< Yeremia 37 >
1 Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Yosia ƒe vi, Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda, ɖe Yehoyakim ƒe vi, Yehoyatsin teƒe.
Nebuchadnezzar king of Babylon made Zedekiah son of Josiah the king of Judah, and he reigned in place of Coniah son of Jehoiakim.
2 Ke eya loo, alo eƒe dɔlawo alo ame siwo le anyigba dzi la meɖo to nya siwo Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi o.
But he and his officers and the people of the land refused to obey the words that the LORD had spoken through Jeremiah the prophet.
3 Ke hã la, Fia Zedekia dɔ Yehukal, Selemia ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya vi ɖo ɖe Nyagblɔɖila Yeremia gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, do gbe ɖa na Yehowa míaƒe Mawu la ɖe mía ta.”
Yet King Zedekiah sent Jehucal son of Shelemiah and Zephaniah the priest, the son of Maaseiah, to Jeremiah the prophet with the message, “Please pray to the LORD our God for us!”
4 Ke azɔ la, ablɔɖe le Yeremia si be wòado ɖe dukɔ la dome agagbɔ, elabena womedee gaxɔ me haɖeke o.
Now Jeremiah was free to come and go among the people, for they had not yet put him in prison.
5 Farao ƒe aʋakɔwo ho tso Egipte eye esi Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe Yerusalem se esia la, woho dzo le Yerusalem.
Pharaoh’s army had left Egypt, and when the Chaldeans who were besieging Jerusalem heard the report, they withdrew from Jerusalem.
6 Yehowa ƒe nya va na Nyagblɔɖila Yeremia be,
Then the word of the LORD came to Jeremiah the prophet:
7 “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbem la be, ‘Farao ƒe aʋakɔ siwo ho be woava akpe ɖe ŋutiwò la agbugbɔ ayi ɖe Egipte, woƒe anyigba dzi.
“This is what the LORD, the God of Israel, says that you are to tell the king of Judah, who sent you to Me: Behold, Pharaoh’s army, which has marched out to help you, will go back to its own land of Egypt.
8 Ekema Babiloniatɔwo atrɔ gbɔ, ava dze du sia dzi, axɔe ahatɔ dzoe wòabi azu dzowɔ.’
Then the Chaldeans will return and fight against this city. They will capture it and burn it down.
9 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migable mia ɖokuiwo, asusu be, ‘Babiloniatɔwo aɖe asi le yewo ŋuti o.’ Womaɖe asi o!
This is what the LORD says: Do not deceive yourselves by saying, ‘The Chaldeans will go away for good,’ for they will not!
10 Kura gɔ̃ hã, ne miaɖu Babiloniatɔ siwo ho aʋa ɖe mia ŋu la ƒe aʋakɔwo katã dzi eye abixɔlawo koe asusɔ ɖe woƒe asaɖa me hã la, woado ava xɔ du sia atɔ dzoe.”
Indeed, if you were to strike down the entire army of the Chaldeans that is fighting against you, and only wounded men remained in their tents, they would still get up and burn this city down.”
11 Esi Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔwo ho dzo le Yerusalem, le Farao ƒe aʋakɔwo ta la,
When the Chaldean army withdrew from Jerusalem for fear of Pharaoh’s army,
12 Yeremia do le dua me be yeayi ɖe Benyaminyigba dzi be yeaxɔ yeƒe gome ɖe ame siwo le afi ma la dome.
Jeremiah started to leave Jerusalem to go to the land of Benjamin to claim his portion there among the people.
13 Gake esi wòɖo Benyamin ƒe Agbo nu la, agbonudzɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye; Iriya, Selemia ƒe vi, Hananiya ƒe vi, lée hegblɔ be, “Èsi, be yeayi ɖe Babiloniatɔwo dzi!”
But when he reached the Gate of Benjamin, the captain of the guard, whose name was Irijah son of Shelemiah, the son of Hananiah, seized him and said, “You are deserting to the Chaldeans!”
14 Yeremia ɖo eŋu be, “Alakpae, nyemele sisim be mayi ɖe Babiloniatɔwo dzi o.” Ke Iriya gbe meɖo toe o, ke boŋ elé Yeremia eye wòkplɔe yi ɖe dumegãwo gbɔe.
“That is a lie,” Jeremiah replied. “I am not deserting to the Chaldeans!” But Irijah would not listen to him; instead, he arrested Jeremiah and took him to the officials.
15 Wodo dziku ɖe Yeremia ŋu vevie, wona woƒoe hetsɔe de ga me ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe si wotsɔ wɔ gaxɔe la me.
The officials were angry with Jeremiah, and they beat him and placed him in jail in the house of Jonathan the scribe, for it had been made into a prison.
16 Ale wotsɔ Yeremia de gaxɔ dometɔ si sesẽ hedo viviti la me, afi si wònɔ ɣeyiɣi didi aɖe.
So Jeremiah went into a cell in the dungeon and remained there a long time.
17 Tete Fia Zedekia dɔ ame ɖa be woaɖakplɔe vɛ eye wokplɔe va fiasã la mee, afi si wòbiae le, le bebeme be, “Gbe aɖe va tso Yehowa gbɔa?” Yeremia ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woakplɔ wò ade asi na Babilonia fia.”
Later, King Zedekiah sent for Jeremiah and received him in his palace, where he asked him privately, “Is there a word from the LORD?” “There is,” Jeremiah replied. “You will be delivered into the hand of the king of Babylon.”
18 Tete Yeremia gblɔ na Fia Zedekia be, “Agɔ kae medze le dziwò, wò dumegãwo alo ame siawo dzi, be nètsɔm de gaxɔ me?
Then Jeremiah asked King Zedekiah, “How have I sinned against you or your servants or these people, that you have put me in prison?
19 Afi ka wò nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò be, ‘Babilonia fia mava dze dziwò alo anyigba sia dzi o la le?’
Where are your prophets who prophesied to you, claiming, ‘The king of Babylon will not come against you or this land’?
20 Ke azɔ la, nye aƒetɔ fia, meɖe kuku, ɖo to nàsee. Na matsɔ nye biabia aɖo ŋkuwòme: Mègatrɔm ɖo ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe me o, ne menye nenema o la, maku ɖe afi ma.”
But now please listen, O my lord the king. May my petition come before you. Do not send me back to the house of Jonathan the scribe, or I will die there.”
21 Tete fia Zedekia ɖe gbe be, woatsɔ Yeremia ada ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu eye woatsɔ abolo ɖeka nɛ gbe sia gbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, va se ɖe esime abolo vɔ le dua me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.
So King Zedekiah gave orders for Jeremiah to be placed in the courtyard of the guard and given a loaf of bread daily from the street of the bakers, until all the bread in the city was gone. So Jeremiah remained in the courtyard of the guard.