< Yeremia 44 >
1 Nya sia va na Yeremia tso Yudatɔ siwo katã le Egipte ƒe anyigbe, le Migdol, Tapanhes, Memfis kple Egipte ƒe dzigbe be,
La parole qui fut adressée à Jérémie pour tous les Judéens demeurant dans le pays d’Égypte, demeurant à Migdol, à Taphnès, à Noph et au pays de Phaturès, en ces termes:
2 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miekpɔ gbegblẽ gã si mehe va Yerusalem kple Yuda duwo katã dzi. Egbe la, wozu aƒedo siwo me ame aɖeke mele o,
Ainsi parle Yahweh des armées, Dieu d’Israël: Vous avez vu tout le mal que j’ai fait venir sur Jérusalem et sur toutes les villes de Juda: les voilà aujourd’hui dévastées et sans habitants,
3 ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ la ta. Wodo dziku nam vevie elabena wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na gbetsiwo eye wode ta agu na mawu tutɔ siwo woawo ŋutɔwo loo, alo miawo alo wo fofowo menya kpɔ o.
à cause du mal qu’ils ont fait pour m’irriter, en allant offrir de l’encens et des hommages à des dieux étrangers qu’ils ne connaissaient pas, ni eux, ni vous, ni vos vos pères.
4 Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’
Je vous ai envoyé tous mes serviteurs les prophètes, les envoyant dès le matin, pour vous dire: Ne faites donc pas cette abomination que je hais.
5 Ke womeɖo to alo tsɔ ɖeke le eme o; Womeɖe asi le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ŋu alo dzudzɔ dzudzɔʋeʋĩdodo na mawu tutɔwo o,
Mais ils n’ont pas écouté, ils n’ont pas prêté l’oreille pour revenir de leur méchanceté et n’offrir plus d’encens à des dieux étrangers.
6 eya ta metrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖi eye wòbi le Yuda ƒe duwo kple Yerusalem kpɔdomewo, hewɔ wo wozu aƒedo abe ale si miele ekpɔm egbea ene.
Aussi mon indignation et ma colère ont fondu sur eux et se sont allumées contre les villes de Juda et les rues de Jérusalem, qui sont devenues un lieu dévasté et désert, comme cela se voit aujourd’hui.
7 “Azɔ la, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Nu ka ta miehe gbegblẽ gã sia va mia ɖokuiwo dzi, be mieɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo ɖa le Yuda eye miegble ɖeke ɖi na mia ɖokuiwo o?
Et maintenant, ainsi parle Yahweh, Dieu des armées, Dieu d’Israël: Pourquoi vous faites-vous ce grand mal à vous-mêmes, de vous faire exterminer du milieu de Juda, vos hommes et vos femmes, vos enfants et vos nourrissons, sans qu’on vous laisse aucun reste,
8 Nu ka wɔ mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam, eye miedo dzudzɔʋeʋĩ na Egipte mawu tutɔwo, afi si mieva be mianɔ? Miele mia ɖokuiwo dome gblẽ ge, ahawɔe be miazu ɖiŋudonu kple ŋunyɔnu le anyigbadzidukɔwo katã dome.
de m’irriter par les œuvres de vos mains, en offrant de l’encens à des dieux étrangers dans le pays d’Égypte, où vous êtes entrés pour y habiter, afin de vous faire exterminer, et afin de devenir un objet de malédiction et d’opprobre parmi tous les peuples de la terre?
9 Ɖe mieŋlɔ nu vɔ̃ɖi si mia fofowo, Yuda fiawo kple fiasrɔ̃wo wɔ kple nu vɔ̃ɖi siwo miawo kple mia srɔ̃wo miewɔ le Yudanyigba dzi kple Yerusalem kpɔdomewo bea?
Avez-vous, oublié les crimes de vos pères, les crimes des rois de Juda, les crimes des femmes de Juda, vos crimes et les crimes de vos femmes, qu’elles ont commis dans le pays de Juda et dans les rues de Jérusalem?
10 Va se ɖe egbe sia womebɔbɔ wo ɖokuiwo, de bubu ŋunye loo, alo wɔ nye sewo kple ɖoɖo siwo metsɔ ɖo mi kple mia fofowo ŋkume la dzi o.
Ils n’ont pas été contrits jusqu’à ce jour, ils n’ont pas eu de crainte, ils n’ont pas marché dans ma loi ni dans mes commandements que j’avais mis devant vous et devant vos pères.
11 “Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Meɖoe kplikpaa be, mahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi, eye matsrɔ̃ Yuda katã.
C’est pourquoi ainsi parle Yahweh des armées, Dieu d’Israël: Voici que je vais tourner ma face contre vous, pour votre malheur, et pour exterminer tout Juda.
12 Makplɔ Yuda ƒe ame mamlɛ siwo ɖoe be yewoayi aɖanɔ Egipte godoo la adzoe. Wo katã woatsrɔ̃ ɖe Egipte; woatsi yi nu loo, alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi la, woatsi yi nu alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Woazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, fiƒodenu kple fewuɖunu.
Je prendrai le reste de Juda, qui a tourné ses regards vers le pays d’Égypte pour y venir habiter. Ils seront tous consumés dans le pays d’Égypte et ils tomberont; ils seront consumés par l’épée, par la famine; petits et grands, ils mourront par l’épée et par la famine, et ils seront un objet d’exécration, de stupéfaction, de malédiction et d’opprobre.
13 Matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe toe na ame siwo le Egipte abe ale si mehe toe na Yerusalem nɔlawo ene.
Je visiterai ceux qui demeurent dans le pays d’Égypte, comme j’ai visité Jérusalem, par l’épée, par la famine et par la peste.
14 Yuda ƒe ame mamlɛ siwo si yi ɖe Egipte la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe be wòatrɔ ayi ɖe Yudanyigba dzi, afi si ŋu woƒe dzi ku ɖo vevie be woaɖanɔ o; ame aɖeke matrɔ agbɔ o, negbe aʋasila aɖewo ko.”
Nul ne réchappera ni ne survivra du reste de Juda, de ceux qui sont venus pour demeurer ici, au pays d’Égypte, et pour retourner au pays de Juda, où leur désir les pousse à revenir pour y demeurer. Car ils n’y retourneront pas, sauf quelques réchappés.
15 Tete ŋutsu siwo katã nya be yewo srɔ̃wo le dzudzɔ ʋeʋĩ dom na mawu tutɔwo, kpe ɖe nyɔnuawo katã ŋuti, wonye ameha gã aɖe ŋutɔ eye ame siwo katã le Egipte ƒe anyigbe kple dzigbe kpe ɖe wo ŋuti wova gblɔ na Yeremia bena,
Alors tous les hommes qui savaient que leurs femmes offraient de l’encens à des dieux étrangers, et toutes les femmes rassemblées là, en grande assemblée, et tout le peuple qui demeurait dans le pays d’Égypte, à Pathurès, répondirent, à Jérémie en ces termes:
16 “Míaɖo to nya si nègblɔ na mí le Yehowa ŋkɔ me la o!
« Quant à la parole que tu nous as dite au nom de Yahweh, nous ne t’écoutons pas.
17 Ke boŋ míawɔ nu sia nu si míegblɔ be míawɔ, míado dzudzɔʋeʋĩ na Dziƒofianyɔnu, eye míaƒo aha ɖi nɛ abe ale si ko mía fofowo, míaƒe fiawo kple dumegãwo wɔe le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ene. Le ɣe ma ɣi la, nuɖuɖu geɖe nɔ mía si, agbe hã dze dzi na mí nyuie eye míekpe hiã aɖeke o.
Mais nous accomplirons certainement toute parole sortie de notre bouche, en offrant de l’encens à la Reine du ciel, en lui versant des libations, comme nous avons fait, nous et nos pères, nos rois et nos chefs, dans les villes de Juda et dans les rues de Jérusalem. Nous avions alors du pain à satiété, nous étions heureux et nous ne voyions pas le malheur.
18 Gake tso esime míedzudzɔ dzudzɔdodo na Dziƒofianyɔnu la kple ahaƒoƒo ɖe anyi nɛ la, naneke megadzea edzi na mí o, eye míele tsɔtsrɔ̃m ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me boŋ.”
Mais depuis que nous avons cessé d’offrir de l’encens à la Reine du ciel et de lui verser des libations, nous avons manqué de tout et nous avons été consumés par l’épée et par la famine.
19 Nyɔnuawo gblɔ kpe ɖe ŋu be, “Esi míedoa dzudzɔ na Dziƒofianyɔnu la eye míeƒoa aha ɖi nɛ la, mía srɔ̃ŋutsuwo menya hã be míemea akpɔnɔ vivi si míewɔ ɖe eƒe nɔnɔme me la heƒoa aha ɖi nɛ oa?”
Et quand nous offrions de l’encens à la Reine du ciel et que nous lui versions des libations, est-ce en dehors de nos maris que nous lui faisions des gâteaux pour la représenter et que nous lui versions des libations?
20 Tete Yeremia gblɔ na ameawo katã, ŋutsu kple nyɔnu siwo le nya ŋu ɖom nɛ la be,
Alors Jérémie parla à tout le peuple contre les hommes, contre les femmes et contre ceux qui lui avaient ainsi répondu, et il leur dit:
21 “Ɖe Yehowa meɖo ŋku edzi eye wòbu dzudzɔ ʋeʋĩ si miawo ŋutɔ, mia fofowo, miaƒe fiawo, miaƒe dumegãwo kple anyigbadzitɔwo dona le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ŋuti oa?
« N’est-ce pas l’encens que vous avez brûlé dans les villes de Juda et dans les rues de Jérusalem, vous et vos pères, vos rois et vos chefs, et le peuple du pays, que Yahweh s’est rappelé et qui lui est monté au cœur?
22 Esi Yehowa magate ŋu atsɔ miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu siwo miewɔ o ta la, miaƒe anyigba zu ɖiŋudonu, aƒedo kple gbegbe eye amewo meganɔ dzi o, abe ale si wòle egbea ene.
Yahweh n’a pu le supporter plus longtemps, à cause de la méchanceté de vos actions et des abominations que vous avez commises; et votre pays est devenu un lieu désert, dévasté et maudit, où personne n’habite, comme on le voit aujourd’hui.
23 Esi miedo dzudzɔ ʋeʋĩ, hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe alo wɔ eƒe sewo, ɖoɖowo kple dɔdeasiwo dzi o tae dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe ale si miele ekpɔm egbea ene.”
C’est parce que vous avez offert de l’encens et péché contre Yahweh et que vous n’avez pas écouté la voix de Yahweh, ses lois, ses ordonnances et ses préceptes, c’est pour cela que ce malheur vous est arrivé, comme cela se voit aujourd’hui. »
24 Emegbe Yeremia gblɔ na ameha la katã kple nyɔnuwo siaa be, “Mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi, mise Yehowa ƒe nya.
Et Jérémie dit à tout le peuple et à toutes les femmes: « Ecoutez la parole de Yahweh, vous tous, hommes de Juda qui êtes dans le pays d’Égypte.
25 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miawo ŋutɔ kple mia srɔ̃nyɔnuwo, to miaƒe nuwɔnawo me, ɖe ŋugbe si miedo la fia, esi miegblɔ be, míawɔ adzɔgbe si míeɖe be míado dzudzɔ ʋeʋĩ, aƒo aha ɖi na Dziƒofianyɔnu la dzi godoo.’ “Eya ta, miyi edzi, miwɔ ɖe miaƒe ŋugbedodowo dzi! Milé miaƒe adzɔgbeɖeɖewo me ɖe asi!
Ainsi parle Yahweh des armées, Dieu d’Israël: Vous et vos femmes, vous l’avez déclaré de vos bouches et exécuté de vos mains, en disant: Oui, nous accomplirons les vœux que nous avons faits, d’offrir de l’encens à la Reine du ciel et de lui verser des libations. Eh bien, acquittez vos vœux, ne manquez pas d’accomplir vos vœux!
26 Gake mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi: ‘Yehowa be, meta nye ŋkɔ gã la be, Yudatɔ siwo kaka ɖe Egiptenyigba dzi ƒe ɖeke magayɔ nye ŋkɔ alo aka atam be, “Meta Aƒetɔ Yehowa ƒe agbe” o,
Ecoutez donc la parole de Yahweh, vous tous, hommes de Juda qui demeurez dans le pays d’Égypte. Voici que je le jure par mon grand nom, dit Yahweh: Mon nom ne sera plus prononcé dans tout le pays d’Égypte par la bouche d’aucun homme de Juda disant: Le Seigneur Yahweh est vivant!
27 elabena nye ŋku le wo ŋuti hena vɔ̃, menye nyui o. Yudatɔ siwo le Egipte la atsrɔ̃ ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me va se ɖe esime wo katã woavɔ.
Voici que je veille sur eux, pour leur mal et non pour leur bien, et tous les hommes de Juda qui sont dans le pays d’Égypte seront consumés par l’épée et par la famine, jusqu’à leur extermination.
28 Ame siwo asi le yi nu le Egipte atrɔ ayi Yudanyigba dzi la anɔ ʋɛe ko, ekema Yuda ƒe ame mamlɛawo katã, ame siwo va Egipte nɔ ge la, anya ame si ƒe nya le eteƒe, tɔnye loo, alo wo tɔ.’
Et ceux qui échapperont à l’épée, en petit nombre, retourneront du pays d’Égypte au pays de Juda. Et tout le reste de Juda, ceux qui sont venus en Égypte pour y habiter, sauront de qui la parole sera réalisée, la mienne ou la leur.
29 “Yehowa be, ‘Esia anye dzesi na mi be mele to he ge na mi le teƒe sia, ale be mianya be nye atam si meka be mawɔ vɔ̃ mi la anɔ edzi godoo.’
Et ceci sera pour vous, — oracle de Yahweh, — le signe que je vous visiterai en ce lieu, afin que vous sachiez que mes paroles s’accompliront certainement pour votre malheur:
30 Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ Farao Hofra, Egipte fia ade asi na eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim, abe ale si metsɔ Yuda fia Zedekia de asi na Babilonia fia Nebukadnezar si nye eƒe futɔ si le eƒe agbe yome tim la ene.’”
Ainsi parle Yahweh: Voici que je livre le Pharaon Hophra, roi d’Égypte, aux mains de ses ennemis et aux mains de ceux qui en veulent à sa vie, comme j’ai livré Sédécias, roi de Juda, aux mains de Nabuchodonosor, roi de Babylone, son ennemi, qui en voulait à sa vie. »