< Yeremia 4 >
1 Yehowa be, “O Israel, ne miatrɔ la, ekema mitrɔ va gbɔnye ne mieɖe miaƒe legba nyɔŋuawo ɖa le nye ŋkuta eye miagatra mɔ o.
Omvender du dig, Israel, lyder det fra Herren, så vend dig til mig; hvis du fjerner dine væmmelige Guder, skal du ikke fly for mit Åsyn.
2 Ne mieta nu be ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe, kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la, ekema ayra dukɔwo eye le eya amea mee woaƒo adegbe le.”
Sværger du: "Så sandt HERREN lever," redeligt, ærligt og sandt, skal Folkeslag velsigne sig ved ham og rose sig af ham.
3 Ale Yehowa gblɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwoe nye esi: “Miŋlɔ agble yeye, migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o.
Thi så siger HERREN til Judas Mænd og Jerusalems Borgere: Bryd eder Nyjord og så dog ikke blandt, Torne!
4 Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo, mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa. Mitso aʋa na miaƒe dziwo, ne menye nenema o la, nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.”
Omskær jer for HERREN og fjern eders Hjertes Forhud, Judas Mænd og Jerusalems Borgere, at min Vrede ikke slår ud som Ild og hrænder uslukket for eders onde Gerningers Skyld.
5 “Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpo le Yerusalem gblɔ be, ‘Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!’ Mido ɣli sesĩe be, ‘Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!’
Forkynd i Juda og Jerusalem, kundgør og tal, lad Hornet gjalde i Landet, råb, hvad I kan, og sig: Flok jer sammen! Vi går ind i de faste Stæder!
6 Mikɔ aflaga dzi ɖo ɖe Zion! Misi yi sitsoƒe, migatɔ o! Elabena mehe gbegblẽ tso anyiehe gbɔnae, gbegblẽ si teƒe makɔ o.”
Rejs Banner hen imod Zion, fly uden Standsning! Thi Ulykke sender jeg fra Nord, et vældigt Sammenbrud.
7 “Dzata aɖe do tso eƒe do me, dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ. Etso le enɔƒe be wòava wɔ miaƒe anyigba wòazu gbegbe, ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo eye amewo manɔ wo me o.
En Løve steg op fra sit Krat, en Folkehærger brød op, gik bort fra sin Hjemstavn for at gøre dit Land til en Ørk; dine Byer skal hærges, så ingen bor der.
8 Eya ta mita akpanya, mifa konyi eye mifa avi sesĩe, elabena Yehowa ƒe dziku sesẽ la medzo le mía dzi o.”
Derfor skal I klæde jer i Sæk og klage og jamre, thi ej vender HERRENs glødende Vrede sig fra os.
9 Yehowa be, “Ɣe ma ɣi la dzi aɖe le fia la kple eƒe dumegãwo ƒo, ŋɔdzi alé Nunɔlawo eye Nyagblɔɖilawo ƒe nu atsi te.”
På hin Dag, lyder det fra HERREN, skal Kongen og Fyrsterne tabe Modet, Præsterne stivne af Skræk og Profeterne slås af Rædsel;
10 Tete megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, ‘Miakpɔ ŋutifafa.’ Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi.”
og de skal sige: "Ak, Herre, HERRE! Sandelig, du førte dette Folk og Jerusalem bag Lyset, da du sagde: I skal have Fred! Nu har Sværdet nået Sjælen."
11 Le ɣe ma ɣi la, woagblɔ na ame siawo kple Yerusalem be, “Ya xɔdzo aɖe ƒo tso to ƒuƒluwo dzi to gbegbe gbɔna va nye amewo gbɔ gake menye wòagbɔ nu alo aklɔ nu ta o.
På hin Tid skal der siges til dette Folk og Jerusalem: Et glødende Vejr fra Ørkenens nøgne Høje trækker op mod mit Folks Datter, ej til Kastning og Rensning af Korn,
12 Ya sia sẽ ŋutɔ elabena etso gbɔnye. Azɔ la, mehe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzii.”
et Vejer for vældigt dertil kommer mod mig. Derfor vil jeg også nu tale Domsord imod dem.
13 Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene, eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene eye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo. Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ!
Se, det kommer som Skyer, dets Vogne som Stormvejr, dets Heste er hurtigere end Ørne; ve, vi lægges øde!
14 O Yerusalem, klɔ nu tovo ɖa le wò dzi ŋu be nàkpɔ xɔxɔ. Va se ɖe ɣe ka ɣie susu vɔ̃ɖi anɔ mewò?
Rens dit Hjerte for ondt, Jerusalem, at du må frelses! Hvor længe skal dit Indre huse de syndige Tanker?
15 Gbe aɖe le gbeƒã ɖem tso Dan. Ele kpo dom gbegblẽ si tso Efraim togbɛwo dzi gbɔna.
Thi hør, en Råber fra Dan, et Ulykkesbud fra Efraims Bjerge:
16 “Migblɔ nya sia na dukɔwo, miɖe gbeƒãe na Yerusalem be, ‘Asrafo siwo ɖea to ɖe duwo la gbɔna tso adzɔgenyigba aɖe dzi; wole aʋaɣli dom ɖe Yuda ƒe duwo ŋuti.
Kundgør Folkene: Se! Lad det høres i Jerusalem! Belejrere kommer fra et Land i det fjerne, de opløfter Røsten mod Byerne i Juda.
17 Woɖe to ɖee abe agbleŋudzɔlawo ene elabena edze aglã ɖe ŋunye.’” Yehowae gblɔe.
Som Markens Vogtere stiller de sig rundt omkring det, thi genstridigt var det imod mig, lyder det fra HERREN.
18 “Wò ŋutɔ wò afɔɖeɖewo kple nuwɔnawoe he esia va dziwòe. Esiae nye wò tohehe. Aleke wòahave wòe! Aleke wòahaƒo ɖe wò dzii!”
Det kan du takke din Færd, dine Gerninger for; det skyldes din Ondskab; hvor bittert! Det gælder Livet.
19 O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo! Mele ŋeŋem le vevesese me. O nye dzi xɔ abi ɖe dɔ me nam! Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi, mese aʋaɣlidodo.
Mit indre, mit Indre! Jeg skælver! Mit Hjertes Vægge! Mit Hjerte vånder sig i mig, ej kan jeg tie. Thi Hornets klang må jeg høre, Skrig fra Kampen;
20 Gbegblẽ kplɔ gbegblẽ ɖo eye anyigba blibo la zu aƒedo. Enumake wogbã nye agbadɔwo eye le aɖabaƒoƒo ɖeka me wogbã nye aƒe.
der meldes om Fald på Fald, thi alt Landet er hærget. Mine Telte hærges brat, i et Nu mine Forhæng.
21 Va se ɖe ɣe ka ɣie makpɔ aflaga, ase aʋakpẽ?
Hvor længe skal jeg skue Banneret, høre Hornet?
22 “Nye amewo nye movitɔwo eye womenyam o. Wole abe ɖevi abunɛtɔwo ene elabena womenyam o. Wobi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me eye womenya nu nyui wɔwɔ o.”
Thi mit Folk er tåbeligt, kender ej mig, de er dumme Sønner og uden Indsigt; de er vise til at gøre det onde, men Tåber til det gode.
23 Metsa ŋku le anyigba dzi, ele nyamaa, le ƒuƒlu. Mewu mo dzi kpɔ dziƒo gake woƒe kekeli megali o.
Jeg så på Jorden, og se, den var øde og tom, på Himlen, dens Lys var borte;
24 Mewu mo dzi kpɔ towo, wole dzodzom kpekpekpe eye togbɛwo katã le ʋuʋum.
Bjergene så jeg, og se, de skjalv, og alle Højene bæved;
25 Metsa ŋku ke nyemekpɔ ame aɖeke o. Xevi ɖe sia ɖe si le yame gɔ̃ hã dzo dzo.
jeg så, og se, der var mennesketomt, og alle Himlens Fugle var fløjet;
26 Menye kɔ eye mekpɔ anyigba nyonu la zu gbegbe; eƒe duwo katã hã zu aƒedo le Yehowa ŋkume le eƒe dziku helĩhelĩ la ta.
jeg så, og se, Frugthaven var Ørken, alle dens Byer lagt øde for HERREN, for hans glødende Vrede.
27 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Anyigba blibo la azu aƒedo, gake nyemagblẽe gbidigbidi o.
Thi så siger HERREN: Al Jorden bliver Ørk, men helt ødelægger jeg ikke.
28 Eya ta anyigba axa nu eye dziƒo ado viviti elabena meƒo nu eye nyemagbe edziwɔwɔ o. Meɖo ta me eye nyematrɔ susu o.”
Derfor sørger Jorden, og Himlen deroppe er sort; thi jeg talede og angrer det ikke, tænkte og går ikke fra det.
29 Du sia du lé du tsɔ esi wose sɔwo kple aŋutrɔdalawo ƒe hoowɔwɔ. Ame aɖewo yi ɖabe ɖe ave dodowo me, eye ɖewo lia agakpewo. Duwo katã me ɖi gbɔlo: ame aɖeke megale wo me o.
For Larmen af Ryttere og Bueskytter flyr alt Landet, de tyr ind i Krat, stiger op på Klipper; hver By er forladt, og ikke et Menneske bor der.
30 O, wò ame si wotsrɔ̃, nu ka wɔm nèle? Nu ka ta nètsɔ awu dzĩ kple sikanuwo do? Nu ka ta nètsɔ ɖoŋkui sisi ɖe ŋkuta ɖo? Dzodzroe nèwɔ leke na ɖokuiwò. Wò lɔlɔ̃tɔwo do vlo wò eye wole wò agbe yome tim.
Og du, hvad vil du mon gøre? Om end du klæder dig i Skarlagen, smykker dig med Guld og gør Øjnene store med Sminke det er spildt, du gør dig smuk. Elskerne agter dig ringe, dit Liv vil de have.
31 Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene. Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be, “Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm; wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”
Thi jeg hører Råb som ved Barnsnød, Skrig som ved Førstefødsel. Hør, hvor Zions Datter stønner med udrakte Hænder: "Ve mig, min Sjæl bukker under for dem, som myrder."