< Yeremia 52 >

1 Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna.
Sedequías tenía veintiún años cuando llegó a ser rey, y reinó en Jerusalén durante once años. Su madre se llamaba Hamutal, hija de Jeremías y era de Libna.
2 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si Yehoyakim wɔe ene.
Hizo lo malo ante los ojos del Señor, tal como lo había hecho Joacim.
3 Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.
Todo esto sucedió en Jerusalén y en Judá, a causa de la ira del Señor, hasta que finalmente los desterró de su presencia. Sedequías se rebeló contra el rey de Babilonia.
4 Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la.
En el noveno año del reinado de Sedequías, el décimo día del décimo mes, Nabucodonosor, rey de Babilonia, atacó Jerusalén con todo su ejército. Acampó alrededor de la ciudad y construyó rampas de asedio contra las murallas.
5 Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
La ciudad permaneció sitiada hasta el undécimo año del rey Sedequías.
6 Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o.
Para el noveno día del cuarto mes, la hambruna en la ciudad era tan grave que la gente no tenía nada que comer.
7 Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe
Entonces se rompió la muralla de la ciudad, y todos los soldados huyeron, escapando de noche por la puerta entre las dos murallas junto al jardín del rey, aunque los babilonios tenían la ciudad rodeada. Se dirigieron en dirección al Arabá,
8 gake Babilonia ƒe aʋakɔ la ti Fia Zedekia yome eye wòva tui le Yeriko tagba. Woma eya kple eƒe asrafowo dome eye asrafoawo kaka gbẽe.
pero el ejército babilónico persiguió al rey y lo alcanzó en las llanuras de Jericó. Todo su ejército se había dispersado y lo había abandonado.
9 Ke wolé eya ŋutɔ. Wokplɔe yi na Babilonia fia le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wòbu fɔe le.
Capturaron al rey y lo llevaron ante el rey de Babilonia en Ribla, donde lo condenó.
10 Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viwo katã le eŋkume, hekpe ɖe Yuda ƒe dumegãwo ŋu.
El rey de Babilonia masacró a los hijos de Sedequías mientras él miraba, y también mató a los funcionarios de Judá allí en Riblá.
11 Emegbe Babilonia fia gbã Zedekia ƒe ŋkuwo heblae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wòkplɔe yi Babilonia afi si wòdee gaxɔ me ɖo va se ɖe eƒe kugbe.
Luego le sacó los ojos a Sedequías y lo ató con grilletes de bronce. El rey de Babilonia lo llevó a Babilonia y lo encarceló allí hasta el día de su muerte.
12 Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewoa gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si wɔ dɔ le Babilonia fia te la va Yerusalem.
El día diez del mes quinto, en el año diecinueve de Nabucodonosor, rey de Babilonia, entró en Jerusalén Nabuzaradán, comandante de la guardia, oficial del rey de Babilonia.
13 Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe.
Quemó el Templo del Señor, el palacio real y todos los grandes edificios de Jerusalén.
14 Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ.
Todo el ejército babilónico bajo el mando del comandante de la guardia derribó todos los muros alrededor de Jerusalén.
15 Aʋafia, Nebuzaradan kplɔ ame dahewo, ame siwo susɔ ɖe dua me kple aɖaŋudɔwɔlawo kple ame siwo si Babilonia fia tso la yi aboyo mee.
Nabuzaradán, el comandante de la guardia, deportó a algunos de los pobres y a los que quedaban en la ciudad, incluso a los que se habían pasado al lado del rey de Babilonia, así como al resto de los artesanos.
16 Gake Nebuzaradan gblẽ anyigba la ƒe ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi.
Pero Nabuzaradán permitió que otros de los pobres que habían quedado en el campo se quedaran cuidando las viñas y los campos.
17 Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia.
Los babilonios rompieron en pedazos las columnas de bronce, los carros móviles y el mar de bronce que pertenecían al Templo del Señor, y se llevaron todo el bronce a Babilonia.
18 Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ me la hã dzoe.
También se llevaron todas las ollas, las palas, los apagadores de lámparas, las tazas de aspersión y todos los demás objetos de bronce que se utilizaban en el servicio del Templo.
19 Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ gagbawo, dzoɖesonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, nuɖugbawo kple gagba siwo ŋu dɔ wowɔna le nunovɔsa me la hã dzoe, nu siwo wowɔ kple sika nyuitɔ alo klosalo.
El comandante de la guardia se llevó las palanganas, los incensarios, los aspersores, las ollas, los candelabros, los platos y los tazones, todo lo que era de oro puro o de plata.
20 Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo, gazɔwo kple akɔblinyitsu wuieve siwo le wo te kple eƒe afɔtiwo ŋuti, siwo fia Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ, nu siawo katã ƒe akɔbli mele dada me o.
La cantidad de bronce que provenía de las dos columnas, del Mar, de los doce toros de bronce que estaban debajo y de los carros móviles que Salomón había hecho para el Templo del Señor, todo esto pesaba más de lo que se podía medir.
21 Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ, eye wòkeke “mita” ade, ɖe sia ɖe ƒe titrime anye asibidɛ ene eye do le wo me.
Cada columna tenía dieciocho codos de altura y doce codos de circunferencia. Eran huecas, con paredes de cuatro dedos de espesor.
22 Wotsɔ akɔbli wɔ kukuvi ɖe sɔti ɖe sia ɖe tame, kukuvi ɖe sia ɖe ƒe kɔkɔme nye “mita” eve kple afã. Wolɔ̃ ɖɔ tɔxɛ aɖe tsɔ do atsiã na kukuviawo godoo va kpe eye nenema ke wotsɔ akɔbli wɔ nu si woyɔna be yevuboɖa la ɖe kukuviawo ŋuti godoo va kpe ɖe atsiã tɔxɛ me. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo.
El capitel de bronce de una de las columnas tenía una altura de cinco codos y una red de granadas de bronce a su alrededor. La segunda columna era igual, y también tenía una red decorativa.
23 Yevuboɖa blaasiekɛ-vɔ-ade le axawo dzi, eye esiwo katã wolɔ̃ ƒo xlã sɔtiawo la le alafa ɖeka.
Había noventa y seis granadas de bronce alrededor de cada columna. Encima de la red había un total de cien granadas.
24 Aʋafia la ɖe aboyo nunɔlagã Seraya, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo.
El comandante de la guardia tomó como prisioneros a Seraías, el jefe de los sacerdotes, al sacerdote Sofonías, segundo en rango, y a los tres porteros del Templo.
25 Ekplɔ asrafo siwo gale aʋa wɔm la ƒe amegã kple fia ƒe aɖaŋuɖola adre, le ame siwo gasusɔ ɖe dua me la dome dzoe. Egakplɔ agbalẽŋlɔla si nye dɔnunɔlagã si dia amewo dea asrafodɔ me kple eŋutime blaade siwo ŋu wòke ɖo le dua me la hã dzoe.
De los que quedaron en la ciudad tomó al oficial a cargo de los soldados y a siete de los consejeros del rey. También se llevó al secretario del comandante del ejército, encargado de convocar al pueblo para el servicio militar, y a otros sesenta hombres que estaban presentes en la ciudad.
26 Aʋafia Nebuzaradan kplɔ wo yi na Babilonia fia le Ribla.
Nabuzaradán, el comandante de la guardia, los tomó y los llevó ante el rey de Babilonia en Ribla.
27 Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi.
El rey de Babilonia los hizo ejecutar en Ribla, en la tierra de Hamat. Entonces el pueblo de Judá tuvo que abandonar su tierra.
28 Esia nye ame siwo Nebukadnezar kplɔ yi aboyo mee la ƒe xexlẽme: Le eƒe ƒe adrelia me, Yudatɔwo, ame akpe etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃;
Este es un registro del número de personas que Nabucodonosor llevó al exilio. En el séptimo año de su reinado se llevó a 3.023 judíos.
29 Le Nebukadnezar ƒe ƒe wuienyilia me, Yerusalemtɔ alafa enyi kple blaetɔ̃-vɔ-eve;
En su decimoctavo año, Nabucodonosor se llevó a otros 832 de Jerusalén.
30 Le eƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me, Yudatɔ alafa adre blaene-vɔ-atɔ̃, ame siwo aʋafia Nebuzaradan kplɔ dzoe. Aboyomeyilawo katã le ame akpe ane, alafa ade.
En el año veintitrés del reinado de Nabucodonosor, Nabuzaradán, el comandante de la guardia, se llevó a otros 745 judíos, haciendo un total de 4.600.
31 Le Yuda fia, Yehoyatsin ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, le ƒe si me Evil Merodak zu fia le Babilonia la, eɖe Yuda fia Yehoyatsin tso gaxɔ me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia dzi.
En el año en que Evil-merodac se convirtió en rey de Babilonia, liberó a Joaquín, rey de Judá, de la prisión. Esto sucedió el día veinticinco del duodécimo mes del trigésimo séptimo año del destierro de Joaquín, rey de Judá.
32 Eƒo nu nɛ lɔlɔ̃tɔe eye wòna bubuteƒe si kɔ wu fia siwo katã li kpli le Babilonia la tɔ.
El rey de Babilonia lo trató bien y le dio una posición de honor superior a la de los otros reyes que estaban con él en Babilonia.
33 Ale Yehoyatsin ɖe eƒe gaxɔmewu da ɖi, heɖu nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
Así, Joaquín pudo quitarse la ropa de la cárcel y comió con frecuencia en la mesa del rey durante el resto de su vida.
34 Babilonia fia naa Yehoyatsin ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwoe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me va se ɖe eƒe kugbe.
El rey le dio a Joaquín una pensión diaria por el resto de su vida hasta que murió.

< Yeremia 52 >