< Yeremia 49 >
1 Nya sia ku ɖe Amonitɔwo ŋuti: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Viŋutsuwo mele Israel si oa? Domenyilawo mele esi oa? Ekema nu ka ta Molek xɔ Gad wòzu etɔ? Nu ka ŋuti eƒe amewo le duwo me?”
Yavé dice: ¿Israel no tiene hijos? ¿No tiene heredero? ¿Por qué Milcom desposeyó a Gad, y el pueblo de él se estableció en sus ciudades?
2 Ke Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mado aʋaɣli ɖe, Amonitɔwo ƒe du, Raba, ŋu. Woagbãe wòazu anyiglago eye kɔƒe siwo ƒo xlãe la, woatɔ dzo wo. Ekema Israel anya ame siwo nyae de gbe la de gbe,” Yehowae gblɔe.
Por tanto, ciertamente vienen días, dice Yavé, en los cuales produciré un toque de trompeta para guerra contra Rabá de los hijos de Amón. Será convertida en una pila de escombros, y sus ciudades serán incendiadas. Entonces Israel tomará posesión de lo que era suyo, dice Yavé.
3 “O Hesbon, fa avi kple ɣli, elabena wogbã Ai! Mido ɣli, O mi Raba me nɔlawo! Mita akpanya ne miafa konyi; miƒu du tso afii yi afi mɛ le glikpɔtɔtɔ la me, elabena Molek ayi aboyo me, kpe ɖe nunɔlawo kple dumegãwo ŋuti.
¡Lamenta, oh Hesbón, porque Hai es destruida! ¡Lloren, hijas de Rabá, átense tela áspera! Laméntense y corran de un lado a otro entre sus cercos de tierra apisonada, porque Milcom irá a cautividad junto con sus sacerdotes y magistrados.
4 Nu ka ŋuti mietsɔ miaƒe balimewo le adegbe ƒom, adegbe ƒom be kutsetse geɖe do go tso wo me? O vinyɔnu ahasitɔ, èda wò susu ɖe wò kesinɔnuwo dzi eye nègblɔ be, ‘Ame kae adze dzinye?’
¡Cuán ufanada estás de tus valles, de tu valles que fluyen abundancia, oh hija apóstata! Tú que confías en tus tesoros, y dices: ¿Quién vendrá contra mí?
5 Mahe ŋɔdzi va dziwò tso ame siwo ƒo xlã wò la gbɔ.” Aƒetɔ lae gblɔe. “Woanya mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa eye ame aɖeke maƒo aʋasilawo nu ƒu o.
Mira, Yo envío un terror sobre ti que te rodeará por todas partes, dice ʼAdonay Yavé de las huestes. Serán expulsados precipitadamente, y no habrá quien reúna a los fugitivos.
6 “Gake emegbe la, magaɖo Amonitɔwo ƒe nunyonamewo te.” Yehowae gblɔe.
Pero después restauraré a los cautivos de Amón, dice Yavé.
7 Ku ɖe Edom ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nunya megale Teman oa? Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia? Ɖe woƒe nunya lé ɣebia?
Con respecto a Idumea. Yavé de las huestes dice: ¿Ya no hay sabiduría en Temán? ¿Se perdió el buen consejo de los prudentes? ¿Decayó su sabiduría?
8 Mi ame siwo le Dedan, mitrɔ, misi, miyi ɖaɣla ɖe agado goglowo me, elabena mahe gbegblẽ va Esau dzi, ne ɣeyiɣi de be mahe to nɛ.
Huyan, regresen, vivan en las profundidades, oh habitantes de Dedán. Porque el desastre le llega a Esaú en el tiempo cuando Yo lo castigo.
9 Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la, ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa? Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la, ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa?
Si te invaden cosechadores de uvas, ¿no te dejarían rebuscos? Si vinieran ladrones de noche, destruirían solo hasta que tengan suficiente.
10 Gake nye la, maɖe amama Esau, mana eƒe ŋukpeƒe nadze ale be mate ŋu aɣla eɖokui o. Viawo, eƒe ƒometɔwo kple eƒe aƒelikawo atsrɔ̃ eye womaganɔ anyi o.
Pero soy Yo el que desnudo a Esaú. Descubro sus escondites y no podrá esconderse. Su descendencia será destruida junto con sus parientes y vecinos, y dejará de ser.
11 Migblẽ miaƒe tsyɔ̃eviwo ɖi, maʋli woƒe agbe ta. Miaƒe ahosiwo hã neda woƒe susu ɖe dzinye.”
Deja a tus huérfanos. Yo los mantendré con vida. Deja que tus viudas confíen en Mí.
12 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nenye be ame siwo medze be woano kplu la o la noe la, ekema nu ka wɔ woaɖe asi le miawo ya ŋu tomahemahee? Eya ta miayi tomahemahee o, ke boŋ miano kplu la godoo.”
Porque Yavé dice: En verdad, los que no estaban sentenciados a beber la copa ciertamente la beberán, ¿y serás tú el que sea completamente absuelto? No serás absuelto, sino realmente la beberás.
13 Yehowa be, “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, Bozra azu aƒedo, ŋɔdzinu, ŋunyɔnu kple ɖiŋudonu eye eƒe duwo katã azu aƒedo tegbetegbee.”
Porque juré por Mí mismo, dice Yavé, que Bosra será un objeto de terror, un reproche, una desolación y una maldición. Todas sus ciudades serán desolaciones perpetuas.
14 Mexɔ gbedeasi sia tso Yehowa gbɔ: Wodɔ dɔla aɖe ɖe dukɔwo gbɔ be wòagblɔ be, “Miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miadze edzi! Mitso, midze aʋa!”
Un mensaje escuché de Yavé. Un embajador es enviado a las naciones: ¡Reúnanse, vengan contra ella, y suban a la batalla!
15 “Azɔ mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie.
En verdad, te declaro pequeña entre las naciones, y despreciada entre los hombres.
16 Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò, wò si le agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la, mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,” Yehowae gblɔe.
El terror que inspiraste y la soberbia de tu corazón te engañaron. ¡Oh tú que habitas en las cavernas de la peña! Aunque hagas tu nido como el águila, de allí te bajaré, dice Yavé.
17 “Edom azu ŋɔdzinu, ame siwo katã ato eŋu ava yi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le abi siwo wòxɔ la ta.
Idumea se convertirá en una desolación. Todo el que pase por ella silbará de asombro al ver sus heridas.
18 Anɔ abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la ene ale be ame aɖeke manɔ afi ma o, ŋutsu aɖeke manɔ eme o.” Yehowae gblɔe.
Será como la catástrofe de Sodoma y Gomorra y sus ciudades vecinas, dice Yavé. Por tanto nadie vivirá allí ni residirá hijo de hombre en ella.
19 “Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka, abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me gena ɖe gbe damawo dzi ene. Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia? Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?”
Como un león que sube de la espesura del Jordán al pastizal de perenne verdor, así los correré de allí y la entregaré al que sea escogido. Porque, ¿quién es semejante a Mí? ¿Quién me desafía? ¿Cuál es el pastor que prevalece delante de Mí?
20 Eya ta ɖo to nàse nu si Yehowa ɖo ɖe Edom ŋuti, kple nu si wòɖo kplikpaa ɖe Temantɔwo ŋu: Woahe alẽviwo adzoe le alẽha me, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.
Por tanto, escuchen el designio de Yavé contra Edom y sus planes contra los habitantes de Temán: Ciertamente arrastrarán aun a los pequeños del rebaño. Ciertamente convertirá los pastizales deseables en una desolación por causa de ellos.
21 Woƒe anyidzedze ƒe gbeɖiɖi ana anyigba naʋuʋu; eye woase woƒe aviɣli le Ƒu Dzĩ nu ke.
Tiembla la tierra al estruendo de la caída. El ruido se oye en el mar Rojo.
22 Kpɔ ɖa! Hɔ̃ aɖe ayi yame ʋĩi, eye wòade agba anyi ɖe Bozra dzi. Gbe ma gbe la, Edom ƒe kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
En verdad, Él se remonta y vuela. Se abalanza como un águila, y extiende sus alas contra Bosra. En aquel día el corazón de los valientes de Edom será como el corazón de una parturienta.
23 Tso Damasko ŋuti: “Hamat kple Arpad ƒe mo tsi dãa, elabena wose nya vɔ̃. Dzi ɖe le wo ƒo, wotɔtɔ eye wotsi dzimaɖi abe atsiaƒu ene.
Con respecto a Damasco. Amat y Arpad están avergonzadas porque oyeron malas noticias. Se derriten en un mar de ansiedad que no puede sosegarse.
24 Damasko zu nu beli, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòtrɔ helé du tsɔ, elabena vɔvɔ̃ ɖoe eye ŋeŋe kple vevesese xɔe abe nyɔnu kuléla ƒe vevesese ene.
Damasco se debilita y se alista para huir. El temblor se apoderó de ella. Está dominada por la angustia y los dolores, como de una parturienta.
25 Nu ka ta womegblẽ du xɔŋkɔ si ŋu mekpɔa dzidzɔ le la ɖi o?
¡Cómo está abandonada la ciudad famosa, el pueblo de mi regocijo!
26 Via ŋutsuwo aku, atsi mɔtatawo dzi le nyateƒe me, eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo katã nu gbe ma gbe.
Por tanto, aquel día sus jóvenes caen en sus calles, y todos los guerreros perecerán, dice Yavé de las huestes.
27 Matɔ dzo Damasko ƒe gliwo eye wòafia Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.” Yehowae gblɔe.
Encenderé un fuego en el muro de Damasco que devorará los palacios fortificados de Ben-adad.
28 Nya sia ku ɖe Kedar kple Hazor fiaɖuƒe siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar va dze la ŋu: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Tso, nàdze Kedar dzi eye nàtsrɔ̃ ɣedzeƒetɔwo.
Yavé dice esto contra Cedar y los reinos de Hazor, a quienes Nabucodonosor, rey de Babilonia, derrotó: Levántense, suban contra Cedar. Destruyan a los hombres del oriente.
29 Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple woƒe lãhawo eye woaxɔ woƒe gbɔɖemeƒewo kple woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kposɔwo. Amewo ado ɣli ɖe wo ŋu be, ‘Ŋɔdzi ƒo xlã mi!’
Tomen sus tiendas y los rebaños de ellos. Tomen las cortinas de sus tiendas, sus bienes y sus camellos para ellos mismos. Ellos clamarán el uno al otro: ¡Terror por todos lados!
30 “Misi dzo kaba! Mi ame siwo le Hazor, mibe ɖe agado goglowo me.” Yehowae gblɔe. “Babilonia fia Nebukadnezar ɖo nugbe ɖe ŋuwò, ewɔ ɖoɖo be wòagblẽ wò.
Corran, huyan, vivan en las profundidades, oh habitantes de Hazor, dice Yavé, porque Nabucodonosor, rey de Babilonia, tiene un plan contra ustedes.
31 “Tso nàdze dukɔ si li bɔkɔɔ kple dukɔ si si dzideƒo le la dzi. Dukɔ si nu agbo alo akɔbli ƒe mɔnuxenu mele o eye eƒe amewo le dziɖeɖi me.” Yehowae gblɔe.
¡En pie! Marchen contra un pueblo confiado, que vive tranquilo sin puertas, ni cerrojos y vive solitario, dice Yavé.
32 “Woƒe kposɔwo azu nuhaha eye woƒe lãha gbogboawo azu afunyinu. Makaka ame siwo le didiƒewo, be ya nalɔ wo ɖe nu eye mahe gbegblẽ va wo dzi le go sia go me.” Yehowae gblɔe.
Sus camellos servirán como botín y numerosos ganados como despojo. Los esparciré por todos los puntos cardinales, hasta los más remotos confines, a todos los que cortan las esquinas [de su cabello]. De todos lados les traeré su calamidad, dice Yavé.
33 “Hazor azu nɔƒe na amegaxiwo eye wòazu aƒedo tegbetegbe. Ame aɖeke manɔ afi ma o; aƒe aɖeke manɔ eme o.”
Hazor será como residencia de chacales, una desolación perpetua. Nadie vivirá allí, ni la habitará hijo de hombre.
34 Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia ku ɖe Elam ŋuti, nya sia va nɛ le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedze ƒe ɣeyiɣiwo me:
Palabra de Yavé que vino al profeta Jeremías con respecto a Elam, al principio del reinado de Sedequías, rey de Judá:
35 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maŋe Elam ƒe da, si nye eƒe ŋusẽkpɔtsoƒe.
Yavé de las huestes dice: Ciertamente Yo quiebro el arco de Elam, el arma principal de su poder.
36 Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe dzogoe eneawo dzi aƒu Elam. Makaka wo ɖe ya eneawo dzi eye dukɔ aɖeke manɔ anyi si ke me womakpɔ Elam ƒe aboyomewo le o.
Traeré sobre Elam los cuatro puntos cardinales de los cuatro ángulos del cielo. Los esparciré a todos estos puntos. No habrá nación a donde no vayan los desterrados de Elam.
37 Magbã Elam le eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim la ƒe ŋkume, eye mahe gbegblẽ kple nye dziku helĩhelĩ gɔ̃ hã va wo dzi,” Yehowae gblɔe. “Mati wo yome kple yi va se ɖe esime matsrɔ̃ wo katã.
Provocaré que Elam se aterrorice delante de sus enemigos, y delante de los que buscan su vida. Traeré el mal y el ardor de mi ira sobre ellos, dice Yavé. Enviaré la espada tras ellos hasta que los acabe.
38 Maɖo nye zikpui anyi ɖe Elam eye matsrɔ̃ eƒe fia kple dumegãwo.” Yehowae gblɔe.
Entonces estableceré mi trono en Elam. Allí destruiré al rey y a los magistrados, dice Yavé.
39 “Ke hã la, magaɖo Elam ƒe nunyonamewo te le ŋkeke siwo gbɔna me.” Yehowae gblɔe.
Pero sucederá en los últimos días, dice Yavé, que restauraré a los cautivos de Elam.