< Yeremia 33 >

1 Esi Yeremia gale ga me ko le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la, Yehowa ƒe nya va nɛ zi evelia be,
et factum est verbum Domini ad Hieremiam secundo cum adhuc clausus esset in atrio carceris dicens
2 “Ale Yehowa, ame si wɔ anyigba, Yehowa si wɔe hetsɔe ɖo te, eye eŋkɔe nye Yehowa la gblɔe nye esi:
haec dicit Dominus qui facturus est Dominus et formaturus illud et paraturus Dominus nomen eius
3 ‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’
clama ad me et exaudiam te et adnuntiabo tibi grandia et firma quae nescis
4 Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe aƒe siwo le du sia me kple Yuda fiawo ƒe fiasã siwo wogbã ƒu anyi be woalɔ awɔ akpoxɔnu ɖe futɔwo ƒe aʋawɔnuwo kple yi ŋuti,
quia haec dicit Dominus Deus Israhel ad domos urbis huius et ad domos regis Iuda quae destructae sunt et ad munitiones et gladium
5 le aʋa si wowɔ kple Babiloniatɔwo la me. ‘Woayɔ fũu kple ŋutsu siwo mewu le nye dziku kple dɔmedzoe me la ƒe kukuawo. Maɣla nye mo ɖe du sia le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta.
venientium ut dimicent cum Chaldeis et impleant eas cadaveribus hominum quas percussi in furore meo et in indignatione mea abscondens faciem meam a civitate hac propter omnem malitiam eorum
6 “‘Gake kpɔ ɖa mayɔ dɔ wo eye woahaya. Mayɔ dɔ nye dukɔ eye mana ŋutifafa kple dedinɔnɔ fũu.
ecce ego obducam ei cicatricem et sanitatem et curabo eos et revelabo illis deprecationem pacis et veritatis
7 Makplɔ Yuda kple Israel agbɔe tso aboyo me, eye magaɖo wo te abe ale si wonɔ tsã ene.
et convertam conversionem Iuda et conversionem Hierusalem et aedificabo eos sicut a principio
8 Maklɔ nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋutinye la ɖa le wo ŋu, eye matsɔ woƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋunye la ake wo.
et emundabo illos ab omni iniquitate sua in qua peccaverunt mihi et propitius ero cunctis iniquitatibus eorum in quibus deliquerunt mihi et spreverunt me
9 Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’
et erit mihi in nomen et in gaudium et in laudem et in exultationem cunctis gentibus terrae quae audierint omnia bona quae ego facturus sum eis et pavebunt et turbabuntur in universis bonis et in omni pace quam ego faciam ei
10 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ègblɔ tso teƒe sia ŋuti be, ezu aƒedo si me amewo alo lãwo mele o.’ Gake le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdome siwo ɖi gbɔlo, eye amegbetɔwo alo lãwo gɔ hã megale o la, woagase
haec dicit Dominus adhuc audietur in loco isto quem vos dicitis esse desertum eo quod non sit homo et iumentum in civitatibus Iuda et foris Hierusalem quae desolatae sunt absque homine et absque habitatore et absque pecore
11 dzidzɔ kple aseyetsotso, ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ame siwo tsɔ akpedavɔsa va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee, woanɔ gbɔgblɔm be, “Mida akpe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, elabena Yehowa ƒe dɔ me nyo eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbee. Elabena magaɖo anyigba la ƒe nunyonamewo te abe tsã ene.” Yehowae gblɔe.
vox gaudii et vox laetitiae vox sponsi et vox sponsae vox dicentium confitemini Domino exercituum quoniam bonus Dominus quoniam in aeternum misericordia eius et portantium vota in domum Domini reducam enim conversionem terrae sicut a principio dicit Dominus
12 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Teƒe sia kple eƒe du siwo katã zu aƒedo, eye amewo alo lãwo gɔ̃ hã menɔ wo me o la aganye lãnyiƒe damawo na alẽkplɔlawo be woakplɔ woƒe alẽhawo ayii.
haec dicit Dominus exercituum adhuc erit in loco isto deserto absque homine et absque iumento et in cunctis civitatibus eius habitaculum pastorum accubantium gregum
13 Le togbɛnyigba ƒe duwo me kple du siwo le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to, kpe ɖe du siwo le gbegbe le Benyaminyigba dzi, heyi ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple Yuda ƒe duwo la, alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te.’ Yehowae gblɔe.
in civitatibus montuosis et in civitatibus campestribus et in civitatibus quae ad austrum sunt et in terra Beniamin et in circuitu Hierusalem et in civitatibus Iuda adhuc transibunt greges ad manum numerantis ait Dominus
14 “Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna esi mawɔ ɖe amenuveve ƒe ŋugbe si medo na Israel kple Yuda ƒe aƒewo dzi.’
ecce dies veniunt dicit Dominus et suscitabo verbum bonum quod locutus sum ad domum Israhel et ad domum Iuda
15 “Le ŋkeke mawo kple ɣeyiɣi mawo me la, mana Atilɔ dzɔdzɔe aɖe nado tso David ƒe ƒome me, awɔ nu si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le anyigba dzi.
in diebus illis et in tempore illo germinare faciam David germen iustitiae et faciet iudicium et iustitiam in terra
16 Le ŋkeke mawo me la, woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ, ‘Yehowa Míaƒe Dzɔdzɔenyenye?’
in diebus illis salvabitur Iuda et Hierusalem habitabit confidenter et hoc est quod vocabit eam Dominus iustus noster
17 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘David magbe amekpɔkpɔ ne wòanɔ anyi ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe fiazikpui dzi loo,
quia haec dicit Dominus non interibit de David vir qui sedeat super thronum domus Israhel
18 alo nunɔla siwo nye Leviviwo la nagbe ame si anɔ nye ŋkume ɖaa anɔ numevɔsa, nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuwo wɔm nam la kpɔkpɔ o.’”
et de sacerdotibus et Levitis non interibit vir a facie mea qui offerat holocaustomata et incendat sacrificium et caedat victimas cunctis diebus
19 Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
et factum est verbum Domini ad Hieremiam dicens
20 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la,
haec dicit Dominus si irritum fieri potest pactum meum cum die et pactum meum cum nocte ut non sit dies et nox in tempore suo
21 ekema woate ŋu atu nye nu si mebla kple nye dɔla David kple esi mebla kple Leviviwo, ame siwo nye nunɔlawo eye wowɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me. David hã magakpɔ dzidzimevi si aɖu fia le eƒe fiazikpui dzi o.
et pactum meum irritum esse poterit cum David servo meo ut non sit ex eo filius qui regnet in throno eius et Levitae et sacerdotes ministri mei
22 Mawɔ David ƒe dzidzimeviwo woanye nye dɔlawo eye mana Levi vi siwo wɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me la nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ke le ƒuta ene.’”
sicuti numerari non possunt stellae caeli et metiri harena maris sic multiplicabo semen David servi mei et Levitas ministros meos
23 Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
et factum est verbum Domini ad Hieremiam dicens
24 “Mède dzesii be ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Yehowa gbe fiaɖuƒe eve siwo wòtia’ la oa? Ale woɖe alɔme le dukɔ la ŋu eye womegabua wo abe dukɔ ene o.
numquid non vidisti quid populus hic locutus sit dicens duae cognationes quas elegerat Dominus abiectae sunt et populum meum despexerunt eo quod non sit ultra gens coram eis
25 Ale Yehowa gblɔe nye esi: Nenye ɖe nyemebla nu kple ŋkeke kple zã o eye mede se na dziƒo kple anyigba o la,
haec dicit Dominus si pactum meum inter diem et noctem et leges caelo et terrae non posui
26 ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”
equidem et semen Iacob et David servi mei proiciam ut non adsumam de semine eius principes seminis Abraham et Isaac et Iacob reducam enim conversionem eorum et miserebor eis

< Yeremia 33 >