< Hiob 12 >

1 Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be,
ヨブこたへて言ふ
2 “Mewɔ nuku be miawo koe nye amewo eye ne mieku la nunya aku kpli mi o!
なんぢら而已まことに人なり 智慧は汝らと共に死ん
3 Gake susu le asinye abe miawo ke ene. Mienyo wum o. Ame ka menya nu siawo katã o?
我もなんぢらと同じく心あり 我はなんぢらの下に立ず 誰か汝らの言し如き事を知ざらんや
4 “Togbɔ be meyɔ Mawu eye wòtɔ nam hã la, mezu nu ɖikokoe na xɔ̃nyewo. Togbɔ be mele dzɔdzɔe eye fɔɖiɖi mele ŋunye o hã la, mezu alɔmeɖenu na wo!
我は神に龥はりて聽るる者なるに今その友に嘲らるる者となれり 嗚呼正しくかつ完たき人あざけらる
5 Ŋutsu siwo li le dziɖeɖi me la do vlo dzɔgbevɔ̃etɔ eye nenema ke woawɔ na ame siwo ƒe afɔ ɖiɖi.
安逸なる者は思ふ 輕侮は不幸なる者に附そひ足のよろめく者を俟と
6 Adzohawo ƒe agbadɔwo li le ŋutifafa me eye ame siwo do dziku na Mawu la li le dedinɔnɔ me. Nenema kee nye ame siwo tsɔa woƒe mawu ɖe woƒe asi me.
掠奪ふ者の天幕は繁榮え 神を怒らせ自己の手に神を携ふる者は安泰なり
7 “Ke bia gbemelãwo, ne woafia nu wò alo dziƒoxeviwo, ne woagblɔe na wò.
今請ふ獸に問へ然ば汝に教へん 天空の鳥に問へ然ばなんぢに語らん
8 Alo ƒo nu na anyigba, ne wòafia nu wò alo na atsiaƒumelã ne wòaka eta na wò.
地に言へ然ばなんぢに教へん 海の魚もまた汝に述べし
9 Nu siawo katã dometɔ kae menyae be, Yehowa ƒe asie wɔ esiawo katã o?
誰かこの一切の者に依てヱホバの手のこれを作りしなるを知ざらんや
10 Nuwɔwɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le eƒe asi me eye amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ hã le eƒe asi me.
一切の生物の生氣および一切の人の靈魂ともに彼の手の中にあり
11 Ɖe to medoa nyawo kpɔ abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene oa?
耳は説話を辨へざらんや その状あたかも口の食物を味ふがごとし
12 Ɖe menye amegãɖeɖiwo gbɔe nunya tso aƒe ɖo oa? Ɖe agbe didi mehea gɔmesese vɛ oa?
老たる者の中には智慧あり 壽長者の中には穎悟あり
13 “Mawu tɔe nye nunya kple ŋusẽ; aɖaŋudede kple gɔmesese hã nye etɔ.
智慧と權能は神に在り 智謀と穎悟も彼に屬す
14 Nu si wògbã kɔ ɖi la, womagate ŋu agbugbɔ atui o. Ame si wòde gaxɔ me la, womate ŋu aɖe asi le eŋu o.
視よ彼毀てば再び建ること能はず 彼人を閉こむれば開き出すことを得ず
15 Ne eɖo asi tsidzadza dzi la, ku ɖina, ne egaɖe asi le eŋu fũu hã la, eɖea anyigba
視よ彼水を止むれば則ち涸れ 水を出せば則ち地を滅ぼす
16 Etɔe nye ŋusẽ kple dziɖuɖu, ame si woble kple ameblela katã wonye etɔ.
權能と穎悟は彼に在り 惑はさるる者も惑はす者も共に彼に屬す
17 Ekplɔa dumegãwo dzonae amama eye wònana Ʋɔnudrɔ̃lawo zua bometsilawo.
彼は議士を裸體にして擄へゆき 審判人をして愚なる者とならしめ
18 Eɖea atsyɔ̃ɖonu siwo fiawo dona la ɖa eye wòtsɔa avɔ kakɛ sana ɖe ali na wo.
王等の權威を解て反て之が腰に繩をかけ
19 Ekplɔa nunɔlawo dzonae amama eye ame siwo li ke tso gbe aɖe gbe ke la emua wo ƒua anyi.
祭司等を裸體にして擄へゆき 權力ある者を滅ぼし
20 Edea ga nu na aɖaŋuɖola siwo ŋu woɖoa dzi ɖo eye wòɖea dumegãwo ƒe sidzedze ɖa.
言爽なる者の言語を取除き 老たる者の了知を奪ひ
21 Edoa ŋunyɔ bubumewo eye wòxɔa lãnu le kalẽtɔwo si.
侯伯たる者等に恥辱を蒙らせ 強き者の帶を解き
22 Eɖea nu goglo siwo le viviti me la ɖe go eye wòhea blukɔ tsiɖitsiɖi vaa kekeli me.
暗中より隱れたる事等を顯し 死の蔭を光明に出し
23 Eyae naa dukɔwo xɔa ŋkɔ eye eya kee tsrɔ̃a wo. Eyae dzia dukɔwo ɖe edzi eye eya kee kakaa wo.
國々を大にしまた之を滅ぼし 國々を廣くしまた之を舊に歸し
24 Exɔa susu le anyigbadzifiawo si eye wònana wonɔa tsaglalã tsam le gbegbe.
地の民の長たる者等の了知を奪ひ これを路なき荒野に吟行はしむ
25 Wotsaa asi blukɔ me afi si akaɖi mele o eye wònana wonɔa ya mum abe ame siwo mu aha ene.”
彼らは光明なき暗にたどる 彼また彼らを醉る人のごとくによろめかしむ

< Hiob 12 >