< Yeremia 1 >
1 Esiawoe nye Yeremia, Hilkia ƒe vi ƒe nyawo. Hilkia nye Nunɔla siwo nɔ Anatɔt le Benyaminyigba dzi la dometɔ ɖeka.
こはベニヤミンの地アナトテの祭司の一人なるヒルキヤの子ヱレミヤの言なり
2 Yehowa ƒe nya va nɛ le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me.
アモンの子ユダの王ヨシヤの時すなはちその治世の十三年にヱホバの言ヱレミヤに臨めり
3 Egblɔ nya ɖi le Yehoyakim, Yosia ƒe vi, Yuda fia ƒe ɣeyiɣiwo me hã va se ɖe Yuda fia, Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti atɔ̃lia me. Ɣe ma ɣie wokplɔ Yerusalem nɔlawo yi aboyo mee.
その言またヨシヤの子ユダの王ヱホヤキムの時にものぞみてヨシヤの子ユダの王ゼデキヤの十一年のをはり即ちその年の五月ヱルサレムの民の移されたる時までにいたれり
4 Yehowa ƒe nya va nam be,
ヱホバの言我にのぞみて云ふ
5 “Hafi mava me wò ɖe dawò ƒe dɔ me la, menya wò; hafi woava dzi wò la, mekɔ ŋutiwò da ɖi eye meɖo wò Nyagblɔɖilae na dukɔwo.”
われ汝を腹につくらざりし先に汝をしり汝が胎をいでざりし先に汝を聖め汝をたてて萬國の預言者となせりと
6 Ke megblɔ be, “O, Aƒetɔ Mawu, nyemenya nuƒoƒo o eye ɖevi ko meganye.”
我こたへけるは噫主ヱホバよ視よわれは幼少により語ることを知らず
7 Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègagblɔ be, ‘Ɖevi ko menye’ o. Ele na wò be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ wò ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò.
ヱホバわれにいひたまひけるは汝われは幼少といふ勿れすべて我汝を遣すところにゆき我汝に命ずるすべてのことを語るべし
8 Mègavɔ̃ na wo o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.
なんぢ彼等の面を畏るる勿れ蓋われ汝と偕にありて汝をすくふべければなりとヱホバいひたまへり
9 Emegbe Yehowa do eƒe asi ɖa tsɔ tɔ nu nam eye wògblɔ nam be, “Azɔ metsɔ nye nyawo de wò nu me.
ヱホバ遂にその手をのべて我口につけヱホバ我にいひたまひけるは視よわれ我言を汝の口にいれたり
10 Kpɔ ɖa, egbe meɖo wò nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu.”
みよ我けふ汝を萬民のうへと萬國のうへにたて汝をして或は抜き或は毀ち或は滅し或は覆し或は建て或は植しめん
11 Yehowa ƒe nya va nam bena, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?” Meɖo eŋu be, “Mele yevuziti ƒe alɔdze kpɔm.”
ヱホバの言また我に臨みていふヱレミヤよ汝何をみるや我こたへけるは巴旦杏の枝をみる
12 Yehowa ƒe nya va nam be, “Èkpɔe tututu, elabena manɔ ŋute akpɔ egbɔ be nye nya va eme.”
ヱホバ我にいひたまひけるは汝善く見たりそはわれ速に我言をなさんとすればなり
13 Yehowa ƒe nya gava nam be, “Nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mekpɔ ze si me tsi le fiefiem le, eye wòviã ɖe anyiehe gome.”
ヱホバの言ふたたび我に臨みていふ汝何をみるや我こたへけるは沸騰たる鑊をみるその面は北より此方に向ふ
14 Yehowa gblɔ nam be, “Gbegblẽ atso anyiehe ava ƒo ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi.
ヱホバ我にいひたまひけるは災北よりおこりてこの地に住るすべての者にきたらん
15 Esusɔ vie maƒo dzigbemefiaɖuƒe la me nɔlawo katã nu ƒu.” Yehowae gblɔe. “Woƒe fiawo ava li woƒe fiazikpuiwo anyi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu, woava ɖe to ɖe eƒe gliwo katã kple Yuda duwo katã ŋu.
ヱホバいひたまひけるはわれ北の國々のすべての族をよばん彼等きたりてヱルサレムの門の入口とその周圍のすべての石垣およびユダのすべての邑々に向ひておのおのその座を設けん
16 Mabu fɔ nye amewo ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ hegblẽm ɖi, eye wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu bubuwo hesubɔ nu siwo woawo ŋutɔ wɔ kple asi la ta.
われかれらの凡の惡事のために我鞫をかれにつげん是はかれら我をすてて別の神に香を焚きおのれの手にて作りし物を拝するによる
17 “Dzra ɖokuiwò ɖo! Tso kpla ne nàgblɔ nu siwo katã megblɔ na wò la na wo. Womegadzi ŋɔ na wò o, ne menye nenema o la, mado ŋɔdzi na wò le wo ŋkume.
汝腰に帶して起ちわが汝に命ずるすべての事を彼等につげよその面を畏るる勿れ否らざれば我かれらの前に汝を辱かしめん
18 Kpɔ ɖa, egbe mewɔ wò nènye du si woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe. Mewɔ wò gasɔti kple akɔbliglii, be nàtsi tsitre ɖe anyigba blibo la ŋuti, ɖe Yuda fiawo, woƒe dumegãwo, nunɔlawo kple anyigbadzinɔlawo katã ŋuti.
視よわれ今日この全國とユダの王とその牧伯とその祭司とその地の民の前に汝を堅き城 鐵の柱 銅の牆となせり
19 Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.
彼等なんぢと戰はんとするも汝に勝ざるべしそはわれ汝とともにありて汝をすくふべければなりとヱホバいひたまへり