< Yeremia 8 >

1 “Yehowa be, ‘Le ɣe ma ɣi la, Yuda fiawo kple woƒe dumegãwo ƒe ƒuwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ƒe ƒuwo kple Yerusalem nɔlawo ƒe ƒuwo la, woaɖe wo le woƒe yɔdowo me.
“At that time,” declares the LORD, “the bones of the kings of Judah, the bones of the officials, the bones of the priests, the bones of the prophets, and the bones of the people of Jerusalem will be removed from their graves.
2 Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.
They will be exposed to the sun and moon, and to all the host of heaven which they have loved, served, followed, consulted, and worshiped. Their bones will not be gathered up or buried, but will become like dung lying on the ground.
3 Afi sia afi si manya wo aɖo ɖo la, dukɔ vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlɛawo adi ku wu agbe.’” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
And wherever I have banished them, the remnant of this evil family will choose death over life,” declares the LORD of Hosts.
4 Gblɔ na wo be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Ne amewo dze anyi la, ɖe womegafɔna oa? Ne wotra mɔ la, ɖe womegatrɔna gbɔna oa?
So you are to tell them this is what the LORD says: “Do men fall and not get up again? Does one turn away and not return?
5 Ekema nu ka ta ame siawo trɔ dzo ɖo? Nu ka ta Yerusalem le megbe dem ɣe sia ɣi? Woku ɖe beble ŋuti eye wogbe be yewomatrɔ o.
Why then have these people turned away? Why does Jerusalem always turn away? They cling to deceit; they refuse to return.
6 Meɖo to nyuie, gake womele nu si le eteƒe la gblɔm o. Ame ɖeka pɛ hã meli si eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi venɛ, eye wògblɔna be, “Nu kae nye esi mehewɔ o?” Ame sia ame lé eƒe mɔ tsɔ abe sɔe lũ ɖe aʋa me ene.
I have listened and heard; they do not speak what is right. No one repents of his wickedness, asking, ‘What have I done?’ Everyone has pursued his own course like a horse charging into battle.
7 Akpaviã le yame ke hã nya eƒe azãgbewo, akpakpa, sagbadre kple tsalĩ, nya ɣeyiɣi si wòle be woaʋu adzo. Gake nye dukɔ ya menya Yehowa ƒe ɖoɖowo o.
Even the stork in the sky knows her appointed seasons. The turtledove, the swift, and the thrush keep their time of migration, but My people do not know the requirements of the LORD.
8 “‘Aleke wɔ miate ŋu agblɔ be, “Míenye nunyalawo, elabena Yehowa ƒe se la le mía si,” evɔ le nyateƒe me, agbalẽfialawo ƒe nuŋlɔti trɔe wòzu aʋatso’ o?
How can you say, ‘We are wise, and the Law of the LORD is with us,’ when in fact the lying pen of the scribes has produced a deception?
9 Ŋu akpe nunyalawo, woƒe mo atsi dãa, eye mɔ aɖe wo. Esi wogbe Yehowa ƒe nya la, nunya ka ƒomevie le wo si?
The wise will be put to shame; they will be dismayed and trapped. Since they have rejected the word of the LORD, what wisdom do they really have?
10 Eya ta maxɔ wo srɔ̃wo atsɔ na ŋutsu bubuwo eye maxɔ woƒe agblewo atsɔ na amedzrowo. Tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, wo katã le ŋu biãm ɖe viɖe ŋu. Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye ameblelawo.
Therefore I will give their wives to other men and their fields to new owners. For from the least of them to the greatest, all are greedy for gain; from prophet to priest, all practice deceit.
11 Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene. Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa’, evɔ wòhenye ŋutifafa aɖeke meli o hafi.
They dress the wound of the daughter of My people with very little care, saying, ‘Peace, peace,’ when there is no peace at all.
12 Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe.
Are they ashamed of the abomination they have committed? No, they have no shame at all; they do not even know how to blush. So they will fall among the fallen; when I punish them, they will collapse, says the LORD.
13 Yehowa be, “Maxɔ nuku siwo woxa la le wo si. Wainkawo agbe tsetse, gbo matse ɖe gbotiwo dzi o eye woƒe aŋgbawo ayrɔ. Nu si matsɔ na wo la woaxɔ wo le wo si.”
I will take away their harvest, declares the LORD. There will be no grapes on the vine, nor figs on the tree, and even the leaf will wither. Whatever I have given them will be lost to them.”
14 “Nu ka ta mienɔ anyi ɖe afi sia ɖo? Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me ne míatsrɔ̃ ɖe afi ma! Elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖoe ɖi be miatsrɔ̃ eye wotsɔ aɖitsi na mí be miano elabena míewɔ nu vɔ̃.
Why are we just sitting here? Gather together, let us flee to the fortified cities and perish there, for the LORD our God has doomed us. He has given us poisoned water to drink, because we have sinned against the LORD.
15 Míekpɔ mɔ na ŋutifafa gake nu nyui aɖeke meva o. Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ gake ŋɔdzi koe li.
We hoped for peace, but no good has come, for a time of healing, but there was only terror.
16 Wose futɔ la ƒe sɔwo ƒe afɔzi le keke Dan. Ne woƒe sɔwo xlɔ̃ ko la, anyigba katã nyea zi. Wova be woaʋuʋu anyigba kple nu siwo katã le edzi, du la kple emenɔlawo katã.”
The snorting of enemy horses is heard from Dan. At the sound of the neighing of mighty steeds, the whole land quakes. They come to devour the land and everything in it, the city and all who dwell in it.
17 “Kpɔ ɖa, madɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe mia dome. Da siwo miate ŋu asa gbe ade o eye woaɖu mi.” Yehowae gblɔe.
“For behold, I will send snakes among you, vipers that cannot be charmed, and they will bite you,”
18 Oo, nye Akɔfala le xaxa me. Nu te nye dzi ŋu le menye.
My sorrow is beyond healing; my heart is faint within me.
19 Ɖo to nye dukɔ ƒe avifafa tso anyigba didi aɖe dzi, “Ɖe Yehowa mele Zion oa? Ɖe Fia la megale afi ma oa?” “Nu ka ta wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple dutalegba maɖinuwo do dziku nam ɖo?”
Listen to the cry of the daughter of my people from a land far away: “Is the LORD no longer in Zion? Is her King no longer there?” “Why have they provoked Me to anger with their carved images, with their worthless foreign idols?”
20 “Nuŋeɣi va yi, eye dzomeŋɔli hã va yi, gake womeɖe mi o.”
“The harvest has passed, the summer has ended, but we have not been saved.”
21 Esi wogbã nye dukɔ ta la, nye hã megbã, mexa nu eye dzidzi ƒom.
For the brokenness of the daughter of my people I am crushed. I mourn; horror has gripped me.
22 Ɖe dɔyɔmi mele Gilead oa? Gbedala aɖeke mele afi ma oa? Ke nu ka ta nye dukɔ ƒe abi mele kukum o?
Is there no balm in Gilead? Is no physician there? Why then has the health of the daughter of my people not been restored?

< Yeremia 8 >