< Yeremia 40 >

1 Yehowa ƒe gbe va na Yeremia esi aʋafia Nebuzaradan ɖe asi le eŋu le Rama. Eva ke ɖe Yeremia ŋu wode gae kpe ɖe aboyome siwo wokplɔ tso Yerusalem kple Yuda yina ɖe aboyo mee le Babilonia la ŋu.
PALABRA que fué á Jeremías de Jehová, después que Nabuzaradán capitán de la guardia le envió desde Ramá, cuando le tomó estando atado con esposas entre toda la transmigración de Jerusalem y de Judá que iban cautivos á Babilonia.
2 Esi aʋafia la ke ɖe Yeremia ŋu la, egblɔ nɛ be, “Yehowa, wò Mawu lae gblɔ dzɔgbevɔ̃e sia ɖe teƒe sia ŋu.
Tomó pues el capitán de la guardia á Jeremías, y díjole: Jehová tu Dios habló este mal contra este lugar;
3 Ke azɔ la, Yehowa na wòva eme tututu abe ale si wògblɔe la ene. Esia katã va eme elabena mi ame siawo miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe o.
Y halo traído y hecho Jehová según que había dicho: porque pecasteis contra Jehová, y no oísteis su voz, por eso os ha venido esto.
4 Ke egbe la, meɖe ga le alɔnu na wò, ne elɔ̃ la, kplɔm ɖo míayi Babilonia, makpɔ dziwò nyuie, gake ne melɔ̃ o la, ate ŋu anɔ anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, yi afi sia afi si nèlɔ̃ la faa.”
Y ahora yo te he soltado hoy de las esposas que [tenías] en tus manos. Si te está bien venir conmigo á Babilonia, ven, y yo miraré por ti; mas si no te está bien venir conmigo á Babilonia, déjalo: mira, toda la tierra está delante de ti; ve á donde mejor y más cómodo te pareciere ir.
5 Gake hafi Yeremia natrɔ be yeadzo la, Nebuzaradan gblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, “Trɔ yi ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi ame si Babilonia fia tsɔ ɖo Yuda duwo nu la gbɔ eye nànɔ egbɔ le ameawo dome alo nàyi afi sia afi si nèlɔ.” Emegbe aʋafia la tsɔ nu hiahiã aɖewo kple nunana aɖe nɛ eye wòɖe asi le eŋu.
Y aun no se había él vuelto, cuando [le dijo]: Vuélvete á Gedalías hijo de Ahicam, hijo de Saphán, al cual el rey de Babilonia ha puesto sobre todas las ciudades de Judá, y vive con él en medio del pueblo: ó ve á donde te pareciere más cómodo de ir. Y dióle el capitán de la guardia presentes y dones, y despidióle.
6 Ale Yeremia yi ɖe Ahikam ƒe vi, Gedalia gbɔ le Mizpa eye wònɔ egbɔ le ame siwo susɔ ɖe anyigba la dzi la dome.
Fuése entonces Jeremías á Gedalías hijo de Ahicam, á Mizpa, y moró con él en medio del pueblo que había quedado en la tierra.
7 Esi asrafowo ƒe amegã siwo le aʋagbedzi se be Babilonia fia tsɔ Ahikam ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi, hetsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, ame siwo nye ame dahewo eye womekplɔ wo yi aboyo mee le Babilonia o la de eƒe dzikpɔkpɔ te la,
Y como oyeron todos los príncipes del ejército que estaba por el campo, ellos y sus hombres, que el rey de Babilonia había puesto á Gedalías hijo de Ahicam sobre la tierra, y que le había encomendado los hombres, y las mujeres, y los niños, y los pobres de la tierra, que no fueron trasportados á Babilonia;
8 wova Gedalia gbɔ le Mizpa. Ameawoe nye Ismael, Netania ƒe vi; Yohanan kple Yonatan, Karea ƒe viŋutsuwo; Seraya, Tanhumet ƒe vi; Efai Netofatitɔ viŋutsuwo kple Yazania, Makatitɔ ƒe vi kple wo ŋutimewo.
Vinieron luego á Gedalías en Mizpa, es á saber, Ismael hijo de Nethanías, y Johanán y Jonathán hijos de Carea, y Seraías hijo de Tanhumeth, y los hijos de Ephi Netophatita, y Jezanías hijo de Maachâti, ellos y sus hombres.
9 Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, ka atam na wo kple wo ŋutimewo be wòaɖo kpe nu si wòagblɔ la dzi: Egblɔ na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo subɔsubɔ o, mitsi anyigba la dzi eye miasubɔ Babilonia fia, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.
Y juróles Gedalías hijo de Ahicam, hijo de Saphán, á ellos y á sus hombres, diciendo: No tengáis temor de servir á los Caldeos: habitad en la tierra, y servid al rey de Babilonia, y tendréis bien.
10 Nye ŋutɔ manɔ Mizpa, be manɔ mia teƒe le Babiloniatɔ siwo va mia gbɔ la ŋkume. Ke miawo la, mixa wain tsetsewo, dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo eye miɖa ami, miazi wo ɖe amigowo me eye minɔ du siwo míexɔ la me.”
Y he aquí que yo habito en Mizpa, para estar delante de los Caldeos que vendrán á nosotros; mas vosotros, coged el vino, y el pan, y el aceite, y ponedlo en vuestros almacenes, y quedaos en vuestras ciudades que habéis tomado.
11 Esi Yudatɔ siwo katã le Moab, Amon, Edom kple du bubuwo me se bena Babilonia fia gblẽ ame aɖewo ɖe Yuda eye wòtsɔ Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe wo nu la,
Asimismo todos los Judíos que estaban en Moab, y entre los hijos de Ammón, y en Edom, y los que estaban en todas las tierras, cuando oyeron decir como el rey de Babilonia había dejado algunos en la Judea, y que había puesto sobre ellos á Gedalías hijo de Ahicam, hijo de Saphán,
12 wo katã wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi, tso du siwo me wokaka ɖo la heva ƒo ta kpli ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa. Woyi ɖaxa waintsetse gbogbo aɖewo kple dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo.
Todos estos Judíos tornaron entonces de todas las partes adonde habían sido echados, y vinieron á tierra de Judá, á Gedalías en Mizpa; y cogieron vino y muy muchos frutos.
13 Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo gale gbea dzi la va Gedalia gbɔ le Mizpa
Y Johanán, hijo de Carea, y todos los príncipes de la gente de guerra que estaban en el campo, vinieron á Gedalías en Mizpa,
14 eye wogblɔ nɛ be, “Mènya be Amonitɔwo ƒe fia Balis dɔ Netania ƒe vi, Ismael be wòava ɖe wò agbe ɖa oa?” Ke Ahikam ƒe vi, Gedalia mexɔ woƒe nya la dzi se o.
Y dijéronle: ¿No sabes de cierto como Baalis, rey de los hijos de Ammón, ha enviado á Ismael hijo de Nethanías, para matarte? Mas Gedalías hijo de Ahicam no los creyó.
15 Tete Karea ƒe vi, Yohanan ɖe kpɔ Gedalia le Mizpa hegblɔ nɛ be, “Na mayi aɖawu Netania ƒe vi, Ismael eye ame aɖeke manya o. Nu ka ta wòaɖe wò agbe ɖa, ahawɔe be Yudatɔ siwo katã ƒo ta kpli ɖe ŋuwò la nakaka eye Yuda ƒe ame mamlɛawo natsrɔ̃?”
Entonces Johanán hijo de Carea habló á Gedalías en secreto, en Mizpa, diciendo: Yo iré ahora, y heriré á Ismael hijo de Nethanías, y hombre no lo sabrá: ¿por qué te ha de matar, y todos los Judíos que se han recogido á ti se derramarán, y perecerá el resto de Judá?
16 Ke Gedalia, Ahikam ƒe vi, ɖo eŋu na Yohanan, Karea ƒe vi la be, “Mègawɔ nenema o! Nya si gblɔm nèle la nye alakpa nèle dadam ɖe Ismael si.”
Pero Gedalías hijo de Ahicam dijo á Johanán hijo de Carea: No hagas esto, porque falso es lo que tú dices de Ismael.

< Yeremia 40 >