< Yeremia 51 >

1 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋã nugblẽla aɖe ƒe gbɔgbɔ ɖe Babilonia kple ame siwo le Leb Kamai ŋuti.
כה אמר יהוה הנני מעיר על בבל ואל ישבי לב קמי רוח משחית׃
2 Madɔ amedzrowo ɖo ɖe Babilonia be woagbɔe abe lu ene, eye woatsrɔ̃ eƒe anyigba. Woatsi tsitre ɖe eŋu le go sia go me le eƒe gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
ושלחתי לבבל זרים וזרוה ויבקקו את ארצה כי היו עליה מסביב ביום רעה׃
3 Mègana woƒe aŋutrɔdala nagahe eƒe dati me alo atsɔ eƒe akpoxɔnu ado o. Mègakpɔ nublanui na eƒe ɖekakpuiwo o, ke boŋ tsrɔ̃ eƒe aʋakɔ la keŋkeŋkeŋ.
אל ידרך ידרך הדרך קשתו ואל יתעל בסרינו ואל תחמלו אל בחריה החרימו כל צבאה׃
4 Woadze anyi aku ɖe Babilonia eye woaxɔ abi vevie le eƒe ablɔwo dzi.
ונפלו חללים בארץ כשדים ומדקרים בחוצותיה׃
5 Elabena Israel kple Yuda ƒe Mawu la Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, megbe wo o, togbɔ be woƒe anyigba la yɔ fũu kple nu vɔ̃ le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋkume hã.
כי לא אלמן ישראל ויהודה מאלהיו מיהוה צבאות כי ארצם מלאה אשם מקדוש ישראל׃
6 “Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe! Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o. Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia, axe fe si dzee la nɛ.
נסו מתוך בבל ומלטו איש נפשו אל תדמו בעונה כי עת נקמה היא ליהוה גמול הוא משלם לה׃
7 Babilonia nye sikakplu le Yehowa ƒe asi me, eye wòna xexea me katã mu aha. Dukɔwo no eƒe wain, eya ta fifi laa la, wo katã wodze aɖaʋa.
כוס זהב בבל ביד יהוה משכרת כל הארץ מיינה שתו גוים על כן יתהללו גוים׃
8 Babilonia adze anyi kpata, eye woagbã gudugudu. Fa avi sesĩe ɖe eta! Di dɔyɔmi na eƒe vevesese, ɖewohĩ akpɔ dɔyɔyɔ.
פתאם נפלה בבל ותשבר הילילו עליה קחו צרי למכאובה אולי תרפא׃
9 “‘Anye ne míeyɔ dɔ Babilonia, gake womate ŋu ayɔ dɔe o; mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi eƒe du me, agblẽe ɖi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖatɔ dziƒo, eye wòkɔ abe lilikpo ene.’
רפאנו את בבל ולא נרפתה עזבוה ונלך איש לארצו כי נגע אל השמים משפטה ונשא עד שחקים׃
10 “‘Yehowa tso afia na mí, miva, míaɖe gbeƒã nu si Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ le Zion.’
הוציא יהוה את צדקתינו באו ונספרה בציון את מעשה יהוה אלהינו׃
11 “Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo! Yehowa de adã ta me na Media fiawo elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia. Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.
הברו החצים מלאו השלטים העיר יהוה את רוח מלכי מדי כי על בבל מזמתו להשחיתה כי נקמת יהוה היא נקמת היכלו׃
12 Mikɔ aflaga dzi ɖe Babilonia ƒe gliwo ŋu! Miyɔ dzɔla bubuwo vɛ va kpe esiwo li xoxo, miɖo gbetakpɔlawo wo nɔƒe, eye mina amewo nade xa ɖi na wo. Yehowa awɔ ɖe nu si wòɖo la dzi, awɔ nu siwo wògblɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ŋuti la dzi.
אל חומת בבל שאו נס החזיקו המשמר הקימו שמרים הכינו הארבים כי גם זמם יהוה גם עשה את אשר דבר אל ישבי בבל׃
13 Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo to eye kesinɔnu geɖewo le mia si, miaƒe nuwuwu ɖo, ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi,
שכנתי על מים רבים רבת אוצרת בא קצך אמת בצעך׃
14 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ta eɖokui ƒe agbe be: Mana amewo nayɔ mewò fũu abe ʋetsuviwo ƒe ha wonye ene, eye woado dziɖuɖu ƒe ɣli ɖe tawò.
נשבע יהוה צבאות בנפשו כי אם מלאתיך אדם כילק וענו עליך הידד׃
15 “Eƒe ŋusẽ wòtsɔ wɔ anyigbae; eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee.
עשה ארץ בכחו מכין תבל בחכמתו ובתבונתו נטה שמים׃
16 Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
לקול תתו המון מים בשמים ויעל נשאים מקצה ארץ ברקים למטר עשה ויוצא רוח מאצרתיו׃
17 “Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o.
נבער כל אדם מדעת הביש כל צרף מפסל כי שקר נסכו ולא רוח בם׃
18 Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.
הבל המה מעשה תעתעים בעת פקדתם יאבדו׃
19 Ke ame si nye Yakob ƒe gome la mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nuwo katã wɔla eye eya kee wɔ dukɔ si nye eƒe domenyinu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
לא כאלה חלק יעקוב כי יוצר הכל הוא ושבט נחלתו יהוה צבאות שמו׃
20 “Aʋawɔkpo kple aʋawɔnu nènye nam, wòe metsɔ kaka dukɔwoe, wòe metsɔ tsrɔ̃ fiaɖuƒewoe.
מפץ אתה לי כלי מלחמה ונפצתי בך גוים והשחתי בך ממלכות׃
21 Wòe metsɔ kaka sɔ kple sɔdolae, wòe metsɔ kaka tasiaɖam kple ekulae.
ונפצתי בך סוס ורכבו ונפצתי בך רכב ורכבו׃
22 Wòe metsɔ kaka ŋutsu kple nyɔnue; wòe metsɔ kaka ame tsitsiwo kple sɔhɛwoe, wòe metsɔ kaka ɖekakpui kple ɖetugbie.
ונפצתי בך איש ואשה ונפצתי בך זקן ונער ונפצתי בך בחור ובתולה׃
23 Wòe metsɔ kaka alẽkplɔla kple alẽha lae, wòe metsɔ kaka agbledela kple eƒe nyiwoe eye wòe metsɔ kaka mɔmefiawo kple woƒe dɔdzikpɔlawoe.
ונפצתי בך רעה ועדרו ונפצתי בך אכר וצמדו ונפצתי בך פחות וסגנים׃
24 “Le miaƒe ŋkume maxe fe na Babilonia kple Babilonianɔlawo katã, ɖe nu gbegblẽ siwo katã wova wɔ le Zion la ta.” Yehowae gblɔe.
ושלמתי לבבל ולכל יושבי כשדים את כל רעתם אשר עשו בציון לעיניכם נאם יהוה׃
25 Yehowa be, “Metso ɖe ŋuwò, O, wò to nugblẽla, wò si gblẽ xexea me katã. Mado nye asi ɖe gbɔwò, atu asi wò nàmli age tso to dzi adze anyi eye mawɔ wò abe to si dzo bi la ene.
הנני אליך הר המשחית נאם יהוה המשחית את כל הארץ ונטיתי את ידי עליך וגלגלתיך מן הסלעים ונתתיך להר שרפה׃
26 Womagaɖe kpe aɖeke le mewò atsɔ wɔ dzogoedzikpe alo gɔmeɖokpee o elabena àzu gbegbe tegbee.” Yehowae gblɔe.
ולא יקחו ממך אבן לפנה ואבן למוסדות כי שממות עולם תהיה נאם יהוה׃
27 “Kɔ aflaga dzi le anyigba la dzi! Ku kpẽ la le dukɔwo dome! Dzra dukɔwo ɖo woakpe aʋa kplii. Yɔ fiaɖuƒe siawo woava sɔ ɖe eŋu, Ararat, Mini kple Askenaz. Ɖo aʋafia ɖe eŋu, eye nàdɔ sɔ siwo sɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ene la ɖe eŋu.
שאו נס בארץ תקעו שופר בגוים קדשו עליה גוים השמיעו עליה ממלכות אררט מני ואשכנז פקדו עליה טפסר העלו סוס כילק סמר׃
28 Dzra dukɔwo ɖo ne woakpe aʋa kplii. Media fiawo, woƒe dziɖulawo, woƒe dɔnunɔlawo katã kple dukɔ siwo katã dzi ɖum wole la nakpe aʋa kplii.
קדשו עליה גוים את מלכי מדי את פחותיה ואת כל סגניה ואת כל ארץ ממשלתו׃
29 Anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya elabena Yehowa ƒe ɖoɖowo ɖe Babilonia ŋu le te be, wòado gbegbe Babilonianyigba ale be ame aɖeke maganɔ edzi akpɔ o.
ותרעש הארץ ותחל כי קמה על בבל מחשבות יהוה לשום את ארץ בבל לשמה מאין יושב׃
30 Babilonia ƒe kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ eye wotsi woƒe mɔ sesẽwo me. Ŋusẽ vɔ le wo ŋu, eye wole ko abe nyɔnuwo ene. Wotɔ dzo eƒe nɔƒewo eye woŋe eƒe agbometiwo.
חדלו גבורי בבל להלחם ישבו במצדות נשתה גבורתם היו לנשים הציתו משכנתיה נשברו בריחיה׃
31 Duƒula kplɔ duƒula ɖo eye dɔtsɔla kplɔ dɔtsɔla ɖo ne woaɖagblɔ na Babilonia fia be, woxɔ eƒe du la
רץ לקראת רץ ירוץ ומגיד לקראת מגיד להגיד למלך בבל כי נלכדה עירו מקצה׃
32 kple tɔtsoƒewo hetɔ dzo simenyigba eye ŋɔdzi lé asrafoawo.”
והמעברות נתפשו ואת האגמים שרפו באש ואנשי המלחמה נבהלו׃
33 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene; eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.”
כי כה אמר יהוה צבאות אלהי ישראל בת בבל כגרן עת הדריכה עוד מעט ובאה עת הקציר לה׃
34 “Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí, de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míele abe tsizɔ ƒuƒluwo ene. Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui, emegbe etu mí ƒu gbe.
אכלנו הממנו נבוכדראצר מלך בבל הציגנו כלי ריק בלענו כתנין מלא כרשו מעדני הדיחנו׃
35 Ŋuta si Babilonia sẽ le míaƒe ŋutilãwo ŋuti la neva edzi. Zion nɔlawoe gblɔe.” “Míaƒe ʋu neva Babilonianɔlawo ƒe ta dzi.” Yerusalemtɔwoe gblɔe.
חמסי ושארי על בבל תאמר ישבת ציון ודמי אל ישבי כשדים תאמר ירושלם׃
36 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋli tawò eye mabia hlɔ̃ na wò. Mana eƒe atsiaƒu namie ƒiaƒiaƒia eye eƒe vudowo me naƒu kplakplakpla.
לכן כה אמר יהוה הנני רב את ריבך ונקמתי את נקמתך והחרבתי את ימה והבשתי את מקורה׃
37 Babilonia azu anyiglago, amegãxiwo nɔƒe eye wòazu ŋɔdzinu kple fewuɖunu, teƒe si ame maganɔ akpɔ o.
והיתה בבל לגלים מעון תנים שמה ושרקה מאין יושב׃
38 Eƒe amewo katã le gbe ɖem abe dzatawo ene eye wole gbe tem abe dzataviwo ene.
יחדו ככפרים ישאגו נערו כגורי אריות׃
39 Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la, maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha, ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa, emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.” Yehowae gblɔe.
בחמם אשית את משתיהם והשכרתים למען יעלזו וישנו שנת עולם ולא יקיצו נאם יהוה׃
40 “Mana woakplɔ wo vɛ abe alẽviwo, agbowo kple gbɔ̃wo ene ayi wuwu ge.
אורידם ככרים לטבוח כאילים עם עתודים׃
41 “Aleke woahalé Sesak eye asi asu anyigba blibo la ƒe adegbeƒola dzi! Aleke Babilonia azu ŋɔdzinu le dukɔwo dome!
איך נלכדה ששך ותתפש תהלת כל הארץ איך היתה לשמה בבל בגוים׃
42 Atsiaƒu aɖɔ agbagba ɖe Babilonia dzi eƒe ƒutsotsoe dzeagbowo aŋe atsyɔ edzi.
עלה על בבל הים בהמון גליו נכסתה׃
43 Eƒe duwo azu aƒedo, kuɖiɖinyigba, dzogbenyigba kple anyigba si dzi ame maganɔ alo mɔzɔla aɖe nato ayi o.
היו עריה לשמה ארץ ציה וערבה ארץ לא ישב בהן כל איש ולא יעבר בהן בן אדם׃
44 Mahe to na Bel le Babilonia eye mana wòaɖe nu si wòmi. Dukɔwo magaƒo zi ayi egbɔ o eye Babilonia ƒe gliwo amu adze anyi.
ופקדתי על בל בבבל והצאתי את בלעו מפיו ולא ינהרו אליו עוד גוים גם חומת בבל נפלה׃
45 “Nye amewo, mido le wo dome! Misi kple du ne miaɖe miaƒe agbe! Misi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la nu.
צאו מתוכה עמי ומלטו איש את נפשו מחרון אף יהוה׃
46 Ne nyawo le ɖiɖim le anyigba dzi, ƒe sia me miese be ale, eye ƒe kemɛ me wobe ale, ne miese ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo alo miavɔ̃ o.
ופן ירך לבבכם ותיראו בשמועה הנשמעת בארץ ובא בשנה השמועה ואחריו בשנה השמועה וחמס בארץ ומשל על משל׃
47 Elabena ɣeyiɣi li gbɔna, esi mahe to na Babilonia legbawo godoo eye ŋukpe alé eƒe anyigba blibo la ale be eƒe Ame tsiaʋawo akaka ɖe anyigba blibo la dzi.
לכן הנה ימים באים ופקדתי על פסילי בבל וכל ארצה תבוש וכל חלליה יפלו בתוכה׃
48 Ekema dziƒo kple emenuwo kple anyigba kple edzinuwo katã ado ɣli kple dzidzɔ ɖe Babilonia ŋu, elabena nugblẽlawo atso anyiehe ava ƒo ɖe edzi.” Yehowae gblɔe.
ורננו על בבל שמים וארץ וכל אשר בהם כי מצפון יבוא לה השודדים נאם יהוה׃
49 “Abe ale si Israel kple anyigba bubuwo dzi tɔwo tsi aʋae le Babilonia ta ene la, nenema wòle na eya hã be wòamu adze anyi.
גם בבל לנפל חללי ישראל גם לבבל נפלו חללי כל הארץ׃
50 Mi ame siwo si le yi nu, midzo, migatɔ ɖi o! Miɖo ŋku Yehowa dzi le didiƒenyigba dzi eye mibu Yerusalem ŋu.”
פלטים מחרב הלכו אל תעמדו זכרו מרחוק את יהוה וירושלם תעלה על לבבכם׃
51 “Wodo ŋukpe mí elabena wodzu mí eye ŋukpe tsyɔ míaƒe mowo, elabena amedzrowo ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe teƒe kɔkɔewo.”
בשנו כי שמענו חרפה כסתה כלמה פנינו כי באו זרים על מקדשי בית יהוה׃
52 Yehowa be, “Gake ŋkekewo li gbɔna esi mahe to na eƒe legbawo eye abixɔlawo anɔ ŋeŋem le eƒe anyigba blibo la dzi.
לכן הנה ימים באים נאם יהוה ופקדתי על פסיליה ובכל ארצה יאנק חלל׃
53 Ne Babilonia kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòglã eƒe mɔ kɔkɔwo gɔ̃ hã la, madɔ nugblẽlawo ɖe eŋu.” Yehowae gblɔe.
כי תעלה בבל השמים וכי תבצר מרום עזה מאתי יבאו שדדים לה נאם יהוה׃
54 “Avi le ɖiɖim tso Babilonia, gbegblẽ ƒe ɣli gã aɖe le ɖiɖim tso Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi.
קול זעקה מבבל ושבר גדול מארץ כשדים׃
55 Yehowa atsrɔ̃ Babilonia, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu. Abe ale si ƒutsotsoewo ɖea gbee ne ƒu dze agbo ene la, nenema futɔwo ƒe gbe aɖii ne wova ƒo ɖe edzi.
כי שדד יהוה את בבל ואבד ממנה קול גדול והמו גליהם כמים רבים נתן שאון קולם׃
56 Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo, ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu, nuteƒeɖolae nye Yehowa, aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ.
כי בא עליה על בבל שודד ונלכדו גבוריה חתתה קשתותם כי אל גמלות יהוה שלם ישלם׃
57 Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha, nenema kee nye woƒe dziɖulawo, dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa; woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.” Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
והשכרתי שריה וחכמיה פחותיה וסגניה וגבוריה וישנו שנת עולם ולא יקיצו נאם המלך יהוה צבאות שמו׃
58 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Woagbã Babilonia ƒe glikpɔ sesẽ la gudugudu eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔ la, emenɔlawo ka hiã wo ɖokuiwo yakatsyɔ eye dukɔwo ƒe agbagbadzedze zu ami si kɔm wole ɖe dzoa me.”
כה אמר יהוה צבאות חמות בבל הרחבה ערער תתערער ושעריה הגבהים באש יצתו ויגעו עמים בדי ריק ולאמים בדי אש ויעפו׃
59 Esia nye gbedeasi si Yeremia tsɔ na dɔnunɔlagã Seraya, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, esi wòyi ɖe Babilonia kple Yuda fia Zedekia, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me.
הדבר אשר צוה ירמיהו הנביא את שריה בן נריה בן מחסיה בלכתו את צדקיהו מלך יהודה בבל בשנת הרבעית למלכו ושריה שר מנוחה׃
60 Yeremia ŋlɔ gbegblẽ siwo katã ava Babilonia dzi la ɖe lãgbalẽ dzi eye wonye nyaŋlɔɖiwo tso Babilonia ŋuti.
ויכתב ירמיהו את כל הרעה אשר תבוא אל בבל אל ספר אחד את כל הדברים האלה הכתבים אל בבל׃
61 Egblɔ na Seraya be, “Kpɔ egbɔ be yexlẽ nya siawo kple ɣli ne mieva ɖo Babilonia.
ויאמר ירמיהו אל שריה כבאך בבל וראית וקראת את כל הדברים האלה׃
62 Emegbe nàgblɔ be, ‘O Yehowa, ègblɔ be yele teƒe sia tsrɔ̃ ge ale gbegbe be amegbetɔwo alo lãwo manɔ anyi o; azu aƒedo tegbetegbee.’
ואמרת יהוה אתה דברת אל המקום הזה להכריתו לבלתי היות בו יושב למאדם ועד בהמה כי שממות עולם תהיה׃
63 Ne èxlẽ lãgbalẽ sia me nyawo vɔ la, tsɔ kpe bla ɖe lãgbalẽ la ŋuti eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Frat tɔsisi la me.
והיה ככלתך לקרא את הספר הזה תקשר עליו אבן והשלכתו אל תוך פרת׃
64 Ekema nàgblɔ be, ‘Alea Babilonia adze toe eye magaho ɖe dzi akpɔ o, le gbegblẽ si mahe va edzii la ta. Eƒe amewo hã atsi aʋa.’” Yeremia ƒe nyawo wu nu ɖe afii.
ואמרת ככה תשקע בבל ולא תקום מפני הרעה אשר אנכי מביא עליה ויעפו עד הנה דברי ירמיהו׃

< Yeremia 51 >