< Hiob 13 >

1 “Nye ŋkuwo kpɔ nu siawo katã, nye towo se wo eye wose wo gɔme.
視よわが目これを盡く觀 わが耳これを聞て通逹れり
2 Nu si nènya la, nye hã menyae, mède ŋgɔ wum o.
汝らが知るところは我もこれを知る 我は汝らに劣らず
3 Gake medi vevie be maƒo nu kple Ŋusẽkatãtɔ la eye mahe nya kple Mawu.
然りと雖ども我は全能者に物言ん 我は神と論ぜんことをのぞむ
4 Ke miawo la, miele ŋunye gblẽm kple aʋatsonyawo, mi katã mienye gbedala siwo ŋu viɖe aɖeke mele o!
汝らは只謊言を造り設くる者 汝らは皆無用の醫師なり
5 Ne mi katã miahaɖo to ɖe! Le mia gbɔ la, esia anye nunya.
願くは汝ら全く默せよ 然するは汝らの智慧なるべし
6 Mise ɖokuinyenuɖeɖe azɔ, mise nye nuyiwo ƒe kokoƒoƒo.
請ふわが論ずる所を聽き 我が唇にて辨爭そふ所を善く聽け
7 Ɖe miaƒo nu baɖa ɖe Mawu nua? Ɖe miaƒo nu bebletɔe ɖe enua?
神のために汝ら惡き事を言や 又かれのために虚僞を述るや
8 Ɖe miebe yewoade edzia? Ɖe miebe yewoaxɔ nya ɖe Mawu nua?
汝ら神の爲に偏るや またかれのために爭はんとするや
9 Anyo na mi ne edo mi kpɔa? Miate ŋu ablee abe ale si miable amewo enea?
神もし汝らを鑒察たまはば豈善らんや 汝等人を欺むくごとくに彼を欺むき得んや
10 Le nyateƒe me, aka mo na mi, ne miede edzi le adzame.
汝等もし密に私しするあらば彼かならず汝らを責ん
11 Ɖe eƒe ŋutikɔkɔe mado ŋɔdzi na mi oa? Ɖe eƒe ŋɔdzi malé mi oa?
その威光なんぢらを懼れしめざらんや 彼を懼るる畏懼なんぢらに臨まざらんや
12 Miaƒe nya tsitsiwo nye lododo gbɔlowo eye dedinɔnɔ ƒe gli siwo mieɖo la nye anyigliwo ko.
なんぢらの諭言は灰に譬ふべし なんぢらの城は土の城となる
13 “Mizi ɖoɖoe ne miana mɔm maƒo nu, ekema nu si be yeadzɔ ɖe dzinye la nedzɔ.
默して我にかかはらざれ 我言語んとす 何事にもあれ我に來らば來れ
14 Nu ka ŋuti metsɔ ɖokuinye de xaxa me eye metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome?
我なんぞ我肉をわが齒の間に置き わが生命をわが手に置かんや
15 Togbɔ be ele wu ye ge hã la, matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ada ɖe eya amea dzi ko. Le nyateƒe me maʋu go nye mɔwo ɖe ŋkume nɛ.
彼われを殺すとも我は彼に依頼まん 唯われは吾道を彼の前に明かにせんとす
16 Vavã esia ava zu ɖeɖe nam elabena mawumavɔ̃la aɖeke mate kpɔ be yeado ɖe eŋkume o!
彼また終に我救拯とならん 邪曲なる者は彼の前にいたること能はざればなり
17 Miɖo to miase nye nyawo nyuie, miƒu to anyi miase nu si gblɔ ge mele.
なんぢら聽よ 我言を聽け我が述る所をなんぢらの耳に入しめよ
18 Azɔ meɖo nye nyawo ɖe ɖoɖo nu vɔ, menya be tɔnye adzɔ godoo.
視よ我すでに吾事を言竝べたり 必ず義しとせられんと自ら知る
19 Ɖe ame aɖe ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunyea? Ne ame aɖe ate ŋui la, ekema mazi ɖoɖoe aku.
誰か能くわれと辨論ふ者あらん 若あらば我は口を緘て死ん
20 “O Mawu, nu eve siawo ko medi be nàwɔ nam, eye nyemaɣla ɖokuinye ɖe wò o.
惟われに二の事を爲たまはざれ 然ば我なんぢの面をさけて隱れじ
21 Te wò asi ɖa xaa tso gbɔnye eye nàdzudzɔ vɔvɔ̃dodo nam kple wò ŋɔdzinuwo.
なんぢの手を我より離したまへ 汝の威嚴をもて我を懼れしめたまはざれ
22 Ekema yɔm eye matɔ alo maƒo nu eye nàɖo eŋu.
而して汝われを召したまへ 我こたへん 又われにも言はしめて汝われに答へたまへ
23 Nu vɔ̃ kple nu gbegblẽ nenie mewɔ? Ɖe nye vodada kple nu vɔ̃ fiam.
我の愆われの罪いくばくなるや 我の背反と罪とを我に知しめたまへ
24 Nu ka tae nèɣla wò mo eye nèbum wò futɔe?
何とて御顏を隱し我をもて汝の敵となしたまふや
25 Ɖe nàwɔ funyafunya aŋgba si ya lɔ ɖe nua? Ɖe nàti atsa yomea?
なんぢは吹廻さるる木の葉を威し 干あがりたる籾殼を追ひたまふや
26 Elabena èŋlɔ nu vɔ̃ɖiwo ɖi ɖe ŋunye eye nèna nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo va dzinye.
汝は我につきて苦き事等を書しるし 我をして我が幼稚時の罪を身に負しめ
27 Ède gakɔsɔkɔsɔ nye afɔwo, wò ŋkuwo le nye toƒewo katã ŋu eye nède dzesi nye afɔƒome.
わが足を足械にはめ 我すべての道を伺ひ我足の周圍に限界をつけたまふ
28 “Ale mevɔ le eme abe nu si ƒaƒã alo avɔ si gbagblaʋui ɖu la ene.”
我は腐れたる者のごとくに朽ゆき 蠹に食るる衣服に等し

< Hiob 13 >