< Yeremia 7 >
1 Esiae nye gbedeasi tso Yehowa gbɔ na Yeremia:
This is the word that came to Jeremiah from the LORD, saying,
2 “Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, eye tso afi ma nàɖe gbeƒã nya sia: “‘Mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã to agbo sia me yina be miasubɔ Yehowa.
“Stand in the gate of the house of the LORD and proclaim this message: Hear the word of the LORD, all you people of Judah who enter through these gates to worship the LORD.
3 Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye mana mianɔ teƒe sia.
Thus says the LORD of Hosts, the God of Israel: Correct your ways and deeds, and I will let you live in this place.
4 Migaxɔ beblenyawo dzi se ahanɔ gbɔgblɔm be, “Esiae nye Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ o!”
Do not trust in deceptive words, chanting: ‘This is the temple of the LORD, the temple of the LORD, the temple of the LORD.’
5 Ne mieɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo vavã eye ne mieto nyateƒe le miaƒe nuwɔnawo me kple mia nɔewo,
For if you really correct your ways and deeds, if you act justly toward one another,
6 ne miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe to o eye miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi le teƒe sia o; ne miedze mawu bubuwo yome hena miawo ŋutɔ ƒe gbegblẽ o la,
if you no longer oppress the foreigner and the fatherless and the widow, and if you no longer shed innocent blood in this place or follow other gods to your own harm,
7 ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye wo tɔ tegbee la dzi.
then I will let you live in this place, in the land that I gave to your fathers forever and ever.
8 Gake mikpɔ ɖa miele dzi ɖom ɖe beblenya siwo nye toflokowo la ŋuti.
But look, you keep trusting in deceptive words to no avail.
9 “‘Ɖe miagafi fi, awu ame, awɔ ahasi, aka atam dzodzro, ado dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal eye miadze mawu bubu siwo mienya o la yome vɔ,
Will you steal and murder, commit adultery and perjury, burn incense to Baal, and follow other gods that you have not known,
10 emegbe miagava atsi tsitre ɖe ŋkunye me le aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me ahagblɔ be, “Míele dedie. Míele dedie,” ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã?
and then come and stand before Me in this house, which bears My Name, and say, ‘We are delivered, so we can continue with all these abominations’?
11 Ɖe aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la zu adzodalawo ƒe do na mia? Ke nye la, mele ekpɔm!’” Yehowae gblɔe.
Has this house, which bears My Name, become a den of robbers in your sight? Yes, I too have seen it, declares the LORD.
12 “Mitso azɔ ne miayi ɖe Silo afi si mewɔ nɔƒe ɖo zi gbãtɔ na nye Ŋkɔ, ne miakpɔ ale si mewɔe le nye dukɔ, Israel ƒe nu tovo wɔwɔ ta.
But go now to the place in Shiloh where I first made a dwelling for My Name, and see what I did to it because of the wickedness of My people Israel.
13 Yehowa be, ‘Esi mienɔ nu siawo katã wɔm la, meƒo nu na mi zi geɖe gake miesee o, meyɔ mi gake mietɔ o.
And now, because you have done all these things, declares the LORD, and because I have spoken to you again and again but you would not listen, and I have called to you but you would not answer,
14 Eya ta nu si mewɔ na Silo la, eya kee mawɔ azɔ na aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo, gbedoxɔ si ŋuti mieɖo ŋu ɖo kple teƒe si metsɔ na mi kple mia fofowo.
therefore what I did to Shiloh I will now do to the house that bears My Name, the house in which you trust, the place that I gave to you and your fathers.
15 Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’
And I will cast you out of My presence, just as I have cast out all your brothers, all the descendants of Ephraim.
16 “Eya ta, mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o. Mègaɖe kuku ɖe wo nu alo aƒo koko ɖe wo ta o, eye mègaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemaɖo to wò o.
As for you, do not pray for these people, do not offer a plea or petition on their behalf, and do not beg Me, for I will not listen to you.
17 Mèle nu si wɔm wole le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi la kpɔm oa?
Do you not see what they are doing in the cities of Judah and in the streets of Jerusalem?
18 Ɖeviwo le nake fɔm, wo fofowo le dzo dom, wo dadawo le amɔ blum ne woame akpɔnɔ na Dziƒofianyɔnu. Woƒo aha ɖi na mawu bubuwo ne woatsɔ ado dziku nam.
The sons gather wood, the fathers light the fire, and the women knead the dough to make cakes for the Queen of Heaven; they pour out drink offerings to other gods to provoke Me to anger.
19 Yehowa be, ‘Nyee wole dziku dom na? Ɖe menye woawo ŋutɔ boŋue le nuvevi wɔm wo ɖokui hena woƒe ŋukpe oa?’
But am I the One they are provoking? declares the LORD. Is it not themselves they spite, to their own shame?
20 “Eya ta, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woatrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa dzi, ɖe atiwo kple gbewo kple atikutsetse siwo le anyigba dzi la dzi woabi dzo eye womatsi o.’
Therefore this is what the Lord GOD says: Behold, My anger and My fury will be poured out on this place, on man and beast, on the trees of the field and the produce of the land, and it will burn and not be extinguished.
21 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miyi edzi, mitsɔ miaƒe numevɔsawo kpe ɖe akpedavɔsawo ŋu eye miawo ŋutɔ miaɖu lã la.
This is what the LORD of Hosts, the God of Israel, says: Add your burnt offerings to your other sacrifices and eat the meat yourselves!
22 Elabena esi mekplɔ mia fofowo tso Egipte heƒo nu na wo la, nyemede se na wo tso numevɔsa kple akpedavɔsawo ko ŋu o.
For when I brought your fathers out of the land of Egypt, I did not merely command them about burnt offerings and sacrifices,
23 Ke boŋ mede se sia na wo. Miwɔ ɖe nye gbe dzi ekema manye miaƒe Mawu eye mianye nye dukɔ. Mizɔ le mɔ siwo ƒe se mede na mi la dzi, be wòanyo na mi.
but this is what I commanded them: Obey Me, and I will be your God, and you will be My people. You must walk in all the ways I have commanded you, so that it may go well with you.
24 Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o.
Yet they did not listen or incline their ear, but they followed the stubborn inclinations of their own evil hearts. They went backward and not forward.
25 Tso gbe si gbe mia fofowo ʋu tso Egipte va se ɖe fifia la, meɖo nye nyagblɔɖilawo ɖe mi gbe sia gbe kple ga sia ga me.
From the day your fathers came out of the land of Egypt until this day, I have sent you all My servants the prophets again and again.
26 Gake womeɖo to alo see nam o. Wonye kɔlialiatɔwo, eye wowɔ nu vɔ̃ɖi wu wo fofowo.’
Yet they would not listen to Me or incline their ear, but they stiffened their necks and did more evil than their fathers.
27 “Ne ègblɔ nu siawo katã na wo la, womaɖo to wò o. Ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o.
When you tell them all these things, they will not listen to you. When you call to them, they will not answer.
28 Eya ta gblɔ na wo be, ‘Esiae nye dukɔ si meɖo to Yehowa, woƒe Mawu la alo ɖoa to ɖɔɖɔɖo o. Nyateƒe tsrɔ̃, eye wòbu le woƒe nuyiwo dzi.
Therefore you must say to them, ‘This is the nation that would not listen to the voice of the LORD their God and would not receive correction. Truth has perished; it has disappeared from their lips.
29 “‘Lũ ta, eye nàtsɔ ɖa la aƒu gbe. Lia to kɔkɔ ƒeƒlewo, nɔ anyi nàdzi konyifaha elabena Yehowa gbe nu le dzidzime si le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ te la gbɔ eye wògblee ɖi.’”
Cut off your hair and throw it away. Raise up a lamentation on the barren heights, for the LORD has rejected and forsaken the generation of His wrath.’
30 “Yehowa be, ‘Yuda dukɔ wɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunye me. Woli woƒe legba nyɔŋuwo ɖe aƒe si ŋu woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me hedo gui.
For the people of Judah have done evil in My sight, declares the LORD. They have set up their abominations in the house that bears My Name, and so have defiled it.
31 Wotu nuxeƒewo na Tofet ɖe Ben Hinom ƒe Balime, be woatɔ dzo wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo le afi ma, nu si meva tame nam kaka mayi mɔ ɖe ge le eŋu na wo o.’
They have built the high places of Topheth in the Valley of Hinnom so they could burn their sons and daughters in the fire—something I never commanded, nor did it even enter My mind.
32 Eya ta Yehowa be, ‘Mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna esi amewo magayɔe be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be, ku ƒe balime, elabena woaɖi ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.’
So behold, the days are coming, declares the LORD, when this place will no longer be called Topheth and the Valley of Hinnom, but the Valley of Slaughter. For they will bury the dead in Topheth until there is no more room.
33 Ekema ame kukuawo ƒe ŋutilã azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple lã wɔadãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi si anya wo o.
The corpses of this people will become food for the birds of the air and the beasts of the earth, and there will be no one to scare them away.
34 Mana aseyetsotso, dzidzɔhawo, ɣlidodo ɖe ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ŋu natɔ te le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, elabena anyigba la azu gbegbe.
I will remove from the cities of Judah and the streets of Jerusalem the sounds of joy and gladness and the voices of the bride and bridegroom, for the land will become a wasteland.”