< Yeremia 31 >

1 Yehowa be, “Le ɣe ma ɣi la, manye Israel ƒe ƒomeawo katã ƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.”
At that time, saith Jehovah, will I be the God of all the families of Israel, And they shall be my people.
2 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ame siwo metsi yi nu o la akpɔ amenuveve le gbedadaƒo, mava ana dzudzɔ Israel.”
Thus saith Jehovah: The people, escaped from the sword, hath found favor in the wilderness; I will go and give rest to Israel.
3 Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be, “Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ, metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti.
Jehovah appeared to me from afar, [[saying, ]] With an everlasting love do I love thee, Therefore have I kept mercy for thee.
4 O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel, magaɖo wò te eye nànɔ te. Agatsɔ wò axatsɛwo ayi ɖe ɣeɖuƒe kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.
Again will I build thee, and thou shalt be built, O virgin of Israel! Again shalt thou adorn thy tabrets, And go forth in the dance of them that make merry.
5 Miagado waintiwo ɖe Samaria ƒe togbɛwo dzi abe tsã ene; agbledelawo ade waingble, eye woaɖu eƒe kutsetse.
Thou shalt yet plant vines upon the mountains of Samaria; The planters shall plant, and eat the fruit.
6 Ŋkeke li gbɔna, esi gbetakpɔlawo ado ɣli tso Efraim togbɛwo dzi be, ‘Miva ne miayi Zion, ɖe Yehowa miaƒe Mawu la gbɔ.’”
For the day is coming when the watchmen shall cry upon Mount Ephraim, Arise ye, and let us go up to Zion, To Jehovah, our God.
7 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Midzi ha kple dzidzɔ na Yakob, mido ɣli ɖe dukɔwo ƒe gbãtɔ la ŋu. Miɖe gbeƒã, midzi kafukafuha, ne miagblɔ be, ‘O Yehowa, ɖe wò amewo, ɖe ame siwo susɔ ɖe Israel.’
For thus saith Jehovah: Sing with gladness for Jacob, And shout for the head of the nations! Publish ye, praise ye, and say: Jehovah, thou hast saved thy people, The remnant of Israel.
8 Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome; ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ.
Behold, I will bring them from the land of the North, And gather them from the extremities of the earth; And with them shall be the blind and the lame, The woman with child, and she that is in travail with child together; A great company shall return thither.
9 Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖa ne mekplɔ wo gbɔnae. Makplɔ wo ato mɔ zɔzrɔ̃e si dzi womakli nu le o, ato tɔʋuwo to elabena nyee nye Israel fofo eye Efraim nye viŋutsu ŋgɔgbea nam.
They shall come with weeping, And amid supplications will I lead them; I will conduct them to streams of water, In a straight way, in which they shall not stumble. For I have become a father to Israel, And Ephraim is my first-born.
10 “O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, miɖe gbeƒãe le ƒutadu didiwo me. Ame si kaka Israel gbẽe la, agaƒo wo nu ƒu eye wòakpɔ eƒe alẽha dzi abe alẽkplɔla ene!
Hear the word of Jehovah, O ye nations, And proclaim it in the distant coasts, and say: “He that scattered Israel will gather him, And will guard him, as a shepherd his flock.”
11 Elabena Yehowa axɔ Yakob aƒle, eye wòaɖe wo tso ame si sẽ wu wo la ƒe asi me.
For Jehovah hath redeemed Jacob, And ransomed him from the hand of him that was stronger than he.
12 Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi. Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye, bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti. Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la ene eye womagaxa nu azɔ o.
And they shall come and sing upon the height of Zion; They shall exult in the bounty of Jehovah, The corn, and the new wine, and the oil, And the young of the flock, and of the herd; And they shall be as a well-watered garden, And they shall languish no more.
13 Emegbe la, ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ. Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔ eye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe.
Then shall the virgin rejoice in the dance, And the young men and old men together, For I will change their mourning into joy; I will comfort them, and cheer them after their sorrow.
14 Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawo eye maɖi ƒo na nye dukɔ hã kple nye nu nyui geɖe.” Yehowae gblɔe.
And I will satisfy the priests with fatness, And my people shall be satisfied with my bounty, saith Jehovah.
15 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Wose konyifagbe kple avifafa vevie le Rama, Rahel le avi fam ɖe viawo ta eye wògbe be womegafa akɔ na ye o, elabena viawo megali o.”
Thus saith Jehovah: A voice hath been heard in Ramah, Lamentation and bitter weeping; Rachel, weeping for her children, Refuseth to be comforted, because they are no more.
16 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ɖo asi wò gbe dzi be magafa avi o, kple wò ŋkuwo dzi be womagafa aɖatsi o, elabena fetu li na dɔ si nèwɔ, woatrɔ agbɔ tso futɔwo ƒe anyigba dzi.” Yehowae gblɔe.
Thus saith Jehovah: Refrain thy voice from weeping, And thine eyes from tears, For thy labor shall be rewarded, saith Jehovah; They shall come again from the land of the enemy.
17 Yehowa be, “Eya ta mɔkpɔkpɔ li na wò etsɔ si gbɔna. Viwòwo atrɔ ayi ɖe woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.” Yehowae gblɔe.
There is hope for thy future days, saith Jehovah; Thy children shall come again to their border.
18 “Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be: ‘Èhe to nam abe nyivi si dze aglã la ene eye mexɔ tohehe la. Gaɖom te eye matrɔ agbɔ elabena wòe nye Yehowa nye Mawu.
I have surely heard Ephraim bemoaning himself: “Thou hast chastised me, and I was chastised, Like a steer not broken. Turn thou me, and I shall be turned, For thou, O Jehovah, art my God!
19 Esi metra mɔ la, evem, metrɔ dzi me eye esi medze si ɖokuinye la, meƒo akɔta. Azɔ la ŋu kpem eye nye mo tsi dãa elabena nye ɖekakpuimeŋukpe gale ŋunye!’
Surely, after I returned, I repented, And after I was instructed, I smote upon my thigh; I was ashamed, yea, I was confounded, Because I bore the reproach of my youth.”
20 Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃, vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa? Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la, nye ŋkuwo gale eŋuti ko. Eya ta nye dzi le eyome ɖaa eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,” Yehowae gblɔe.
Is Ephraim my dear son? Is he a beloved child? For as often as I speak of him, I do earnestly remember him still. My heart beateth for him; I will have mercy upon him, saith Jehovah.
21 “Mitu dzesidetiwo kple mɔfiatiwo ɖe mɔto. Wò ŋku nenɔ mɔ gã la ŋu, mɔ si dzi nèto to eŋu. O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel, trɔ gbɔ, trɔ gbɔ va wò duwo me.
Set thee up waymarks; Raise thee pillars; Have regard to the highway, the way that thou goest! Return, O virgin of Israel, Return to these thy cities!
22 O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla, wò vinyɔnu mawɔnuteƒe? Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi, nyɔnu aʋli ŋutsu ta.”
How long wilt thou wander about, O rebellious daughter? Behold, Jehovah createth a new thing in the earth: The woman shall protect the man.
23 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mekplɔ wo tso aboyome gbɔe la, ame siwo le Yudanyigba dzi kple eƒe duwo me la agawɔ nya siawo ŋu dɔ be, ‘Yehowa ayra wò, O, dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe, O, to kɔkɔe.’
Thus saith Jehovah of hosts, the God of Israel: Again shall they say in the land of Judah, And in the cities thereof, when I bring back their captives, “May Jehovah bless thee, O habitation of justice, O holy mountain!”
24 Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa.
And Judah shall dwell in it, and all his cities together, Husbandmen, and they that go forth with their flocks.
25 Mana ame siwo gbɔdzɔ la nagbɔ ɖe me eye ame siwo nu ti kɔ na la naɖi ƒo.”
For I will refresh him that is thirsty, And I will satisfy him that languisheth.
26 Kasia menyɔ tso alɔ̃ me eye metsa ŋku godoo. Alɔ̃ si medɔ la vivi nam ŋutɔ.
Upon this I awoke, and beheld, And my sleep was sweet to me.
27 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me.
Behold, the days come, saith Jehovah, That I will sow the house of Israel and the house of Judah. With the seed of man, and with the seed of beast.
28 Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe.
And it shall be that as I have watched over them To pluck up, and to pull down, and to overthrow, And to destroy, and to afflict, So will I watch over them To build, and to plant, saith Jehovah.
29 “Le ŋkeke mawo me la, amewo magagblɔ be, ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbo eye aɖu le viwo nyɔm’ o.
In those days they shall no more say, “The fathers have eaten sour grapes, And the children's teeth are set on edge.”
30 Ke boŋ ame sia ame aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta eye ame si ɖu waintsetse gbogbo la, eyae aɖu anyɔ.”
But every one shall die for his own iniquity; Every man that eateth sour grapes, His teeth shall be set on edge.
31 Yehowa be, “Ɣeyiɣi li gbɔna esi mabla nu yeye kple Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe.
Behold, the days come, saith Jehovah, That I will make with the house of Israel, And with the house of Judah, a new covenant;
32 Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo ene esi melé woƒe alɔnu be makplɔ wo do goe le Egipte la ene o. Elabena wotu nye nubabla la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,” Yehowae gblɔe.
Not according to the covenant which I made with their fathers, In the day when I took them by the hand To bring them out of the land of Egypt; Which covenant of mine they broke, And I rejected them, saith Jehovah.
33 “Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.
But this is the covenant which I will make with the house of Israel: After those days, saith Jehovah, I will put my law into their inward parts, And upon their hearts will I write it; And I will be their God, And they shall be my people.
34 Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.
And they shall teach no more, Every man his neighbor, and every man his brother, Saying, “Know ye Jehovah!” For they shall all know me, From the least of them even to the greatest of them, saith Jehovah; For I will forgive their iniquity, And I will remember their sin no more.
35 Ale Yehowa gblɔe nye esi, ame si ɖoe na ɣe be wòaklẽ le ŋkeke me, ame si ɖe gbe na ɣleti kple ɣletiviwo be woaklẽ le zã me, ame si blu atsiaƒu be eƒe tsotsoewo nadze agbo, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Thus saith Jehovah, Who made the sun for a light by day, And the ordinances of the moon and stars for a light by night, Who stirreth up the sea, so that the waves thereof roar, Jehovah of hosts is his name:
36 Yehowa be, “Ne ɖoɖo siawo bu le ŋkunye me la, eya ko hafi Israel ƒe dzidzimeviwo maganye dukɔ le gbɔnye o.”
If these ordinances shall depart from before me, Then shall the race of Israel also cease from being a nation before me forever.
37 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne woate ŋu adzidze dziƒo eye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ la, eya ko hafi mate ŋu agbe nu le Israel ƒe dzidzimeviwo katã gbɔ le nu siwo katã wowɔ la ta.” Yehowae gblɔe.
Thus saith Jehovah: If the heavens above can be measured, Or the foundations of the earth beneath searched out, Then will I cast off all the race of Israel For all which they have done, saith Jehovah.
38 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu.
Behold, the days come, saith Jehovah, That the city shall be built to Jehovah From the tower of Hananeel to the corner-gate.
39 Woada nudzidzeka tẽe tso afi ma ayi Gareb togbɛ la gbɔ eye woatso eme ado ɖe Goa.
And the measuring line shall go forth over against it even to the hill Gareb, And extend itself to Goath.
40 Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”
And the whole valley of the dead bodies and of the ashes, And all the fields to the brook Kidron, Even to the corner of the horsegate toward the East, Shall be holy to Jehovah. No more shall it be plucked up, Or thrown down, forever.

< Yeremia 31 >