< Yeremia 35 >
1 Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Yehoyakim, Yosia ƒe vi le fia ɖum le Yuda.
This is the word that came to Jeremiah from the LORD in the days of Jehoiakim son of Josiah king of Judah:
2 “Yi ɖe Rekabi ƒomea gbɔ, eye nàkpe wo ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔŋuxɔewo dometɔ ɖeka me eye nàku wain na wo woano.”
“Go to the house of the Rechabites, speak to them, and bring them to one of the chambers of the house of the LORD to offer them a drink of wine.”
3 Ale meyi be mayɔ Yazania, Yeremia ƒe vi, Habazinia ƒe vi, nɔvia ŋutsuwo kple via ŋutsuwo kple Rekabi ƒomea katã.
So I took Jaazaniah son of Jeremiah, the son of Habazziniah, and his brothers and all his sons—the entire house of the Rechabites—
4 Mekplɔ wo va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee eye míege ɖe Mawu ƒe ame, Igdalia ƒe vi, Hanan ƒe viŋutsuwo ƒe xɔ me enye xɔ si te ɖe dɔdzikpɔlawo ƒe xɔ ŋu eye wòle agbonudzɔla, Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ tame.
and I brought them into the house of the LORD, to a chamber occupied by the sons of Hanan son of Igdaliah, a man of God. This room was near the chamber of the officials, which was above the chamber of Maaseiah son of Shallum the doorkeeper.
5 Tete metsɔ goe siwo wain yɔ banaa la kple kpluwo ɖo Rekabi ƒomea ƒe ŋutsuwo kɔme hegblɔ na wo be, “Mino wain.”
Then I set pitchers full of wine and some cups before the men of the house of the Rechabites, and I said to them, “Drink some wine.”
6 Gake woɖo eŋu nam be, “Míenoa wain o, elabena mía tɔgbuigã, Yonadab, Rekab ƒe vi de se sia na mí be, ‘Miawo ŋutɔwo loo, alo miaƒe dzidzimeviwo mekpɔ mɔ ano wain gbeɖe o.
“We do not drink wine,” they replied, “for our forefather Jonadab son of Rechab commanded us, ‘Neither you nor your descendants are ever to drink wine.
7 Gawu la, miatu xɔwo, aƒã nuku alo ade waingble gbeɖe o; nu siawo ƒe ɖeke mekpɔ mɔ anɔ mia si o, ke boŋ mianɔ avɔgbadɔwo me ɣe sia ɣi. Ekema mianɔ agbe didi le anyigba la dzi, afi si mienye tsatsalawo le.’
Nor are you ever to build a house or sow seed or plant a vineyard. Those things are not for you. Instead, you must live in tents all your lives, so that you may live a long time in the land where you wander.’
8 Míewɔ ɖe nu sia nu si ƒe se mía tɔgbuigã, Yehonadab, Rekab ƒe vi la de na mí la dzi. Míawo ŋutɔ loo alo mía srɔ̃nyɔnuwo, alo mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo meɖɔ wain kpɔ,
And we have obeyed the voice of our forefather Jonadab son of Rechab in all he commanded us. So we have not drunk wine all our lives—neither we nor our wives nor our sons and daughters.
9 alo tu xɔwo be mianɔ wo me, alo de waingble, agblewo, alo xa nukuwo kpɔ o.
Nor have we built houses in which to live, and we have not owned any vineyards or fields or crops.
10 Agbadɔxɔwo me koe míenɔna eye míewɔ ɖe se siwo katã mía tɔgbuigã, Yonadab de na mí la dzi.
But we have lived in tents and have obeyed and done exactly as our forefather Jonadab commanded us.
11 Gake esi Babilonia fia, Nebukadnezar va dze anyigba sia dzi la, míegblɔ be, ‘Miva míayi ɖe Yerusalem, ne míasi le Babilonia kple Aramea ƒe aʋakɔwo nu.’ Ale míetsi Yerusalem.”
So when Nebuchadnezzar king of Babylon marched into the land, we said: ‘Come, let us go into Jerusalem to escape the armies of the Chaldeans and the Arameans.’ So we have remained in Jerusalem.”
12 Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
Then the word of the LORD came to Jeremiah:
13 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi nàgblɔ na Yuda ŋutsuwo kple Yerusalem nɔlawo be, ‘Miele nu srɔ̃ ge awɔ ɖe nye nyawo dzi oa?’ Yehowae gblɔe.
“This is what the LORD of Hosts, the God of Israel, says: Go and tell the men of Judah and the residents of Jerusalem: ‘Will you not accept discipline and obey My words?’ declares the LORD.
14 ‘Yehonadab, Rekab ƒe vi de se na via ŋutsuwo be womegano wain o, eye wolé eƒe sea me ɖe asi. Va se ɖe egbeŋkekea dzi womenoa wain o, elabena wolé wo tɔgbui ƒe sea me ɖe asi. Gake nye ya meƒo nu na mi edziedzi, ke miegbe toɖoɖom.
The words of Jonadab son of Rechab have been carried out. He commanded his sons not to drink wine, and they have not drunk it to this very day because they have obeyed the command of their forefather. But I have spoken to you again and again, and you have not obeyed Me!
15 Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe mi enuenu, wogblɔ na mi be. “Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ne wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo eye migadze mawu tutɔwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mi kple mia fofowo la dzi.” Gake mietsɔ ɖeke le eme alo ɖo tom o.
Again and again I have sent you all My servants the prophets, proclaiming: ‘Turn now, each of you, from your wicked ways, and correct your actions. Do not go after other gods to serve them. Live in the land that I have given to you and your fathers.’ But you have not inclined your ear or listened to Me.
16 Rekab ƒe vi, Yehonadab, ƒe dzidzimeviwo wɔ ɖe se si wo tɔgbui de na wo la dzi, ke dukɔ sia ya meɖo tom o.’
Yes, the sons of Jonadab son of Rechab carried out the command their forefather gave them, but these people have not listened to Me.
17 “Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miɖo to! Mahe gbegblẽ si meɖe gbeƒãe la ava Yuda kple ame sia ame si le Yerusalem la dzi. Meƒo nu na wo, gake womeɖo tom o meyɔ wo gake wometɔ o.’”
Therefore this is what the LORD God of Hosts, the God of Israel, says: ‘Behold, I will bring to Judah and to all the residents of Jerusalem all the disaster I have pronounced against them, because I have spoken to them but they have not obeyed, and I have called to them but they have not answered.’”
18 Ale Yeremia gblɔ na Rekabi ƒomea be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Miewɔ ɖe mia tɔgbui Yehonadab ƒe sedede dzi eye miewɔ ɖe eƒe ɖoɖowo kple nu siwo katã wòɖo anyi na mi la dzi.’
Then Jeremiah said to the house of the Rechabites: “This is what the LORD of Hosts, the God of Israel, says: ‘Because you have obeyed the command of your forefather Jonadab and have kept all his commandments and have done all that he charged you to do,
19 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Yonadab, Rekab ƒe vi magbe ame si asubɔe la kpɔkpɔ gbeɖe o.’”
this is what the LORD of Hosts, the God of Israel, says: Jonadab son of Rechab will never fail to have a man to stand before Me.’”