< Yeremia 50 >

1 Esia nye nya si Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi ku ɖe Babilonia kple Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋuti:
הדבר אשר דבר יהוה אל בבל--אל ארץ כשדים ביד ירמיהו הנביא
2 “Miɖe gbeƒãe eye mido kpoe le dukɔwo dome, mikɔ aflaga dzi, ne miado bobloe; migagbe nya la katã gbɔgblɔ o, ke boŋ migblɔ be, ‘Woaxɔ Babilonia, ŋukpe alé Bel eye ŋɔdzi alé Marduk vevie. Woado ŋukpe eƒe legbawo eye ŋɔdzi alé eƒe aklamakpakpɛwo.’
הגידו בגוים והשמיעו ושאו נס השמיעו אל תכחדו אמרו נלכדה בבל הביש בל חת מרדך הבישו עצביה חתו גלוליה
3 Dukɔ si tso anyiehe la ava dze edzi eye wòagblẽ eƒe anyigba keŋkeŋ. Ame aɖeke manɔ edzi o, amewo kple lãwo siaa asi adzo.”
כי עלה עליה גוי מצפון הוא ישית את ארצה לשמה ולא יהיה יושב בה מאדם ועד בהמה נדו הלכו
4 Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me la, Israelviwo kple Yudatɔwo siaa awɔ ɖeka ava Yehowa, woƒe Mawu la gbɔ kple avi.
בימים ההמה ובעת ההיא נאם יהוה יבאו בני ישראל המה ובני יהודה יחדו הלוך ובכו ילכו ואת יהוה אלהיהם יבקשו
5 Woabia Zion ƒe mɔ ta ase eye woatrɔ woƒe mo ɖo ɖe egbɔ. Woava eye woabla nubabla mavɔ kple Yehowa, nubabla si womaŋlɔ be akpɔ o.
ציון ישאלו דרך הנה פניהם באו ונלוו אל יהוה ברית עולם לא תשכח
6 “Nye dukɔ le abe alẽ tatrawo ene, woƒe kplɔlawoe kplɔ wo trae eye wona wole tsatsam le towo dzi. Wole tsaglãla tsam le towo kple togbɛwo dzi eye woŋlɔ woawo ŋutɔ ƒe nɔƒe be.
צאן אבדות היה (היו) עמי--רעיהם התעום הרים שובבים (שובבום) מהר אל גבעה הלכו שכחו רבצם
7 Ame sia ame si ke ɖe wo ŋu la vuvua wo; woƒe futɔwo gblɔ be, ‘Míedze agɔ o, elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe lãnyiƒe vavã, kple Yehowa wo fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti?’
כל מוצאיהם אכלום וצריהם אמרו לא נאשם תחת אשר חטאו ליהוה נוה צדק ומקוה אבותיהם יהוה
8 “Misi do go le Babilonia, midzo le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi eye minɔ abe agbowo le alẽhawo ŋgɔ ene,
נדו מתוך בבל ומארץ כשדים יצאו (צאו) והיו כעתודים לפני צאן
9 elabena made adã ta me na dukɔ siwo le anyiehenyigba dzi ɖe Babilonia ŋu eye woawɔ ɖeka aho ɖe eŋu. Woava aƒu asaɖa anyi ɖe eŋu eye woava lée tso anyiehe gome. Woƒe aŋutrɔwo magbɔ ƒuƒlu o, elabena woanɔ abe ame siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me la tɔwo ene.
כי הנה אנכי מעיר ומעלה על בבל קהל גוים גדלים מארץ צפון וערכו לה משם תלכד חציו כגבור משכיל לא ישוב ריקם
10 Ale Babilonia azu nuhaha eye ame siwo hae la akpɔ afunyinuwo fũu.” Yehowae gblɔe.
והיתה כשדים לשלל כל שלליה ישבעו נאם יהוה
11 “Esi mi ame siwo nye avuzi le nye domenyinu dzi, kpɔ dzidzɔ, hetso aseye eye esi mieti kpo abe nyinɔvi si le bli nyɔm ene, hexlɔ̃ abe sɔtsuwo ene ta la,
כי תשמחי (תשמחו) כי תעלזי (תעלזו) שסי נחלתי כי תפושי (תפושו) כעגלה דשה ותצהלי (ותצהלו) כאברים
12 Ŋukpe gã aɖe ava mia dada dzi eye ame si dzi mi, woado vloe. Anye suetɔ le dukɔwo dome, azu gbegbe, kuɖiɖinyigba kple dzogbe.
בושה אמכם מאד חפרה יולדתכם הנה אחרית גוים מדבר ציה וערבה
13 Le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ ta la, ame maganɔ eme o, ke boŋ azu aƒedo. Ame sia ame si to Babilonia ŋu yi la ƒe nu aku eye woaɖu fewu le woƒe abixɔxɔwo katã ta.
מקצף יהוה לא תשב והיתה שממה כלה כל עבר על בבל ישם וישרק על כל מכותיה
14 “Mi ame siwo daa aŋutrɔ, midze aʋa ɖe Babilonia ŋu. Mida aŋutrɔe! Midae, ɖeke megasusɔ o, elabena ewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.
ערכו על בבל סביב כל דרכי קשת ידו אליה אל תחמלו אל חץ כי ליהוה חטאה
15 Miɖe to ɖee miado ɣli ɖe eta! Ena ta, eƒe gbetakpɔxɔwo mu dze anyi eye wogbã eƒe gliwo ƒu anyi. Esi wònye Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae ta la, mibia hlɔ̃e; miwɔe nɛ abe ale si wòwɔe na ame bubuwo ene.
הריעו עליה סביב נתנה ידה נפלו אשויתיה (אשיותיה) נהרסו חומותיה כי נקמת יהוה היא הנקמו בה כאשר עשתה עשו לה
16 Mitsrɔ̃ nukuƒãla kple nuŋela kple eƒe nuŋehɛ siaa le Babilonia le nuŋeɣi. Le nugblẽla ƒe yi ta la, ame sia ame netrɔ yi eya ŋutɔ ƒe amewo gbɔ, eye ame sia ame nesi yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
כרתו זורע מבבל ותפש מגל בעת קציר--מפני חרב היונה איש אל עמו יפנו ואיש לארצו ינסו
17 “Israel nye alẽha si dzatawo ɖe ɖe nu, eye wokaka gbẽe. Ame gbãtɔ si vuvui lae nye Asiria fia ame mamlɛtɔ si gbã eƒe ƒuwo lae nye Babilonia fia Nebukadnezar.”
שה פזורה ישראל אריות הדיחו הראשון אכלו מלך אשור וזה האחרון עצמו נבוכדראצר מלך בבל
18 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mahe to na Babilonia fia kple eƒe anyigba abe ale si mehe to na Asiria ene.
לכן כה אמר יהוה צבאות אלהי ישראל הנני פקד אל מלך בבל ואל ארצו--כאשר פקדתי אל מלך אשור
19 Ke matrɔ Israel agbɔe va eya ŋutɔ ƒe gbe dama dzi, aɖu gbe le Karmel kple Basan eye akpɔ ƒoɖiɖi le Efraim kple Gilead togbɛwo dzi.”
ושבבתי את ישראל אל נוהו ורעה הכרמל והבשן ובהר אפרים והגלעד תשבע נפשו
20 Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me, woatsa, adi Israel ƒe agɔdzedze gake womakpɔ ɖeke o eye woadi Yuda ƒe nu vɔ̃wo gake womakpɔ ɖeke o, elabena matsɔe ake ame susɔe siwo megblẽ ɖi.”
בימים ההם ובעת ההיא נאם יהוה יבקש את עון ישראל ואיננו ואת חטאת יהודה ולא תמצאינה כי אסלח לאשר אשאיר
21 Yehowa be, “Wɔ avu kple Merataim kple ame siwo le Pekod. Ti wo yome, wu wo eye nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Wɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò.
על הארץ מרתים עלה עליה ואל יושבי פקוד חרב והחרם אחריהם נאם יהוה ועשה ככל אשר צויתיך
22 Aʋaɣli le anyigba dzi, eye gbegblẽ gã si le edzi yim la ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim.
קול מלחמה בארץ--ושבר גדול
23 Aleke woŋe, eye wohekaka anyigba blibo la ƒe zu ale! Aleke Babilonia zu gbegbe le dukɔwo dome ale!
איך נגדע וישבר פטיש כל הארץ איך היתה לשמה בבל בגוים
24 O Babilonia, metre mɔ na wò eye mɔ ɖe wò hafi nèva nya gɔ̃ hã. Woke ɖe ŋuwò eye wolé wò elabena ètsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
יקשתי לך וגם נלכדת בבל ואת לא ידעת נמצאת וגם נתפשת--כי ביהוה התגרית
25 Yehowa ʋu eƒe aʋawɔnuwo ƒe ʋɔ eye wòɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe aʋawɔnu do goe, elabena dɔ le Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ŋu wòawɔ le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi.
פתח יהוה את אוצרו ויוצא את כלי זעמו כי מלאכה היא לאדני יהוה צבאות--בארץ כשדים
26 Mitso adzɔge miava ƒo ɖe edzi. Migbã eƒe nuɖuɖudzraɖoƒewo, milɔe ƒo ƒu abe ale si wolia kɔ agblemenukuwo ene. Mitsrɔ̃e keŋkeŋ eye migasusɔ ame ɖeka hɔ̃ɔ hã ɖi o.
באו לה מקץ פתחו מאבסיה סלוה כמו ערמים והחרימוה אל תהי לה שארית
27 Miwu eƒe nyitsu viwo katã; mikplɔ wo yi lãwuƒee! Baba na wo! Elabena woƒe ŋkeke la ɖo, ɣeyiɣi la de na wo be woaxɔ tohehe.
חרבו כל פריה ירדו לטבח הוי עליהם כי בא יומם עת פקדתם
28 Miɖo to miase Babilonia ƒe aʋaléleawo kple aʋasilawo ƒe nya si gblɔm wole le Zion tso ale si Yehowa, míaƒe Mawu la bia hlɔ̃ woe, ebia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.
קול נסים ופלטים מארץ בבל להגיד בציון את נקמת יהוה אלהינו--נקמת היכלו
29 “Miyɔ aŋutrɔdalawo vɛ, ne woaɖe to ɖe Babilonia, ame siwo katã hea da me la neva. Miva ɖe to ɖee godoo va kpe, migana ame aɖeke nasi o. Mixe nu siwo katã wòwɔ la ƒe fe nɛ, miwɔe nɛ abe ale si eya hã wɔe na ame bubuwo ene. Elabena edze aglã ɖe Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.
השמיעו אל בבל רבים כל דרכי קשת חנו עליה סביב אל יהי (לה) פליטה שלמו לה כפעלה ככל אשר עשתה עשו לה כי אל יהוה זדה אל קדוש ישראל
30 Eya ta eƒe ɖekakpuiwo aku akaka ɖe mɔtatawo dzi eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo nu gbe ma gbe.” Yehowae gblɔe.
לכן יפלו בחוריה ברחבתיה וכל אנשי מלחמתה ידמו ביום ההוא נאם יהוה
31 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ be, “Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋutiwò, O dadala, elabena wò ŋkeke la va ɖo, wò toheɣi ɖo.
הנני אליך זדון נאם אדני יהוה צבאות כי בא יומך עת פקדתיך
32 Dadala la akli nu adze anyi eye ame aɖeke mafɔe ɖe tsitrenu o. Matɔ dzo eƒe duwo eye dzo la afia ame siwo katã ƒo xlãe la hã.”
וכשל זדון ונפל ואין לו מקים והצתי אש בעריו ואכלה כל סביבתיו
33 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Wote Israelviwo kple Yudatɔwo siaa ɖe anyi. Ame siwo katã ɖe aboyo wo la lé wo goŋgoŋ, eye wogbe asiɖeɖe le wo ŋu.
כה אמר יהוה צבאות עשוקים בני ישראל ובני יהודה יחדו וכל שביהם החזיקו בם מאנו שלחם
34 Evɔ la, woƒe Xɔnametɔ nye ŋusẽtɔ hafi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. Aʋli wo ta vevie, ale be wòana gbɔdzɔe woƒe anyigba, gake ana ame siwo katã le Babilonia la natsi dzimaɖi.”
גאלם חזק יהוה צבאות שמו--ריב יריב את ריבם למען הרגיע את הארץ והרגיז לישבי בבל
35 Yehowa be, “Yi le Babiloniatɔwo yome! Etso ɖe ame siwo le Babilonia, woƒe dumegãwo kple woƒe nunyalawo ŋuti!
חרב על כשדים נאם יהוה ואל ישבי בבל ואל שריה ואל חכמיה
36 Yi atso ɖe eƒe aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu eye woazu bometsilawo. Yi ati woƒe kalẽtɔwo yome eye ŋɔdzi alé wo!
חרב אל הבדים ונאלו חרב אל גבוריה וחתו
37 Yi atso ɖe eƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple amedzro siwo katã wotsɔ aʋae la ŋuti eye woanɔ abe nyɔnuwo ene! Yi atso ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu eye woaha wo!
חרב אל סוסיו ואל רכבו ואל כל הערב אשר בתוכה--והיו לנשים חרב אל אוצרתיה ובזזו
38 Kuɖiɖi neto eƒe tɔsisiwo me, ne woamie ƒiaƒiaƒia, elabena enye anyigba si yɔ fũu kple legbawo, legba siwo adze aɖaʋa le ŋɔdzi ta.”
חרב אל מימיה ויבשו כי ארץ פסלים היא ובאימים יתהללו
39 Yehowa be, “Ava eme be lã wɔadãwo kple amegaxiwo anɔ afi ma, eye golowo hã atso aƒe ɖe afi ma. Maganye amenɔƒe alo amewo magatso aƒe ɖi akpɔ o, tso dzidzime yi dzidzime.
לכן ישבו ציים את איים וישבו בה בנות יענה ולא תשב עוד לנצח ולא תשכון עד דור ודר
40 Anɔ ko abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo lae ene, ale be ame aɖeke magatso aƒe ɖi o eye ame aɖeke manɔ afi ma hã o.”
כמהפכת אלהים את סדם ואת עמרה ואת שכניה--נאם יהוה לא ישב שם איש ולא יגור בה בן אדם
41 “Kpɔ ɖa! Aʋakɔ aɖe ho tso anyiehe gbɔna, wode adã ta me na dukɔ gã aɖe kple fia gbogbo aɖewo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke gbɔna.
הנה עם בא מצפון וגוי גדול ומלכים רבים יערו מירכתי ארץ
42 Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ. Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o. Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la, woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene. Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Babilonia vinyɔnu.
קשת וכידן יחזיקו אכזרי המה ולא ירחמו--קולם כים יהמה ועל סוסים ירכבו ערוך כאיש למלחמה עליך בת בבל
43 Babilonia fia se nya tso wo ŋu xoxo eye eƒe lãme fa. Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.
שמע מלך בבל את שמעם ורפו ידיו צרה החזיקתהו--חיל כיולדה
44 Abe dzata si do go tso Yɔdan ƒe ave dodo me, hege ɖe gbe dama nyui dzi ene la, nenema maɖe Babilonia ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka kpoyi! Ame kae nye ame tiatia si madɔ wòawɔ esia? Ame kae le abe nye ene eye ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye? Alẽkplɔla ka ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋunye?”
הנה כאריה יעלה מגאון הירדן אל נוה איתן--כי ארגעה ארוצם (אריצם) מעליה ומי בחור אליה אפקד כי מי כמוני ומי יועדני ומי זה רעה אשר יעמד לפני
45 Eya ta se nu si Yehowa ɖo ɖe Babilonia ŋu kple nu si ƒe susu wòwɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋu: Woakplɔ lãha ƒe suetɔwo adzoe, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.
לכן שמעו עצת יהוה אשר יעץ אל בבל ומחשבותיו אשר חשב אל ארץ כשדים אם לא יסחבום צעירי הצאן אם לא ישים עליהם נוה
46 Babilonia xɔxɔ ƒe ɣli ana anyigba naʋuʋu, eye eƒe aviɣli aɖi le dukɔwo dome.
מקול נתפשה בבל נרעשה הארץ וזעקה בגוים נשמע

< Yeremia 50 >