< Yeremia 42 >
1 Emegbe, asrafomegãwo katã kpe ɖe Yohanan, Karea ƒe vi, Yezania, Hosaya ƒe vi kple ameha la katã ŋu tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi va
Then all the commanders of the forces, along with Johanan son of Kareah, Jezaniah son of Hoshaiah, and all the people from the least to the greatest, approached
2 gblɔ na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Míeɖe kuku na wò, se míaƒe kokoƒoƒo eye nàdo gbe ɖa na Yehowa, wò Mawu la ɖe ameha mamlɛawo ta elabena abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene la, togbɔ be miesɔ gbɔ tsã hã la, azɔ la, ame ʋɛ aɖewo koe susɔ.
Jeremiah the prophet and said, “May our petition come before you; pray to the LORD your God on behalf of this entire remnant. For few of us remain of the many, as you can see with your own eyes.
3 Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la be wòafia afi si míayi kple nu si míawɔ la mí.”
Pray that the LORD your God will tell us the way we should walk and the thing we should do.”
4 Nyagblɔɖila Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Mese nya si miegblɔ; kpɔ ɖa, maɖe kuku na Yehowa, míaƒe Mawu la abe ale si miebia ene, magblɔ nya sia nya si wògblɔ nam la na mi eye nyemaɣla ɖeke ɖe mi o.”
“I have heard you,” replied Jeremiah the prophet. “I will surely pray to the LORD your God as you request, and I will tell you everything that the LORD answers; I will not withhold a word from you.”
5 Wogblɔ na Yeremia be, “Ɖekoe Yehowa nanye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla ɖe mía ŋu ne míewɔ ɖe nu sia nu si Yehowa, wò Mawu la dɔ wò be nàgblɔ na mí la dzi o.
Then they said to Jeremiah, “May the LORD be a true and faithful witness against us if we do not act upon every word that the LORD your God sends you to tell us.
6 Eɖanye nya nyui alo nya vɔ̃ o, míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo, be eme nanyo na mí, elabena míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la.”
Whether it is pleasant or unpleasant, we will obey the voice of the LORD our God to whom we are sending you, so that it may go well with us, for we will obey the voice of the LORD our God!”
7 Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia.
After ten days the word of the LORD came to Jeremiah,
8 Ale wòyɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã tso ɖeviwo dzi yi ɖe tsitsiawo dzi.
and he summoned Johanan son of Kareah, all the commanders of the forces who were with him, and all the people from the least to the greatest.
9 Egblɔ na wo be, “Ale Yehowa Israel ƒe Mawu la, ame si gbɔ miedom ɖo be matsɔ miaƒe kokoƒoƒo nɛ la gblɔe nye esi:
Jeremiah told them, “Thus says the LORD, the God of Israel, to whom you sent me to present your petition:
10 ‘Ne mienɔ anyigba sia dzi la, matu mi eye nyemagbã mi o, mado mi eye nyemaho mi o, elabena gbegblẽ si mehe va mia dzii la vem ŋutɔ.
‘If you will indeed stay in this land, then I will build you up and not tear you down; I will plant you and not uproot you, for I will relent of the disaster I have brought upon you.
11 Migavɔ̃ na Babilonia fia si vɔ̃m miele fifia o. Yehowa be migavɔ̃ nɛ o, elabena meli kpli mi be maxɔ na mi eye maɖe mi tso eƒe asi me.
Do not be afraid of the king of Babylon, whom you now fear; do not be afraid of him, declares the LORD, for I am with you to save you and deliver you from him.
12 Makpɔ nublanui na mi, be eya hã nakpɔ nublanui na mi eye wòaɖo mi te le miaƒe anyigba dzi.’
And I will show you compassion, and he will have compassion on you and restore you to your own land.’
13 “Ke ne miegblɔ be, ‘míanɔ anyigba sia dzi o,’ miegbe toɖoɖo Yehowa, miaƒe Mawu la
But if you say, ‘We will not stay in this land,’ and you thus disobey the voice of the LORD your God,
14 eye ne miegblɔ be, ‘Gbeɖe, míayi aɖanɔ Egipte, afi si míakpɔ aʋa teƒe le, ase kpẽ ƒe ɖiɖi loo, alo abolo mahiã mí le o la,’
and if you say, ‘No, but we will go to the land of Egypt and live there, where we will not see war or hear the sound of the ram’s horn or hunger for bread,’
15 ekema mise Yehowa ƒe nya, ‘O mi ame siwo susɔ ɖe Yuda, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mieɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte, eye mieyi ɖanɔ afi ma la,
then hear the word of the LORD, O remnant of Judah! This is what the LORD of Hosts, the God of Israel, says: ‘If you are determined to go to Egypt and reside there,
16 ekema yi si miele vɔvɔ̃m na la ava tu mi le afi ma eye dɔwuame si le ŋɔ dzim na mi la hã akplɔ mi ɖo ayi Egipte, afi mae miaku ɖo.
then the sword you fear will overtake you there, and the famine you dread will follow on your heels into Egypt, and you will die there.
17 Le nyateƒe me, ame siwo katã ɖoe kplikpaa be yewoaɖanɔ Egipte la aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, wo dometɔ aɖeke matsi agbe alo asi le gbegblẽ si mahe va wo dzii la nu o.”’
So all who resolve to go to Egypt to reside there will die by sword and famine and plague. Not one of them will survive or escape the disaster I will bring upon them.’
18 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Abe ale si wotrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖe ame siwo nɔ Yerusalem dzii ene la, nenema kee woatrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la akɔ ɖe mia dzii ne mieyi ɖe Egipte. Miazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, atamkanu kple alɔmeɖenu eye miagakpɔ teƒe sia akpɔ gbeɖe o.’
For this is what the LORD of Hosts, the God of Israel, says: ‘Just as My anger and wrath were poured out on the residents of Jerusalem, so will My wrath be poured out on you if you go to Egypt. You will become an object of cursing and horror, of vilification and disgrace, and you will never see this place again.’
19 “O Yuda ƒe ame mamlɛawo, Yehowa gblɔ na mi be, ‘Migayi Egipte o.’ Nenɔ nyanya me na mi, be egbe mexlɔ̃ nu mi, be
The LORD has told you, O remnant of Judah, ‘Do not go to Egypt.’ Know for sure that I have warned you today!
20 miewɔ vodada gã aɖe, esi miedɔm ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la na mí; gblɔ nu sia nu si wòagblɔ na wò la na mí eye míawɔ ɖe edzi.’
For you have deceived yourselves by sending me to the LORD your God, saying, ‘Pray to the LORD our God on our behalf, and as for all that the LORD our God says, tell it to us and we will do it.’
21 Megblɔe na mi egbe gake miewɔ ɖe nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be magblɔ na mi la dzi haɖe o.
For I have told you today, but you have not obeyed the voice of the LORD your God in all He has sent me to tell you.
22 Eya ta azɔ maka ɖe edzi na mi be miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, le teƒe si mieɖo be yewoayi aɖanɔ.”
Now therefore, know for sure that by sword and famine and plague you will die in the place where you desire to go to reside.”