< Hiob 11 >

1 Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu na Hiob be,
Alors Sophar de Naama prit la parole et dit:
2 “Ɖe woagbe nya siawo ŋu ɖoɖo na wòa? Ɖe woabe nyawɔla sia tɔ dzɔa?
La multitude des paroles restera-t-elle sans réponse, et le bavard aura-t-il raison?
3 Ɖe wò nya dzodzro siawo ade ga nu na amewoa? Ɖe ame aɖeke meli aka mo na wò ne èle fewu ɖum oa?
Tes vains propos feront-ils taire les gens? Te moqueras-tu, sans que personne te confonde?
4 Ègblɔ na Mawu be ‘Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu o eye medza le ŋkuwòme.’
Tu as dit à Dieu: « Ma pensée est la vraie, et je suis irréprochable devant toi. »
5 O, aleke medi be Mawu naƒo nu, ne wòake eƒe nuyiwo ɖe ŋutiwò,
Oh! Si Dieu voulait parler, s’il ouvrait les lèvres pour te répondre;
6 ne wòaɖe nunya ƒe nu ɣaɣlawo afia wò elabena mo evee li na nunya. Vavã, nya esia be: Mawu ŋlɔ wò nu vɔ̃wo dometɔ aɖewo be gɔ̃ hã.
s’il te révélait les secrets de sa sagesse, les replis cachés de ses desseins, tu verrais alors qu’il oublie une part de tes crimes.
7 “Àte ŋu ase Mawu ƒe nya goglowo gɔmea? Àte ŋu adzro Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mlɔenuwo ke mea?
Prétends-tu sonder les profondeurs de Dieu, atteindre la perfection du Tout-Puissant?
8 Wokɔkɔ wu dziƒowo, nu ka nàte ŋu awɔ? Wogoglo wu tsiẽƒe ƒe gogloƒewo, nu ka nènya? (Sheol h7585)
Elle est haute comme les cieux: que feras-tu? Plus profonde que le séjour des morts: que sauras-tu? (Sheol h7585)
9 Wodidi wu anyigba eye wokeke wu atsiaƒu.
Sa mesure est plus longue que la terre, elle est plus large que la mer.
10 Ke ne eva do, hede wò gaxɔ me eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wò la, ame ka ate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu?
S’il fond sur le coupable, s’il l’arrête, s’il convoque le tribunal, qui s’y opposera?
11 Vavã enyaa alakpatɔwo eye ne ekpɔ nu vɔ̃ɖi la, ɖe medzea sii oa?
Car il connaît les pervers, il découvre l’iniquité avant qu’elle s’en doute.
12 Gake abe ale si gbetedzi mate ŋu adzi vi wòanye amegbetɔ o ene la, nenema kee womate ŋu awɔ bometsila hã wòazu nunyala o.
À cette vue, le fou même comprendrait, et le petit de l’onagre deviendrait raisonnable.
13 “Ke hã la, ne ètsɔ wò dzi nɛ blibo, ne èwu wò asiwo dzi do ɖe egbɔ,
Pour toi, si tu diriges ton cœur vers Dieu, et que tu étendes vers lui tes bras,
14 ne èɖe nu vɔ̃ siwo le wò asi me la ɖa eye ne mèɖe mɔ na nu vɔ̃ɖi aɖeke be wòanɔ wò agbadɔ me o la,
si tu éloignes l’iniquité qui est dans tes mains, et que tu ne laisses pas l’injustice habiter sous ta tente,
15 ekema àkɔ wò mo dzi ŋukpemanɔmee, ànɔ te sesĩe eye mavɔ̃ o.
alors tu lèveras ton front sans tache, tu seras inébranlable et tu ne craindras plus.
16 Le nyateƒe me la, àŋlɔ wò hiãkame be eye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene.
Tu oublieras alors tes souffrances, tu t’en souviendras comme des eaux écoulées;
17 Wò agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzati eye viviti anɔ na wò abe ŋdikekeli ene.
L’avenir se lèvera pour toi plus brillant que le midi, les ténèbres se changeront en aurore.
18 Ànɔ dedie elabena mɔkpɔkpɔ li, àtsa ŋku godoo eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ le dedinɔnɔ me.
Tu seras plein de confiance, et ton attente ne sera pas vaine; tu regarderas autour de toi, et tu te coucheras tranquille.
19 Àmlɔ anyi eye ame aɖeke mava do ŋɔdzi na wò o; ale ame geɖewo ava bia amenuveve tso gbɔwò.
Tu reposeras, sans que personne t’ inquiète, et plusieurs caresseront ton visage.
20 Ke ɖeɖi ate ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkuwo ŋu, bebeƒe abu ɖe wo eye woƒe mɔkpɔkpɔ azu kudɔƒoƒo.”
Mais les yeux des méchants se consumeront: pour eux, point de refuge; leur espérance est le souffle d’un mourant.

< Hiob 11 >