< Yeremia 48 >

1 Tso Moab ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Baba na Nebo elabena azu aƒedo. Woado ŋukpe Kiriataim eye woaxɔe; woagbã mɔ sesẽ la eye wòazu ŋukpe.
Concerning Moab. Thus saith Jehovah of hosts, the God of Israel: Woe to Nebo, for it is laid waste! Kiriathaim is confounded, is taken. Misgab is confounded and dismayed.
2 Womagakafu Moab azɔ o, ŋutsu siwo le Hesbon la ɖo ta me vɔ̃ ɖe eŋu be, ‘Miva, mina míatsrɔ̃ dukɔ ma.’ O, Madmen, woatsrɔ̃ wò hã eye yi ati yowòme.
Moab shall no more glory in Heshbon; They have devised evil against her; “Come, [[say they, ]] and let us cut her off from being a nation!” Thou also shalt be cut down, O Madmena, The sword shall pursue thee!
3 Se ɣli si le ɖiɖim tso Horonaim ɖa, enye tsɔtsrɔ̃ gã kple gbegblẽ ƒe ɣli.
A cry is heard from Horonaim, Desolation and great destruction.
4 Woamu Moab aƒu anyi eye via suewo afa avi.
Moab is destroyed; Her little ones raise a cry.
5 Wodze Luhit mɔ dzi le avi fam hehehe. Wose konyifaɣli le Horonaim mɔ dzi le gbegblẽ la ta.
At the ascent of Luhith Weeping goeth up after weeping; At the descent of Horonaim is heard a bitter cry of despair.
6 Misi! Miɖe miaƒe agbe eye mianɔ abe gbe le gbegbe ene.
Flee ye! save your lives! Be ye like one that has been stripped in the wilderness!
7 Esi nèɖo dzi ɖe wò dɔwɔwɔwo kple wò kesinɔnuwo ŋuti ta la, woaɖe aboyo wò hã eye woakplɔ Kemos ayi aboyo mee, kpe ɖe eƒe nunɔlawo kple dumegãwo ŋu.
For, because thou hast trusted in thy substance and thy treasures, Thou also shalt be taken And Chemosh shall go into captivity, His priests and his princes together.
8 Nugblẽla ava du sia du me eye du aɖeke masi o. Woagblẽ balimewo eye woakaka towo elabena Yehowae gblɔe.
The spoiler shall come upon every city, And no city shall escape. The valley shall perish, And the plain shall be destroyed, As Jehovah hath spoken.
9 Mide dze Moab elabena aƒaƒã eye eƒe duwo azu aƒedo, ame aɖeke maganɔ wo me o.
Give wings to Moab, That she may flee away; For her cities shall be a desolation, With none to dwell therein.
10 “Aɖi ame si le asi blem le Yehowa ƒe dɔ ŋu! Aɖi ame si he eƒe yi ɖe megbe be magakɔ ʋu ɖi o la ŋu!
Cursed be he that doeth the work of Jehovah deceitfully, And cursed be he that keepeth back his sword from blood!
11 “Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene; esia nye be meyi aboyo me kpɔ o. Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o.
Moab hath been at ease from his youth, And he hath settled on his lees, And hath not been drawn off from vessel to vessel, Neither hath he gone into captivity; Therefore his taste hath remained in him, And his flavor hath not changed.
12 Yehowa be, ‘Gake ŋkekewo li gbɔna esi maɖo ŋutsu siwo trɔa nu le gowo me la ɖa eye woatrɔe aƒu gbe, woana eƒe gowo naɖi gbɔlo eye woagbã eƒe kpluwo.
Therefore, behold, the days come, saith Jehovah, That I will send to him tilters, who shall tilt him up, And shall empty his vessels, and break his pitchers in pieces.
13 Ekema Kemos akpe ŋu na Moab, abe ale si ŋu kpe Israel ƒe aƒe la esi wòtsɔ eƒe susu da ɖe Betel dzi ene.’
And Moab shall be ashamed of Chemosh, As the house of Israel was ashamed of Bethel, their confidence.
14 “Aleke miate ŋu agblɔ be, ‘Míenye kalẽtɔwo, kple ŋutsu siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me?’
How will ye say, “We are mighty, And strong men for war”?
15 Woagbã Moab kple eƒe duwo eye woakplɔ eƒe ɖekakpui vavãwo ayi ɖe amewuƒee.” Fia si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.
Moab is destroyed; His cities have gone up in smoke, And his chosen young men have gone down to slaughter, Saith the King whose name is Jehovah of hosts.
16 “Moab ƒe anyidzedze tu aƒe, eƒe dzɔgbevɔ̃e ava kaba.
The destruction of Moab is near at hand; His destruction hasteth fast.
17 Mi ame siwo katã ƒo xlãe, mifa nɛ eye ame siwo katã nya ale si wòxɔ ŋkɔe la negblɔ be, ‘Aleke fiatikplɔ sesẽ la kple atizɔti dzeani la ŋe ale!’
All ye that are about him, bemoan him! And all ye that know him, say, “How is the strong sceptre broken, The splendid staff!”
18 “Ɖi le wò ŋutikɔkɔe me eye nànɔ anyi ɖe anyigba si ƒu kplakplakpla la dzi, O mi ame siwo le Dibon vinyɔnu ƒe du me elabena ame si gbã Moab la aƒo ɖe dziwò eye wòagbã wò mɔ sesẽwo.
Come down from thy glory and sit in thirst, O inhabitant of Dibon! For the destroyer of Moab shall come against thee! He shall destroy thy strongholds. Stand by the wayside, and look out,
19 Mi ame siwo le Aroer, mitsi tsitre ɖe mɔto ne miakpɔ nu. Bia ŋutsu si le du dzi kple nyɔnu si le sisim la be, ‘Nya kae dzɔ?’
O inhabitant of Aroer! Ask of him that fleeth, and of her that escapeth, And say, “What hath been done?”
20 Wodo ŋukpe Moab elabena wogbãe gudugudu. Do ɣli, nàfa avi sesĩe! Ɖe gbeƒãe le Arnon be wogbã Moab.
Moab is confounded; for it is broken down; Howl ye, and cry! Tell ye it in Arnon, That Moab is destroyed!
21 Ʋɔnudɔdrɔ̃ va du siwo le to tame la dzi. Eva Holon, Yaza kple Mefaat dzi.
And punishment hath come upon the plain country; Upon Holon, and upon Jahazah, and upon Mephaath,
22 Eva Dibon, Nebo kple Bet Diblataim dzi.
And upon Dibon, and upon Nebo, and upon Beth-diblathaim.
23 Eva Kiriataim, Bet Gamul kple Bet Meon dzi,
And upon Kiriathaim, and upon Beth-gamul, and upon Beth-meon,
24 Eva Keriyɔt, Bozra kple Moab duwo katã dzi, esiwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa dzi.
And upon Kerioth, and upon Bozrah, And upon all the cities of the land of Moab far and near.
25 Wolã Moab ƒe dzo ɖa, woŋe eƒe abɔ.” Yehowae gblɔe.
The horn of Moab is cut off, And his arm is broken, saith Jehovah.
26 “Mina aha Moab wòano amu, aƒo dablibɛ le xe si wòɖe la me, eye wòazu alɔmeɖenu, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.
Make ye him drunken, for he hath exalted himself against Jehovah; That he also may wallow in his vomit, And be himself also in derision.
27 Ɖe menye Israel ye nye wò alɔmeɖenu oa? Ɖe wolée le fiafitɔwo dome kpɔ hafi ne èle nu ƒom tso eŋu la, nèʋuʋua ta fewuɖutɔea?
Was not Israel a derision to thee? Was he found among thieves, That, as often as thou spakest of him, thou shouldst shake thy head?
28 Mi Moabtɔwo, misi le miaƒe duwo me, miayi aɖanɔ agakpewo tome. Minɔ abe akpakpa si wɔ atɔ ɖe agado nu ene.”
Leave the cities and dwell in the rock, O inhabitants of Moab! Be like the dove, that maketh her nest in the sides of the mouth of the pit!
29 Yehowa be, “Míese Moab ƒe dada, ɖokuiŋudzedze, adegbeƒoƒo, ɖokuidzadzra kple amemabumabu kple eƒe dzi ƒe kɔkɔ ɖe dzi.
We have heard of the pride of Moab; He hath been exceeding proud; His loftiness and his arrogance, His pride and the haughtiness of his heart.
30 Menya eƒe tonumasemase gake toflokoe, elabena eƒe dada vivivo mahe naneke vɛ nɛ o.
I, too, know his insolence, saith Jehovah, And his vain boastings. They shall effect nothing.
31 Eya ta mado ɣli ɖe Moab ŋu eye mafa avi ɖe Moab blibo ŋu. Mefa na Kir Hareset ŋutsuwo.
Therefore will I wail for Moab, Even for all Moab will I cry out; For the men of Kir-heres shall there be mourning.
32 O, mi Sibma wainkawo, mefa na mi abe ale si Yazer fa avi ene. Wò alɔwo keke yi ɖe atsiaƒu to ʋĩi eye wodidi ɖase keke Yazer ƒuta ke. Nugblẽla va ƒo ɖe wò atikutsetse ɖiɖiwo kple wò wainkpowo dzi.
More than Jazer will I weep for thee, O vine of Sibmah! Thy branches have passed beyond the sea; They reach even to the sea of Jazer; Upon thy summer-fruits and thy vintage the spoiler falleth.
33 Dzidzɔ kple aseyetsotso nu tso le Moab ƒe agblewo me. Metsi wain nu le wainfiamɔwo me, ame aɖeke magafiae kple dzidzɔ o. Togbɔ be ɣli le ɖiɖim hã la, menye dzidzɔɣlie o.
And joy and gladness are taken away from the fruitful field; And from the land of Moab, And from the presses, have I caused the wine to fail: No more shall they tread with shouting; The shouting shall be no shouting.
34 “Woƒe aviɣli ɖi tso Hesbon, yi Eleale kple Yahaz ke. Eɖi tso Zoar, eye wosee le Horonaim, Eglat Selisia gɔ̃ hã, elabena Nimrim tɔsisi me tsiwo ke hã mie.
From wailing Heshbon to Elealeh, Even to Jahaz, is their voice heard, From Zoar even to Horonaim, To Eglath-shelishijah; For even the waters of Nimrim are desolate.
35 Maɖo asi ame siwo sa vɔ le nuxeƒewo eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe mawuwo la dzi le Moab.” Yehowae gblɔe.
And I will cause to cease in Moab, saith Jehovah, Him that offereth in the high places, And him that burneth incense to his gods.
36 Yehowa be, “Eya ta nye dzi le nu xam le Moab ŋu abe dzekuku ene, eye nye dzi xa nu abe kpẽ ene na Kir Hareset ŋutsuwo, elabena kesinɔnu siwo woli kɔe la dzo.
Therefore doth my heart sound like a flute for Moab, And for the men of Ker-heres doth my heart sound like a flute; For the remnant of their substance is perished.
37 Wolũ ta ɖe sia ɖe eye woƒlɔ ge ɖe sia ɖe, wode abi asi ɖe sia ɖe ŋu eye akpanya le ali ɖe sia ɖe dzi.
Every head is bald, And every beard shorn; Upon all hands are cutting, And upon the loins sackcloth.
38 Le Moab ƒe xɔwo katã tame kple ablɔwo me la, naneke meli wu konyifafa o, elabena megbã Moab abe kplu si ame aɖeke mele didim o la ene.” Yehowae gblɔe.
Upon all the house-tops of Moab, and in her streets, All is lamentation. For I have broken Moab, like a useless vessel, saith Jehovah.
39 “Wogbãe gudugudu loo! Wole ɣli dom ale gbegbe! Aleke Moab trɔ megbe kple ŋukpee nye esi! Moab zu alɔmeɖenu kple bibi na ame siwo katã ƒo xlãe.”
Howl ye! How is he broken down! How hath Moab turned the back with shame! A derision and a consternation is Moab To all that are round him.
40 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, hɔ̃ aɖe dzo gbɔna, eɖo asagba, keke eƒe aʋalawo me ɖe Moab dzi.
For thus saith Jehovah: Behold, like an eagle flieth an enemy, And spreadeth his wings over Moab.
41 Woaxɔ Keriyɔt kple eƒe mɔ sesẽwo. Gbe ma gbe la, Moab ƒe Kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
Kerioth is taken, And the strongholds are seized; The hearts of the heroes of Moab in that day Shall be like the heart of a woman in her pangs.
42 Woatsrɔ̃ Moab, be maganye dukɔ azɔ o, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.
And Moab shall be destroyed so as to be no more a people, Because he exalted himself against Jehovah.
43 O, Moabtɔwo, ŋɔdzi, ʋe globo kple mɔka le mia lalam.” Yehowae gblɔe.
Terror and the pit and the snare are upon thee, O inhabitant of Moab, saith Jehovah.
44 “Ame si si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me, mɔka aɖe ame si te ŋu do le ʋe globoa me, elabena mahe toheɣi va Moab dzi.” Yehowae gblɔe.
He that fleeth from the terror shall fall into the pit, And he that getteth up out of the pit shall be taken in the snare; For I will bring upon it, upon Moab, The year of their punishment, saith Jehovah.
45 “Sitsoƒedilawo tɔ ɖe Hesbon ƒe vɔvɔli te xɔnamemanɔsitɔe, elabena dzo tso Hesbon eye dzo ƒe aɖe do tso Sixɔn titina, efia Moabtɔwo ƒe ŋgonu, dada ƒuƒlu dalawo ƒe tagowo.
In the valley of Heshbon the fugitives halted for want of strength; But a fire is gone forth from Heshbon, And a flame from the midst of Sihon, Which devoureth the region of Moab, And the heads of the sons of tumult.
46 Baba na wò, O Moab! Wotsrɔ̃ Kemostɔwo, wokplɔ mia viŋutsuwo yi aboyo mee eye woɖe aboyo mia vinyɔnuwo.
Woe to thee, O Moab! Undone is the people of Chemosh! For thy sons are taken captives, And thy daughters are captives.
47 “Ke hã la, magaɖo Moab ƒe nunyonamewo te le ŋkeke siwo ava la me.” Yehowae gblɔe. Moab ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ se ɖe afi sia.
Yet will I bring back the captivity of Moab In future times, saith Jehovah. Thus far the judgment of Moab.

< Yeremia 48 >