< Hiob 10 >

1 “Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ, eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababa eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me.
"My soul is weary of my life. I will give free course to my complaint. I will speak in the bitterness of my soul.
2 Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm o gake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam.
I will tell God, 'Do not condemn me. Show me why you contend with me.
3 Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to, be nètsɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒu gbe eye nèle alɔgbɔnu kom na ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowoa?
Is it good to you that you should oppress, that you should despise the work of your hands, and smile on the counsel of the wicked?
4 Ŋutilãmeŋkue le tawòa? Ɖe nèkpɔa nu abe ale si amegbetɔ kodzogbea kpɔa nu enea?
Do you have eyes of flesh? Or do you see as man sees?
5 Ɖe wò ŋkekewo le abe kodzogbeawo tɔ ene alo wò ƒewo le abe amegbetɔ tɔ ene,
Are your days as the days of mortals, or your years as man's years,
6 be nàtsa adi nye vodadawo, aku nye nu vɔ̃wo gɔme,
that you inquire after my iniquity, and search after my sin?
7 evɔ nènya be nyemedze agɔ o eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa?
Although you know that I am not wicked, there is no one who can deliver out of your hand.
8 “‘Wò asiwoe wɔm eye womem. Ɖe nàtrɔ azɔ atsrɔ̃ma?
"'Your hands have framed me and fashioned me altogether, yet you destroy me.
9 Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem. Ɖe nàgatrɔm azɔ mazu anyia?
Remember, I beg you, that you have fashioned me as clay. Will you bring me into dust again?
10 Ɖe mètrɔm kɔ ɖe anyi abe notsi ene eye nèna mebla abe notsi babla ene oa?
Haven't you poured me out like milk, and curdled me like cheese?
11 Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunye eye nètem ƒo ƒu ɖe nye ƒuwo kple lãmekawo ŋuti oa?
You have clothed me with skin and flesh, and knit me together with bones and sinews.
12 Èna agbem henyo dɔ me nam eye le wò ametakpɔkpɔ la ta nèdzɔ nye gbɔgbɔ ŋuti.
You have granted me life and loving kindness. Your visitation has preserved my spirit.
13 “‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me eye menya be esia le wò susu me be,
Yet you hid these things in your heart. I know that this is with you:
14 Ne mewɔ nu vɔ̃ la, wò ŋkuwo anɔ ŋutinye eye màgbe tohehe nam le nye vodada ta o.
if I sin, then you mark me. You will not acquit me from my iniquity.
15 Ne meɖi fɔ la, baba nam! Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nyemate ŋu afɔ mo dzi o elabena ŋukpe yɔ menye fũu eye menyrɔ ɖe nye vevesese me.
If I am wicked, woe to me. If I am righteous, I still shall not lift up my head, being filled with disgrace, and conscious of my affliction.
16 Ne mefɔ mo dzi la, ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene eye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ la fiana ɖe ŋutinye.
And if I lift myself up, you hunt me like a lion. Again you show yourself powerful to me.
17 Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunye eye nèdoa dziku ɖe ŋutinye ɖe edzi, ale wò aʋakɔwo tsona ɖe ŋunye ɖe wo nɔewo yome abe ƒutsotsoewo ene.
You renew your witnesses against me, and increase your indignation on me. Changes and warfare are with me.
18 “‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me? Ɖe meku ɖe danye ƒe dɔ me la, adzɔ dzi nam ŋutɔ, anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o.
"'Why, then, have you brought me forth out of the womb? I wish I had given up the spirit, and no eye had seen me.
19 Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danye ƒe dɔ me yi yɔdo mee la, ne enyo ta!
I should have been as though I had not been. I should have been carried from the womb to the grave.
20 Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe vɔ oa? Ɖe mo ɖa le ŋunye ale be nye hã makpɔ dzidzɔ vi aɖe,
Aren't my days few? Cease then. Leave me alone, that I may find a little comfort,
21 hafi ayi demagbɔnugbe, ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi,
before I go where I shall not return from, to the land of darkness and of the shadow of death;
22 anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le, teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe, afi si kekeli le ko abe viviti ene.’”
the land dark as midnight, of the shadow of death, without any order, where the light is as midnight.'"

< Hiob 10 >