< Yeremia 39 >

1 Le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia me la, Babilonia fia Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔwo katã ɖe Yerusalem ŋuti, eye wòva ɖe to ɖe du la.
In the ninth year of Zedekiah king of Judah, in the tenth month, came Nebuchadrezzar king of Babylon and all his army against Jerusalem, and they besieged it.
2 Le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, wogbã du la ƒe gli ƒu anyi.
[And] in the eleventh year of Zedekiah, in the fourth month, the ninth [day] of the month, the city was broken up.
3 Tete Babilonia fia ƒe amegãwo katã va xɔ zi ɖe Domegbo la ƒe mɔnu. Amegãwoe nye: Nergal Sarezer si tso Samgar, Nebo Sarsekim, dɔnunɔlagã ɖeka, Nergal Sarezer, ame deŋgɔ ɖeka, hekpe ɖe Babilonia fia ƒe amegã bubuwo ŋuti.
And all the princes of the king of Babylon came in, and sat in the middle gate, [even] Nergal-sharezer, Samgar-nebo, Sarsechim, Rab-saris, Nergal-sharezer, Rab-mag, with all the residue of the princes of the king of Babylon.
4 Ke esi Yuda fia, Zedekia kple eŋusrafowo kpɔ wo la, wosi dzo, wodo le dua me le zãtitina, to fia la ƒe agble me, heto agbo si le gli eveawo dome eye woɖo ta Araba.
And it came to pass, [that] when Zedekiah the king of Judah saw them, and all the men of war, then they fled, and went forth out of the city by night, by the way of the king’s garden, by the gate betwixt the two walls: and he went out the way of the plain.
5 Ke Babilonia ƒe aʋakɔ la ti wo yome eye wova tu Zedekia le Yeriko gbegbe. Wolée hekplɔe vɛ na Babilonia fia Nebukadnezar, le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wobu fɔe le.
But the Chaldeans’ army pursued after them, and overtook Zedekiah in the plains of Jericho: and when they had taken him, they brought him up to Nebuchadnezzar king of Babylon to Riblah in the land of Hamath, where he gave judgment upon him.
6 Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viŋutsuwo kple Yuda ƒe ame ŋkutawo katã le eƒe ŋkume.
Then the king of Babylon slew the sons of Zedekiah in Riblah before his eyes: also the king of Babylon slew all the nobles of Judah.
7 Emegbe wògbã ŋku na Zedekia eye wòtsɔ akɔblikɔsɔkɔsɔ dee be wòakplɔe ayi Babilonia.
Moreover he put out Zedekiah’s eyes, and bound him with chains, to carry him to Babylon.
8 Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi.
And the Chaldeans burned the king’s house, and the houses of the people, with fire, and brake down the walls of Jerusalem.
9 Aʋafia Nebuzaradan kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na wo kple ame mamlɛawo katã yi aboyo mee le Babilonia.
Then Nebuzar-adan the captain of the guard carried away captive into Babylon the remnant of the people that remained in the city, and those that fell away, that fell to him, with the rest of the people that remained.
10 Ke aʋafia Nebuzaradan gblẽ ame dahe aɖewo ɖe Yudanyigba dzi, ame siwo si naneke mele o eye ɣe ma ɣi etsɔ waingblewo kple agblenyigbawo na wo.
But Nebuzar-adan the captain of the guard left of the poor of the people, which had nothing, in the land of Judah, and gave them vineyards and fields at the same time.
11 Ke azɔ la Babilonia fia, Nebukadnezar, de se sia le Yeremia ŋuti to aʋafia Nebuzaradan dzi be,
Now Nebuchadrezzar king of Babylon gave charge concerning Jeremiah to Nebuzar-adan the captain of the guard, saying,
12 “Kplɔe eye nàkpɔ edzi, mègawɔ vɔ̃ aɖekee o, ke boŋ wɔ nu sia nu si wòabia la nɛ.”
Take him, and look well to him, and do him no harm; but do unto him even as he shall say unto thee.
13 Ale aʋafia, Nebuzaradan, dɔnunɔla, Nebusazban, bubume Nergal Sarezer kple Babilonia fia ƒe amegã bubuwo
So Nebuzar-adan the captain of the guard sent, and Nebushasban, Rab-saris, and Nergal-sharezer, Rab-mag, and all the king of Babylon’s princes;
14 dɔ amewo ɖe Yeremia gbɔ, eye woɖee le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wokplɔe de asi na Ahikam ƒe vi, Gedalia kple Safan ƒe vi be wòakplɔe ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe mee. Ale wòyi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒe amewo dome.
Even they sent, and took Jeremiah out of the court of the prison, and committed him unto Gedaliah the son of Ahikam the son of Shaphan, that he should carry him home: so he dwelt among the people.
15 Ke esi Yeremia gale dzɔlawo ƒe xɔxɔm ko la, Yehowa ƒe gbe va nɛ be:
Now the word of the LORD came unto Jeremiah, while he was shut up in the court of the prison, saying,
16 “Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me.
Go and speak to Ebed-melech the Ethiopian, saying, Thus saith the LORD of hosts, the God of Israel; Behold, I will bring my words upon this city for evil, and not for good; and they shall be [accomplished] in that day before thee.
17 Gake maɖe wò gbe ma gbe eye womatsɔ wò ade asi na ame siwo vɔ̃m nèle la o. Yehowae gblɔe.
But I will deliver thee in that day, saith the LORD: and thou shalt not be given into the hand of the men of whom thou [art] afraid.
18 Maɖe wò agbe elabena ètsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe dzinye. Yehowae gblɔe.’”
For I will surely deliver thee, and thou shalt not fall by the sword, but thy life shall be for a prey unto thee: because thou hast put thy trust in me, saith the LORD.

< Yeremia 39 >