< Yeremia 43 >

1 Esi Yeremia wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nyawo gbɔgblɔ na dukɔ la nu eye esi wòwu nya siwo katã Yehowa ɖo ɖee be wòagblɔ na wo nu vɔ la,
Quando Jeremias terminou de falar a todo o povo todas as palavras de Javé seu Deus, com as quais Javé seu Deus o havia enviado a eles, mesmo todas essas palavras,
2 Hosaya ƒe vi, Azaria, Karea ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu tosesẽtɔwo katã gblɔ na Yeremia be, “Aʋatso kam nèle! Yehowa, míaƒe Mawu la medɔ wò be nàgblɔ be, ‘Migayi Egipte, ne mianɔ afi ma o.’
então Azarias, filho de Hosaías, Johananan, filho de Kareah, e todos os homens orgulhosos falaram, dizendo a Jeremias: “Você fala falsamente. Javé, nosso Deus, não vos enviou para dizer: 'Não ireis ao Egito para viver lá';
3 Ke boŋ Neria ƒe vi, Baruk, eyae le adã dem ta me na wò ɖe mía ŋu be, nàtsɔ mí ade asi na Babiloniatɔwo be woawu mí loo, alo aɖe aboyo mí ayi ɖe Babiloniae.”
mas Baruc, filho de Nereu, vos transformou contra nós, para nos entregar na mão dos caldeus, para que nos ponham à morte ou nos levem cativos para Babilônia”.
4 Ale Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã gbe be yewomawɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde na wo be woanɔ Yudanyigba dzi la dzi o.
Então Johanan, o filho de Kareah, e todos os capitães das forças, e todo o povo, não obedeceram à voz de Javé, para morar na terra de Judá.
5 Le esia teƒe la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegãwo katã kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yuda, ame siwo trɔ gbɔ be woava nɔ Yudanyigba dzi tso dukɔ siwo katã me wokaka ɖo la dzoe.
Mas Johananan, filho de Kareah, e todos os capitães das forças levaram todo o restante de Judá, que havia retornado de todas as nações para onde haviam sido levados, para viver na terra de Judá-
6 Wokplɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiavinyɔnu siwo aʋafia, Nebuzaradan gblẽ ɖe Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia gbɔ hekpe ɖe Nyagblɔɖila Yeremia, Neria ƒe vi, Baruk gbɔ la hã dzoe.
os homens, as mulheres, as crianças, as filhas do rei e todas as pessoas que Nebuzaradan, o capitão da guarda, havia deixado com Gedalias, filho de Ahikam, filho de Shaphan; e Jeremias, o profeta, e Baruc, filho de Nerias.
7 Ale woyi ɖe Egipte, hetsi tsitre ɖe Yehowa ŋu eye woɖo keke Tapanhes ke gɔ hã.
Eles vieram para a terra do Egito, pois não obedeceram à voz de Javé; e vieram para Tahpanhes.
8 Yehowa ƒe nya va na Yeremia le Tapanhes be,
Então veio a palavra de Javé a Jeremias em Tahpanhes, dizendo:
9 “Tsɔ kpe gã aɖewo ɖe asi ne Yudatɔwo ƒe ŋku le dziwò eye nàɖi wo ɖe Farao ƒe Fiasã ƒe mɔnu, ɖe anyikpe siwo woɖo ɖe mɔa nu la te
“Pegue grandes pedras na mão e esconda-as em argamassa na obra de tijolos que está na entrada da casa do Faraó em Tahpanhes, à vista dos homens de Judá.
10 Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mele ame dɔ ge aɖo ɖe nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia eye matsɔ eƒe fiazikpui aɖo kpe siwo meɖi ɖe teƒe sia la dzi eye wòakeke eƒe dzoya ɖe wo dzi.
Diga-lhes, Javé dos Exércitos, o Deus de Israel, diz: “Eis que enviarei e tomarei Nabucodonosor, o rei da Babilônia, meu servo, e porei seu trono sobre estas pedras que escondi; e ele estenderá seu pavilhão real sobre elas.
11 Ava dze Egipte dzi eye wòahe ku vɛ na ame siwo woɖo ɖi na ku, aboyomeyiyi na ame siwo woɖo ɖi na aboyomenɔnɔ eye yi na ame siwo woɖo ɖi na yi.
Ele virá e atingirá a terra do Egito; os que são para a morte serão mortos, e os que são para o cativeiro para o cativeiro, e os que são para a espada para a espada para a espada.
12 Atɔ dzo Egipte mawuwo ƒe gbedoxɔwo, atɔ dzo woƒe gbedoxɔwo eye wòaɖe aboyo woƒe mawuawo. Abe ale si alẽkplɔla tsɔa avɔ xatsana ɖe eɖokui ŋu ene la, nenema wòatsɔ Egipte abla ɖe eɖokui ŋu eye wòadzo kɔ̃ɔ le dedinɔnɔ me.
Acenderei um fogo nas casas dos deuses do Egito. Ele os queimará, e os levará cativos. Ele se vestirá com a terra do Egito, como um pastor veste sua veste; e sairá de lá em paz.
13 Amu legba siwo le Ɣemawu ƒe gbedoxɔ me le Egipte la aƒu anyi eye wòatɔ dzo Egipte mawuwo ƒe trɔ̃xɔwo katã.’”
Ele também quebrará os pilares de Beth Shemesh que está na terra do Egito; e queimará com fogo as casas dos deuses do Egito”.

< Yeremia 43 >