< Yeremia 9 >

1 Oo, ɖe nye ta anye tsidzɔƒe eye nye ŋkuwo anye aɖatsivudo la, mafa avi zã kple keli na nye dukɔ ƒe ame siwo wowu.
מי יתן ראשי מים ועיני מקור דמעה ואבכה יומם ולילה את חללי בת עמי
2 Oo, ɖe dzeƒe le asinye le gbegbe na mɔzɔlawo, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi adzo le wo gbɔ, elabena wo katã wonye ahasiwɔlawo, ameha siwo nye nu tovo wɔlawo sɔŋ.
מי יתנני במדבר מלון ארחים ואעזבה את עמי ואלכה מאתם כי כלם מנאפים עצרת בגדים
3 Yehowa be, “Wovua woƒe aɖewo abe dati ene ne woada alakpaŋutrɔ. Menye nyateƒee wotsɔ le dzi ɖum le anyigba la dzi o. Wotsoa nu vɔ̃ ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ eye womenyam o.
וידרכו את לשונם קשתם שקר ולא לאמונה גברו בארץ כי מרעה אל רעה יצאו ואתי לא ידעו נאם יהוה
4 Kpɔ nyuie le xɔlɔ̃wòwo ŋu. Megaka ɖe nɔviwò ŋutsuwo dzi o, elabena nɔvi ɖe sia ɖe nye ameblela eye xɔlɔ̃ ɖe sia ɖe nye ameŋugblẽla.
איש מרעהו השמרו ועל כל אח אל תבטחו כי כל אח עקוב יעקב וכל רע רכיל יהלך
5 Xɔlɔ̃ blea xɔlɔ̃ eye ame aɖeke metoa nyateƒe o. Wofia aʋatsokaka woƒe aɖewo eye woɖea fu na wo ɖokuiwo vevie kple nu vɔ̃ wɔwɔ.
ואיש ברעהו יהתלו ואמת לא ידברו למדו לשונם דבר שקר העוה נלאו
6 Amebeble le gã dom ɖe edzi. Le woƒe amebeble ta la, wogbe sidzedzem.” Yehowae gblɔe.
שבתך בתוך מרמה במרמה מאנו דעת אותי נאם יהוה
7 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa malolõ wo ado wo akpɔ, elabena nu bubu ka mawɔ le nye dukɔ ƒe nu vɔ̃ ta?
לכן כה אמר יהוה צבאות הנני צורפם ובחנתים כי איך אעשה מפני בת עמי
8 Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene, elabena woƒoa nu bebletɔe, ame sia ame tsɔa eƒe nu ƒoa nu na ehavi bubutɔe, gake le eƒe dzi me la, etre mɔ ɖi nɛ.
חץ שוחט (שחוט) לשונם מרמה דבר בפיו שלום את רעהו ידבר ובקרבו ישים ארבו
9 Yehowa be, ‘Ɖe mele be mahe to na wo le esia ta oa? Ɖe mele be mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?’
העל אלה לא אפקד בם נאם יהוה אם בגוי אשר כזה לא תתנקם נפשי
10 “Mafa avi ado ɣli na towo, eye madzi konyifaha ɖe gbegbelãnyiƒewo ŋu. Elabena wozu gbegbe, ame aɖeke mato afi ma ayi o eye womagase nyiwo ƒe xɔxlɔ̃ le afi ma o, dziƒoxewo gɔ̃ hã si dzo eye gbemelãwo hã si.
על ההרים אשא בכי ונהי ועל נאות מדבר קינה--כי נצתו מבלי איש עבר ולא שמעו קול מקנה מעוף השמים ועד בהמה נדדו הלכו
11 “Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe kple nɔƒe na amegaxiwo, eye mawɔ Yuda duwo woazu aƒedo ale be ame aɖeke manɔ wo me o.”
ונתתי את ירושלם לגלים מעון תנים ואת ערי יהודה אתן שממה מבלי יושב
12 Ame kae nye nunyala si ase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa fia nu eye wòate ŋu aɖe eme? Nu ka ta anyigba gblẽ eye wowɔe wòle abe gbegbe si ame aɖeke mate ŋu ato ayi o la ene?
מי האיש החכם ויבן את זאת ואשר דבר פי יהוה אליו ויגדה על מה אבדה הארץ נצתה כמדבר מבלי עבר
13 Yehowa be, “Elabena wogblẽ nye se si metsɔ ɖo woƒe ŋkume la ɖi. Womeɖo tom alo wɔ nye se dzi o.
ויאמר יהוה--על עזבם את תורתי אשר נתתי לפניהם ולא שמעו בקולי ולא הלכו בה
14 Ke boŋ wodze woƒe dzi dzeaglãwo yome hekplɔ Baalwo ɖo abe ale si wo fofowo fia woe ene.”
וילכו אחרי שררות לבם--ואחרי הבעלים אשר למדום אבותם
15 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu nu veve, eye woano aɖitsi.
לכן כה אמר יהוה צבאות אלהי ישראל הנני מאכילם את העם הזה לענה והשקיתים מי ראש
16 Makaka wo ɖe dukɔwo dome, dukɔ siwo woawo ŋutɔ alo wo fofowo menya o eye mati wo yome kple yi va se ɖe esime metsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”
והפצותים בגוים אשר לא ידעו המה ואבותם ושלחתי אחריהם את החרב עד כלותי אותם
17 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Mibu eŋuti azɔ! Miyɔ nyɔnu avihadzilawo vɛ. Miyɔ esiwo tea ŋu dzinɛ nyuie.
כה אמר יהוה צבאות התבוננו וקראו למקוננות ותבואינה ואל החכמות שלחו ותבואנה
18 Mina woava kaba ne woadzi aviha na mí va se ɖe esime aɖatsi nalolõ ɖe ŋku dzi na mí, eye aɖatsi nado bababa tso míaƒe ŋku me.
ותמהרנה ותשנה עלינו נהי ותרדנה עינינו דמעה ועפעפינו יזלו מים
19 Wose aviɣli le Zion. ‘Aleke wohetsrɔ̃ mí ale! Aleke míaƒe ŋukpe lolo ale! Ele be míadzo le míaƒe anyigba dzi, elabena míaƒe aƒewo zu aƒedo!’”
כי קול נהי נשמע מציון איך שדדנו בשנו מאד כי עזבנו ארץ כי השליכו משכנותינו
20 Azɔ la, Oo nyɔnuwo, mise Yehowa ƒe nya, mike miaƒe towo ɖe eƒe numenyawo ŋuti. Mifia mia vinyɔnuwo ale si woado ɣlii. Mifia konyifaha mia nɔewo
כי שמענה נשים דבר יהוה ותקח אזנכם דבר פיו ולמדנה בנותיכם נהי ואשה רעותה קינה
21 Ku to míaƒe fesrewo nu ge ɖe mía dzi. Ege ɖe míaƒe mɔ sesẽwo me. Ekplɔ ɖeviwo dzoe le mɔtatawo dzi eye wòɖe ɖekakpuiwo ɖa le dua ƒe ablɔ me.
כי עלה מות בחלונינו בא בארמנותינו--להכרית עולל מחוץ בחורים מרחבות
22 Gblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Amegbetɔwo ƒe ŋutilã kukuwo akaka abe gbeɖuɖɔ wolɔ kɔ ɖe agble dzi ene. Woanɔ abe nukue nuŋela ŋe ƒo ɖi, eye ame aɖeke meli afɔ wo o ene.’”
דבר כה נאם יהוה ונפלה נבלת האדם כדמן על פני השדה וכעמיר מאחרי הקצר ואין מאסף
23 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nunyala megatsɔ eƒe nunya ƒo adegbee alo ŋusẽtɔ natsɔ eƒe ŋusẽ aƒo adegbee alo kesinɔtɔ natsɔ eƒe kesinɔnuwo aƒo adegbee o,
כה אמר יהוה אל יתהלל חכם בחכמתו ואל יתהלל הגבור בגבורתו אל יתהלל עשיר בעשרו
24 ke boŋ ame si aƒo adegbe la, neƒo adegbe tso nu sia ŋu be, yenyam hese gɔnyeme nyuie be nyee nye Yehowa, ame si nye dɔmenyotɔ, ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la kple dzɔdzɔetɔ le anyigba dzi eye esiawo mee medzɔa dzi le,” Yehowae gblɔe.
כי אם בזאת יתהלל המתהלל השכל וידע אותי--כי אני יהוה עשה חסד משפט וצדקה בארץ כי באלה חפצתי נאם יהוה
25 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mahe to na ame siwo tso aʋa le ŋutilã me ko.
הנה ימים באים נאם יהוה ופקדתי על כל מול בערלה
26 Woawoe nye Egipte, Yuda, Edom, Amon, Moab kple ame siwo katã le dzogbenyigba siwo le didiƒe la dzi, elabena le nyateƒe me la, dukɔ siawo katã metso aʋa o. Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã metso aʋa le dzi me o.”
על מצרים ועל יהודה ועל אדום ועל בני עמון ועל מואב ועל כל קצוצי פאה הישבים במדבר--כי כל הגוים ערלים וכל בית ישראל ערלי לב

< Yeremia 9 >