< Yeremia 6 >
1 “Misi yi sitsoƒe, mi Benyaminviwo! Misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa! Mitu aflaga ɖe Bet Hakerem! Elabena gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ aɖe zɔ tso anyiehe gbɔna.
Run and hide, descendants of Benjamin, get out of Jerusalem! Blow the trumpet in Tekoa; light a signal fire in Beth-haccherem, for disaster and terrible destruction is arriving from the north.
2 Magblẽ Zion vinyɔnu si dze tugbe nyuie hele wusewuse la dome.
Even though she is pretty and delightful, I will destroy the Daughter of Zion.
3 Alẽkplɔlawo kple woƒe alẽhawo atso ɖe eŋuti, woava tu woƒe agbadɔwo aƒo xlãe, ɖe sia ɖe axɔ teƒe si wòanyi eƒe lãhawo le.”
“Shepherds” and their “flocks” will come to attack her; they will set up their tents all around her, each one looking after his own.
4 “Midzra ɖo, miawɔ aʋa kplii! Mitso, mina míadze aʋa le ŋdɔ me, gake ao, ŋkeke le bubum eye ɣetrɔ ƒe vɔvɔli le ɖiɖim ɖe edzi.
They get ready for battle against her, saying, “Come on, we'll attack at noon! Oh no, the day is almost over, the evening shadows are growing long.
5 Eya ta mitso ne míadze aʋa le zã me ne miagbã eƒe mɔ sesẽwo!”
Come on, we'll attack at night instead and destroy her fortresses!”
6 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Milã atiawo, eye miaƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu. Ele be woahe to na du sia elabena eyɔ fũu kple ŋutasesẽ.
This is what the Lord Almighty says: Cut down the trees and make a siege ramp to use against Jerusalem. This city needs to be punished because it's full of people mistreating one another.
7 Abe ale si vudo dzia tsii ene la, nenema eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le dzidzimii. Nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe eme. Eƒe dɔléle kple abiwo le nye ŋkume ɖaa.
Like a spring gushing out water, so she pours out her evil. The sounds of violence and abuse echo inside her. I see people sick and wounded everywhere.
8 Oo, Yerusalem, se nyagbename, ne menye nenema o la, matrɔ adzo le gbɔwò, eye mawɔ wò anyigba wòazu gbegbe, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ edzi o.”
I'm warning you, people of Jerusalem, I'm going to give up on you in disgust. I will destroy you and leave your country uninhabited.
9 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye si, “Mina ne woaxa Israel ƒe ame susɔeawo abe ale si woxaa waintsetse le kawo ŋu ƒiaƒiaƒiae ene. Gatsɔ wò asiwo lili kawo ŋu abe ame si le wain gbem la ene.”
This is what the Lord Almighty says: Even those left in Israel will be taken, just as grapes left on a vine are taken by the one harvesting the grapes who checks the branches again.
10 Ame ka maƒo nu na, eye mana nuxɔxlɔ̃e? Ame ka aɖo tom? Woƒe towo xe, eya ta womate ŋu ase nu o. Yehowa ƒe nya vea dɔ me na wo eye womedinɛ be yewoase o.
Who can I give this warning to? Who's going to listen to me? Can't you see that they refuse to listen? They can't hear what I'm saying. See how offensive the Lord's message is to them. They don't like it at all.
11 Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la yɔm fũu eye nyemate ŋu atu nu ɖe enu o. “Trɔe kɔ ɖe ɖevi siwo le mɔtata dzi kple ɖekakpui siwo ƒo ta kpli la dzi, akɔ ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa dzi. Nenema kee wòanɔ na ametsitsi siwo do dɔgɔ̃e le ƒe geɖe xɔxɔ ta.
But as for me, I'm full of the Lord's anger; I have a hard time keeping it in. The Lord replies, Pour it out on children in the street, and on groups of young people, because both husband and wife are going to be captured—it's everyone, and it doesn't matter how old they are.
12 Woatsɔ woƒe aƒewo ana ame bubuwo hekpe ɖe woƒe agblewo kple wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu, ne medo nye asi ɖa ɖe ame siwo le anyigba dzi la ŋuti.” Yehowae gblɔe.
Their houses will be given to others, their fields and wives too, because I'm going to punish everyone living in this country, declares the Lord.
13 “Elabena wo katã wonye ŋuklẽlawo ɖe viɖe ŋuti, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye alakpatɔwo.
Everyone cheats because they're greedy, poor and rich alike. Even prophets and priests—they are all dishonest liars!
14 Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene. Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa.’ Evɔ la, ŋutifafa aɖeke meli hafi o.
They give my wounded people first aid, but they don't really care about them. They tell them, “Don't worry! We have peace!” even as war approaches.
15 Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la, le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o, eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe.
Were they ashamed of the disgusting things they did? No, they weren't ashamed at all, they couldn't even blush. So they will fall just like the others, when I punish them; they will drop down dead, says the Lord.
16 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu. Mibia blemamɔwo ta se, mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi, eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme. Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’
This is what the Lord says: Go and stand where the roads divide, and look. Find out which are the old paths. Ask, “What's the right way?” Then follow it and you'll be content. But you refused, saying, “We won't go that way!”
17 Meɖo gbetakpɔlawo na mi hegblɔ na mi be, ‘Miɖo to kpẽ la ƒe ɖiɖi!’ Gake miegblɔ be, ‘Míaɖo to o.’
I put watchmen in charge of you and told you, make sure you listen for the trumpet call warning you of danger. But you answered, “We won't listen!”
18 Eya ta miesee o. Oo, mi dukɔwo, Oo ɖasefowo, milé ŋku ɖe nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu.
So now you other nations can listen and find out what's going to happen to them.
19 Oo, anyigba, see. Mele gbegblẽ he ge va dukɔ sia dzi, esia nye woƒe tameɖoɖowo ƒe metsonu, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wogbe nye se dzi wɔwɔ.
Earth, you listen too! I am bringing disaster down on this people, the end result of what they themselves planned. It's because they paid no attention to what I said, and rejected my instructions.
20 Nu ka dzudzɔʋeʋĩdonu si tso Seba nye nam alo gbeʋeʋĩ si tso didiƒenyigba dzi la awɔ nam? Miaƒe numevɔsawo medze ŋunye o eye miaƒe akpedavɔsawo medo dzidzɔ nam o.”
What's the point of offering me frankincense from Sheba or sweet calamus from a far-away land? I don't accept your burnt offerings; I'm not pleased with your sacrifices.
21 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, matsɔ nukikliwo ada ɖe dukɔ sia ŋgɔ. Fofowo kple viŋutsuwo siaa akli wo adze anyi eye aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo hã atsrɔ̃.”
So this is what the Lord says: I'm going to put blocks in front of these people to trip them up. Fathers and sons will fall down dead, friends and neighbors too.
22 Ale Yehowa gblɔe nye si, “Kpɔ ɖa asrafoha gã aɖe tso anyiehenyigba dzi gbɔna. Wonye dukɔ xɔŋkɔ aɖe tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
This is what the Lord says: Look! An army is invading from the north; a powerful nation is getting ready to attack all the way from the ends of the earth.
23 Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ. Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o. Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la, woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene. Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Zion vinyɔnu.
They pick up their bows and spears. They are cruel and show no mercy. Their war-cries are like the sea roaring, and they ride horses lined up ready to attack you, Daughter of Zion.
24 “Míese nutsotso geɖe tso wo ŋu eya ta míaƒe alɔwo ku ɖe mia ŋu. Ŋɔdzi lé mí eye míese veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.
The people reply, “We've heard the news, and our hands are limp with shock! We're overcome with agony, suffering pain like a woman in labor.
25 Migado yi ɖe agble alo azɔ le mɔtatawo dzi o, elabena yi le futɔ la si eye ŋɔdzi ƒo xlã mi kpe ɖo.
Don't go to the field! Don't walk down the road! The enemy is armed with swords! Terror is everywhere!”
26 Oo, nye dukɔ, mita akpanya, miamli le dzofi me. Fa konyi vevie kple ɣli abe ame si viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ ku na la ene, elabena nugblẽla la ava ƒo ɖe mía dzi zi ɖeka kpoyi!
Oh my people, put on sackcloth and roll around in ashes. Mourn and cry bitterly like you would for an only son, because the destroyer will come down on you suddenly.
27 “Metsɔ wò ɖo galolõlae eye nye dukɔe nye ga si lolõ ge woala, be nànya, eye nàdo woƒe mɔwo kpɔ.
Jeremiah, I have made you a tester of metals so you can test my people as if they were metal, so you can know what they're made of and how they act.
28 Wo katã nye aglãdzela vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo. Wole tsatsam be woagblẽ ame ŋu. Wole abe akɔbli kple gayibɔ ene. Ame dovowoe wo katã wonye.
They're all stubborn rebels going around talking slander. They are hard as bronze and iron; they are all corrupt.
29 Wole ʋu yɔm kple ŋusẽ be woafia nu manyomanyo la le gadzẽ la me, gake wowɔe ʋuu do kpoe. Elabena womayɔ ʋu ɖe ame vɔ̃ɖi te wòatrɔ o.
The bellows in the refiner's furnace blow powerfully, burning away the lead. But this refining is pointless, because the wicked are not purified.
30 Woyɔa wo be klosalo si wogbe, elabena Yehowa gbe nu le wo gbɔ.”
They are identified as impure silver to be rejected, because the Lord has rejected them.