< Yeremia 32 >

1 Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Yeremia le Yuda fia Zedekia ƒe ƒe ewolia me eye wòganye Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.
The word which came to Jeremiah from Jehovah in the tenth year of Zedekiah, the king of Judah, which was the eighteenth year of Nebuchadnezzar.
2 Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me.
And at that time the army of the king of Babylon was laying siege to Jerusalem, and Jeremiah the prophet was shut up in the court of the prison, which was in the house of the king of Judah.
3 Azɔ Yuda fia Zedekia de gae ɖe afi ma hegblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle nya gblɔm ɖi alea ɖo? Egblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, eye wòaxɔe.
For Zedekiah, the king of Judah, had shut him up, saying, Wherefore dost thou prophesy, and say, “Thus saith Jehovah: Behold, I am about to give this city into the hand of the king of Babylon, and he shall take it;
4 Yuda fia Zedekia mado le Babiloniatɔwo ƒe asi me o, ke boŋ woalée ade asi na Babilonia fia, aƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòakpɔe kple eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo.
and Zedekiah, the king of Judah, shall not escape out of the hand of the Chaldaeans, but shall surely be delivered into the hand of the king of Babylon, and he shall speak with him mouth to mouth, and his eyes shall behold his eyes;
5 Akplɔ Zedekia ayi ɖe Babilonia, afi si wòanɔ va se ɖe esime matu nu kplii Yehowae gblɔe. Ne èwɔ aʋa kple Babiloniatɔwo la, màɖu wo dzi o.’”
and he shall lead Zedekiah to Babylon, and there shall he be until I visit him, saith Jehovah; though ye fight with the Chaldaeans, ye shall not prosper?”
6 Yeremia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya va gblɔe nam be,
Then said Jeremiah, The word of Jehovah came to me, and said:
7 ‘Tɔwòɖia, Salum, ƒe vi Hanamel ava gbɔwò agblɔ na wò be, “Ƒle nye agble si le Anatɔt elabena, abe ƒonyemetɔ kpamkpam ene la, enye wò gome kple dɔdeasi be nàƒlee?”’
Behold, Hanameel, the son of Shallum, thine uncle, will come to thee, and say, Buy thee my field which is in Anathoth, for thine is the redemption-right to buy it.
8 “Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’ “Menyae be esia nye gbe tso Yehowa gbɔ,
And so Hanameel, the son of my uncle, came to me in the court of the prison according to the word of Jehovah, and said to me: Buy, I pray thee, my field, which is in Anathoth, for thine is the right of inheritance and redemption; buy it for thyself! Then I knew that this was the word of Jehovah.
9 eya ta meƒle agble si le Anatɔt la le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel si heda klosaloga gram alafa eve tsɔ nɛ.
I bought, therefore, the field of Hanameel, my uncle's son, in Anathoth, and I paid him the money, seventeen shekels of silver.
10 Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me.
And I wrote a deed, and sealed it, and took witnesses thereto, and weighed the silver in the balances.
11 Mexɔ anyigbaƒlegbalẽ la, esi nu wotre, eye ɖoɖo si dzi woƒle agblea ɖo la le eme, hekpe ɖe esi nu wometre o la ŋuti.
And I took the purchase-deed, that which was sealed according to the law and the statutes, and that which was open,
12 Metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Baruk, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel kple ɖasefo siwo de asi agbalẽ la te kple Yudatɔ siwo katã nɔ anyi ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la ŋkume.
and I gave the purchase-deed to Baruch, the son of Neriah, the son of Maaseiah, in the presence of Hanameel, my uncle's son, and in the presence of the witnesses, who subscribed their names to the purchase-deed, and in the presence of all the Jews who sat in the court of the prison.
13 “Le woƒe ŋkume mede se siawo na Baruk.
And I charged Baruch in their presence, saying,
14 ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Tsɔ agbalẽ siawo, anyigbaƒlegbalẽ si nu wotre kple esi le ʋuʋu la siaa de ze me ne woanɔ anyi eteƒe nadidi.
Thus saith Jehovah of hosts, the God of Israel: Take these writings, this sealed purchase-deed, and this open deed, and put them into an earthen vessel, that they may endure a great length of time.
15 Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Woagaƒle aƒewo, agbledenyigbawo kple waingblewo le anyigba sia dzi.”’
For thus saith Jehovah of hosts, the God of Israel: Yet again shall houses and fields and vineyards be bought in this land.
16 “Esi metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Neria ƒe vi, Baruk vɔ la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be:
And when I had delivered the purchase-deed to Baruch, the son of Neriah, I prayed to Jehovah, saying,
17 “O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ si le dzi la wɔ dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na wò akpa o.
Ah, Lord, Jehovah! Behold, thou hast made the heavens and the earth by thy great power and thy stretched-out arm, and there is nothing too hard for thee.
18 Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
Thou showest kindness to a thousand generations, and recompensest the iniquity of the fathers into the bosom of the children who come after them. The great, the mighty God, Jehovah of hosts is his name,
19 wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu.
great in counsel and mighty in work; for thine eyes are open upon all the ways of the sons of men, to give every one according to his ways, and according to the fruit of his doings;
20 Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia.
who hast displayed signs and wonders in the land of Egypt even to this day, and in Israel, and among other men, and hast made thee a name, as at this day;
21 Èkplɔ wò dukɔ, Israel, do goe le Egipte kple dzesiwo, nukunuwo, alɔ sesẽ kple abɔ si le dzi kple ŋɔdzi gã.
and hast brought forth thy people Israel out of the land of Egypt with signs, and with wonders, and with a strong hand, and with a stretched-out arm, and with great terror,
22 Ètsɔ anyigba sia, si nèka atam be yeatsɔ ana wo fofowo la na wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo fũu.
and hast given them this land, which thou didst swear to their fathers to give them, a land flowing with milk and honey;
23 Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.
and they have come in and possessed it; but they have not obeyed thy voice, nor walked according to thy law. They have done nothing of all which thou commandedst them to do. Therefore hast thou caused all this evil to come upon them.
24 “Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene.
Behold, the mounds of the enemy have already come up against the city to take it; and the city is given into the hand of the Chaldaeans, who fight against it by means of the sword, and of the famine, and of the pestilence; and what thou hast spoken is come to pass, and, behold, thou seest it.
25 Togbɔ be woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔwo hã la, O, wò Aƒetɔ Yehowa, ègblɔ nam be, ‘Tsɔ klosaloga nàƒle agbledenyigbae eye nàna ɖasefowo nakpɔ eƒleƒe.’”
And yet hast thou said to me, O Lord Jehovah, “Buy thee the field for money, and take witnesses thereto!” when the city is given into the hand of the Chaldaeans.
26 Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
Then came the word of Jehovah to Jeremiah, saying:
27 “Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa?
Behold, I, Jehovah, am the God of all flesh. Is there anything too hard for me?
28 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo kple Babilonia fia, Nebukadnezar, be woaxɔe.
Therefore thus saith Jehovah: Behold, I will give this city into the hand of the Chaldaeans, and into the hand of Nebuchadnezzar, the king of Babylon, and he shall take it.
29 Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti.
And the Chaldaeans who fight against this city shall come and set this city on fire, and burn it, with the houses upon whose roofs they have offered incense to Baal, and poured out incense to other gods, to provoke me to anger.
30 “Tso Israelviwo kple Yudatɔwo ƒe ɖekakpuime ke la, womewɔ naneke wu nu vɔ̃ɖi le ŋkunye me o. Le nyateƒe me la, Israelviwo mewɔ naneke wu be woado dziku nam kple nu si woƒe asi wɔ la, o.” Yehowae gblɔe.
For the children of Israel and the children of Judah have done nothing but evil before me from their youth; yea, the children of Israel have but provoked me to anger with the work of their hands, saith Jehovah.
31 Tso gbe si gbe ke wotso du sia va se ɖe fifia la, du sia do dziku kple dɔmedzoe nam ale gbegbe be ele nam be maɖee ɖa le nye ŋkuta.
For this city hath been the object of my anger and my fury, from the day when they built it even to this day; that I might remove it from before my face,
32 Israelviwo kple Yudatɔwo tsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ la do dziku nam, woawo ŋutɔwo ƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo, woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa.
because of all the wickedness of the children of Israel, and of the children of Judah, which they have committed to provoke me to anger, they, their kings, their princes, their priests, and their prophets, and the men of Judah, and the inhabitants of Jerusalem.
33 Wotrɔ woƒe ʋu me dem, menye woƒe ŋkume o. Togbɔ be mefia nu wo atraɖii hã la, womeɖo to alo trɔ ɖe amehehe ŋuti o.
For they have turned to me the back, and not the face; though I have taught them, rising up early and teaching them, yet have they not hearkened to receive instruction.
34 Wotsɔ woƒe legba nyɔŋuawo ɖo aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me eye wodo gui.
And they have set their abominations in the house which is called by my name, to defile it.
35 Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o.
And they have built the high places of Baal, which are in the valley of the son of Hinnom, to cause their sons and their daughters to pass through the fire to Moloch, which I commanded them not, neither came it into my mind, that they should practise their abomination, to cause Judah to sin.
36 Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:
Yet now thus saith Jehovah, the God of Israel concerning this city, of which ye say, “It is delivered into the hand of the king of Babylon by the sword, and by the famine, and by the pestilence.”
37 “Le nyateƒe me la, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Matrɔ wo agbɔe va teƒe sia eye mana woanɔ anyi le dedinɔnɔ me.
Behold, I will gather them out of all the countries whither I have driven them in my anger and my fury and my great wrath, and I will bring them back to this place, and I will cause them to dwell securely,
38 Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu.
and they shall be my people, and I will be their God.
39 Mana dzi ɖeka wo eye woƒe afɔɖeɖewo hã anɔ ɖeka ale be woavɔ̃m ɣe sia ɣi hena woawo ŋutɔwo kple wo vi siwo ava xɔ ɖe wo teƒe la ƒe nyui.
And I will give them one heart, and one way, to fear me continually, that it may be well with them, and with their children after them.
40 Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o.
And I will make an everlasting covenant with them, that I will not turn away from them, nor cease to do them good; for I will put my fear in their hearts, that they shall not depart from me.
41 Matsɔ dzidzɔ awɔ nyui na wo eye matsɔ nye dzi blibo kple luʋɔ blibo ali ke wo kple kakaɖedzi ɖe anyigba sia dzi.
Yea, I will rejoice over them to do them good, and I will plant them in this land in truth, with my whole heart, and with my whole soul.
42 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Abe ale si mehe dzɔgbevɔ̃e gã sia va ame siawo dzii ene la, nenema kee matsɔ dzidzedzekpɔkpɔ si ŋugbe medo na wo la hã ana wo.
For thus saith Jehovah: As I have brought upon this people all this great evil, so will I bring upon them all the good which I have promised them.
43 Ava eme be, woagaƒle agblewo le anyigba si ŋuti miegblɔ le be, ‘Ezu gbegbe si menyo na naneke o, eye amegbetɔ alo gbemelãwo gɔ̃ hã megale edzi o, elabena wotsɔe de asi na Babiloniatɔwo’ la dzi.
And fields shall yet be bought in this land, of which ye say, “It is desolate, without man or beast; it is given into the hand of the Chaldaeans.”
44 Woatsɔ klosaloga aƒle agblewo eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, ade asi ete kple ɖasefowo, eye woatre wo nu le Benyaminyigba dzi, kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem, le Yuda duwo kple togbɛduwo me, le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to kple gbegbenutowo me, elabena matrɔ woƒe nunyoname vɛ na wo.” Yehowae gblɔe.
Fields shall men buy for money, and subscribe deeds, and seal them, and take witnesses, in the land of Benjamin, and in the places about Jerusalem, and in the cities of Judah, and in the cities of the hill-country, and in the cities of the valley, and in the cities of the south; for I will bring them back from their captivity, saith Jehovah.

< Yeremia 32 >