< Yeremia 45 >

1 Esia nye nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Neria ƒe vi, Baruk esi Baruk ŋlɔ nya siwo wògblɔ nɛ ɖe lãgbalẽ dzi vɔ megbe. Esia va me le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:
הדבר אשר דבר ירמיהו הנביא אל ברוך בן נריה--בכתבו את הדברים האלה על ספר מפי ירמיהו בשנה הרבעית ליהויקים בן יאשיהו מלך יהודה לאמר
2 “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na wò, Baruk nye esi:
כה אמר יהוה אלהי ישראל עליך ברוך
3 Ègblɔ be, ‘Baba nam! Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu. Ŋeŋe manyagblɔ na nu ti kɔ nam belebele eye nyemekpɔ dziɖeɖi aɖeke o.’”
אמרת אוי נא לי כי יסף יהוה יגון על מכאבי יגעתי באנחתי ומנוחה לא מצאתי
4 Yehowa be, “Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Magbã nu si nye ŋutɔ metu eye maho nu si nye ŋutɔ medo, le anyigba katã dzi.
כה תאמר אליו כה אמר יהוה הנה אשר בניתי אני הרס ואת אשר נטעתי אני נתש ואת כל הארץ היא
5 Ɖe wògahiã be nàdi nu gãwo na ɖokuiwòa? Mègadi wo o, elabena Yehowa be mahe gbegblẽ va amewo katã dzi, ke afi sia afi si nàyi la mana nàɖe wò agbe.’”
ואתה תבקש לך גדלות אל תבקש כי הנני מביא רעה על כל בשר נאם יהוה ונתתי לך את נפשך לשלל על כל המקמות אשר תלך שם

< Yeremia 45 >