< Yeremia 30 >

1 Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ.
This is the word that came to Jeremias from the Lord, saying:
2 “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ŋlɔ nya siwo katã megblɔ na wò la ɖe agbalẽ me’
Thus saith the Lord, the God of Israel, saying: Write thee all the words that I have spoken to thee, in a book.
3 Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna, esi makplɔ nye dukɔwo Israel kple Yuda agbɔe tso aboyo me, eye magbugbɔ anyigba si metsɔ na wo fofowo be wòanye wo tɔ la na wo.’” Yehowa gblɔe.
For behold the days come, saith the Lord, and I will bring again the captivity of my people Israel and Juda, saith the Lord: and I will cause them to return to the land which I gave to their fathers, and they shall possess it.
4 Nya siawoe Yehowa gblɔ tso Israel kple Yuda ŋuti.
And these are the words that the Lord hath spoken to Israel and to Juda:
5 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Wose vɔvɔ̃ ƒe avifafa, ŋɔdzi koe li, menye ŋutifafa o.
For thus saith the Lord: We have heard a voice of terror: there is fear and no peace.
6 Bia eye nàkpɔe ɖa be, Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via? Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe nyɔnu si le ku lém ene, eye woƒe mowo fu tititi ale?
Ask ye, and see if a man bear children? why then have I seen every man with his hands on his loins, like a woman in labour, and all faces are turned yellow?
7 Alele, anye ŋkeke dziŋɔ eye ɖeke magasɔ kplii o! Anye xaxaɣi na Yakob, ke woaɖee le eme.”
Alas, for that day is great, neither is there the like to it; and it Is the time of tribulation to Jacob, but he shall be saved out of it.
8 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, “Le ŋkeke ma dzi la, maŋe kɔkuti la le woƒe kɔwo eye maɖe ga wo, amedzrowo magado kluvi wo azɔ o.
And it shall come to pass in that day, saith the Lord of hosts, that I will break his yoke from off thy neck, and will burst his bands: and strangers shall no more rule over him:
9 Ke boŋ woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la kple woƒe fia David, si maɖo na wo.
But they shall serve the Lord their God, and David their king, whom I will raise up to them.
10 “Eya ta mègavɔ̃ o. O, nye dɔla Yakob. O Israel, wò mo megatsi dãa o.” Yehowae gblɔe. “Le nyateƒe me, makplɔ wò tso didiƒenyigba dzi, eye maɖe wò dzidzimeviwo hã tso aboyo me. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke magado vodzi nɛ o.
Therefore fear thou not, my servant Jacob, saith the Lord, neither be dismayed, O Israel: for behold, I will save thee from a country afar off, and thy seed from the land of their captivity: and Jacob shall return, and be at rest, and abound with all good things, and there shall be none whom he may fear:
11 Meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe. “Togbɔ be matsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo hã la, nyematsrɔ̃ miawo ya keŋkeŋ o. Nyemagblẽ mi ɖi tomahemahee ya o, mahe to na mi gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.
For I am with thee, saith the Lord, to save thee: for I will utterly consume all the nations, among which I have scattered thee: but I will not utterly consume thee: but I will chastise thee in judgment, that thou mayst not seem to thyself innocent.
12 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Wò abi la nye abi makumaku, eye nuvevi si wɔ wò la, womate ŋu adae o.
For thus saith the Lord: Thy bruise is incurable, thy wound is very grievous.
13 Ame aɖeke meli aʋli tawò o, atike aɖeke meli na wò abi la o, eya ta dɔyɔyɔ hã meli na wò o.
There is none to judge thy judgment to bind it up: thou hast no healing medicines.
14 Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be, wometsɔ ɖeke le eme na wò o. Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene, eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene, elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ, eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ.
All thy lovers have forgotten thee, and will not seek after thee: for I have wounded thee with the wound of an enemy, with a cruel chastisement: by reason of the multitude of thy iniquities, thy sins are hardened.
15 Nu ka ŋutie nèle avi fam tso wò abi kple vevesese si dɔyɔyɔ meli na o la ŋuti? Le wò agɔdzedze gbogboawo kple wò nu vɔ̃ gbogboawo tae mewɔ nu siawo katã ɖe ŋutiwò ɖo.
Why criest thou for thy affliction? thy sorrow is incurable: for the multitude of thy iniquity, and for thy hardened sins I have done these things to thee.
16 “‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo, eye wò futɔwo katã ayi aboyo me. Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã. Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene.
Therefore all they that devour thee shall be devoured: and all thy enemies shall be carried into captivity: and they that waste thee shall be wasted, and all that prey upon thee will I give for a prey.
17 Ke mana nàhaya, eye mana wò abiawo naku, elabena woyɔ wò be saɖagatɔ, Zion si ame aɖeke mebiaa eta sena o.’” Yehowae gblɔe.
For I will close up thy scar, and will heal thee of thy wounds, saith the Lord. Because they have called thee, O Sion, an outcast: This is she that hath none to seek after her.
18 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe ƒe nu nyuiwo te eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo; woagbugbɔ du la atso ɖe gli gbagbãwo teƒe eye woatu fiasã la ɖe eƒe nɔƒe xoxoa.
Thus saith the Lord: Behold I bring back the captivity of the pavilions of Jacob, and will have pity on his houses, and the city shall be built in her place, and the temple shall be found according to the order thereof.
19 Kafukafuha kple aseyetsogbe aɖi tso wo dome. Mana woadzi ɖe edzi eye wo dzi maɖe akpɔtɔ o. Made bubu wo ŋu eye womaɖi gbɔ̃ o.
And out of them shall come forth praise, and the voice of them that play: and I will multiply them, and they shall not be made few: and I will glorify them, and they shall not be lessened.
20 Wo viwo anɔ abe le blema ƒe ɣeyiɣiwo me ene eye woƒe amehawo ali ke le ŋkunye me. Mahe to na ame siwo katã te wo ɖe to.
And their children shall be as from the beginning, and their assembly be permanent before me: and I will against all that afflict them.
21 Woƒe kplɔla anye woawo ŋutɔ dometɔ ɖeka eye woƒe fia ado tso woawo ŋutɔ dome. Matee vɛ kpokploe eye wòate ɖe ŋunye nyuie. Elabena ame kae atsɔ eɖokui ana blibo be wòate ɖe ŋutinye kpokploe?
And their leader shall be of themselves: and their prince shall come forth from the midst of them: and I will bring him near, and he shall come to me: for who is this that setteth his heart to approach to me, saith the Lord?
22 Ale be mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.’” Yehowae gblɔe.
And you shall be my people: and I will be your God.
23 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe le dziku helĩhelĩ me, eye yali abla ɖe ta ŋu na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.
Behold the whirlwind of the Lord, his fury going forth, a violent storm, it shall rest upon the head of the wicked.
24 Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la matrɔ adzo o, va se ɖe esime wòwɔ nu siwo katã le eƒe dzi dzi la de goe hafi. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu sia gɔme.
The Lord will not turn away the wrath of his indignation, till he have executed and performed the thought o his heart: in the latter days you shall understand these things.

< Yeremia 30 >