ ɖe woƒe vidzidɔwo me.”
彼等は惡念を孕み 虚妄を生み その胎にて詭計を調ふ

< Hiob 15 >