< Yeremia 3 >

1 “Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a, eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe, ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa? Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa? Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo. Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?” Yehowae gblɔe.
Il est dit: Si un homme renvoie sa femme, et qu’elle le quitte et soit à un autre homme, retournera-t-il vers elle? ce pays-là n’en sera-t-il pas entièrement souillé? Et toi, tu t’es prostituée à beaucoup d’amants; toutefois retourne vers moi, dit l’Éternel.
2 “Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa. Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa? Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam. Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene. Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la.
Lève tes yeux vers les hauteurs, et regarde! Où ne t’es-tu pas abandonnée? Tu t’es assise sur les chemins pour eux, comme un Arabe dans le désert, et tu as souillé le pays par tes prostitutions et par ton iniquité.
3 Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò eye ŋu gbe wò kpekpe.
Aussi les ondées ont été retenues, et il n’y a pas eu de pluie de la dernière saison; mais tu as un front de femme prostituée, tu refuses d’avoir honte.
4 Menye fifi laa koe nèyɔm be, ‘Fofonye kple xɔ̃nye, tso nye ɖekakpuime ke’ oa?
Ne me crieras-tu pas désormais: Mon Père! tu es le conducteur de ma jeunesse?
5 ‘Ɖe nàkpɔ dziku ɖaa? Ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ anɔ anyi tegbea?’ Aleae nèƒoa nu gake hewɔa nu tovo siwo katã nàte ŋui.”
Gardera-t-il à toujours sa colère, la conservera-t-il à jamais? Voici, tu as parlé, et tu as fait les choses mauvaises et tu as su les accomplir.
6 Esi Fia Yosia nɔ fia ɖum la, Yehowa gblɔ nam be, “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla la wɔa? Eyi ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi eye wòyi ɖe ati dama ɖe sia ɖe te hewɔ ahasi le afi ma.
Et l’Éternel me dit dans les jours du roi Josias: As-tu vu ce qu’a fait Israël, l’infidèle? Elle s’en est allée sur toute haute montagne et sous tout arbre vert, et elle s’y est prostituée.
7 Mebui be esi wòwɔ esiawo katã vɔ la, atrɔ ava gbɔnye gake mewɔe o eye nɔvia nyɔnu godzela, Yuda hã kpɔe.
Et j’ai dit: Après qu’elle a fait toutes ces choses, elle reviendra à moi; mais elle n’est pas revenue. Et sa sœur, Juda la perfide, l’a vu.
8 Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi.
Et j’ai vu que, [quand], pour toutes les choses en lesquelles Israël l’infidèle avait commis adultère, je l’ai renvoyée et lui ai donné sa lettre de divorce, toutefois sa sœur, Juda la perfide, n’en a pas eu de crainte, mais elle s’en est allée et s’est prostituée, elle aussi.
9 Esi Israel ƒe ŋunyɔnuwɔwɔ nye nu tsɛ aɖe ko le eya gbɔ ta la, edo gu anyigba la eye wòwɔ ahasi kple ati kple kpe.
Et il est arrivé que, par la légèreté de sa prostitution, elle a souillé le pays, et a commis adultère avec la pierre et le bois.
10 Le esiawo katã megbe hã la, nɔvia nyɔnu, Yuda, godzela, metrɔ va gbɔnye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu.” Yehowae gblɔe.
Et même, avec tout cela, sa sœur, Juda la perfide, n’est pas revenue à moi de tout son cœur, mais avec mensonge, dit l’Éternel.
11 Yehowa gblɔ nam be, “Nuteƒemawɔla Israel le dzɔdzɔe wu Yuda, godzela la.
Et l’Éternel me dit: Israël l’infidèle s’est montrée plus juste que Juda la perfide.
12 Yi, nàɖe gbeƒã nya sia ɖo ɖe anyiehe gome. Yehowa be, “‘Xɔsemanɔsitɔ Israel trɔ gbɔ. Nyemagahe nya ɖe ŋuwò azɔ o elabena nublanuikpɔlae menye eye nyemado dziku tegbee o.’ Yehowae gblɔe.
Va, et crie ces paroles vers le nord, et dis: Reviens, Israël l’infidèle, dit l’Éternel; je ne ferai pas peser sur vous un visage irrité, car je suis bon, dit l’Éternel; je ne garderai pas ma colère à toujours.
13 ‘Wò ya, dze si wò vodada elabena èdze aglã ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu; ètsɔ wò nunyonamewo ma na dzromawuwo le ati dama ɖe sia ɖe te eye mèɖo tom o.’” Yehowae gblɔe.
Seulement, reconnais ton iniquité, car tu t’es rebellée contre l’Éternel, ton Dieu, et tu as tourné çà et là tes chemins vers les étrangers sous tout arbre vert; et vous n’avez pas écouté ma voix, dit l’Éternel.
14 Yehowa be, “Mi xɔsemanɔsitɔwo, mitrɔ gbɔ, elabena nyee nye mia srɔ̃. Matia mi, ame ɖeka tso du ɖe sia ɖe me, ame eve tso to ɖe sia ɖe me ahaƒo ƒu mi ɖe Zion.
Revenez, fils infidèles, dit l’Éternel, car moi je vous ai épousés; et je vous prendrai, un d’une ville, et deux d’une famille, et je vous ferai venir à Sion.
15 Ekema mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu, ame siwo akplɔ mi le nunya kple nugɔmesese me.
Et je vous donnerai des pasteurs selon mon cœur, et ils vous paîtront avec connaissance et avec intelligence.
16 Le ŋkeke mawo me, ne miedzi ɖe edzi fũu le anyigba dzi la, amewo magagblɔ azɔ be, ‘Yehowa ƒe nubablaɖaka o. Mage ɖe woƒe susu me alo woaɖo ŋku edzi o; womagabia eta ase alo awɔ bubu o.’ Yehowae gblɔe.
Et il arrivera que, quand vous aurez multiplié et fructifié dans le pays, en ces jours-là, dit l’Éternel, on ne dira plus: L’arche de l’alliance de l’Éternel! Et elle ne montera plus au cœur, et on ne s’en souviendra pas, et on ne la visitera pas, et on ne fera plus cela.
17 Le ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be, Yehowa Ƒe Fiazikpui eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe Yerusalem be woade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Womagadze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ yome o.
Dans ce temps-là on appellera Jérusalem le trône de l’Éternel; et toutes les nations se rassembleront vers elle, au nom de l’Éternel, à Jérusalem; et elles ne marcheront plus suivant le penchant obstiné de leur mauvais cœur.
18 Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.”
En ces jours-là, la maison de Juda marchera avec la maison d’Israël; et ils viendront ensemble du pays du nord au pays que j’ai donné en héritage à vos pères.
19 Yehowa be, “Nye ŋutɔe gblɔ be, “‘Matsɔ dzidzɔ alé be na mi abe viŋutsuwo ene eye matsɔ anyigba nyui aɖe ana mi, domenyinu nyuitɔ kekeake si dukɔ aɖe ate ŋu akpɔ.’ Mebu be miayɔm be, ‘Fofonye’ eye miatrɔ le yonyeme o.
Et moi j’ai dit: Comment te mettrai-je parmi les fils, et te donnerai-je un pays désirable, le bel héritage des armées des nations? Et j’ai dit: Vous m’appellerez: Mon père! et vous ne vous détournerez pas de moi…
20 Gake, abe nyɔnu si meto nyateƒe na srɔ̃a o ene la, nenemae miawo hã mieto nyateƒe nam o, O Israel ƒe aƒe.”
Certainement, comme une femme perfide [se détourne] de son ami, ainsi vous avez agi perfidement envers moi, maison d’Israël, dit l’Éternel.
21 Wose avi le to ƒuƒluwo dzi, Israelviwo ƒe avifafa kple kokoƒoƒoe elabena woglɔ̃ woƒe mɔwo eye woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be.
Une voix a été entendue sur les hauteurs, les pleurs et les supplications des fils d’Israël; car ils ont perverti leur voie, ils ont oublié l’Éternel, leur Dieu.
22 “Mitrɔ gbɔ, mi megbedelawo, mayɔ dɔ mi tso miaƒe megbedede me.” “Ɛ̃, míava gbɔwò, elabena wòe nye Yehowa, míaƒe Mawu.
Revenez, fils infidèles; je guérirai vos infidélités… Nous voici, nous venons à toi, car tu es l’Éternel, notre Dieu.
23 Vavãe, legbasubɔsubɔ ƒe hoowɔwɔ le togbɛwo dzi kple towo tame nye beble sɔŋ ko. Enye nyateƒe be Yehowa, míaƒe Mawu lae nye Israel ƒe xɔnametɔ.
Certainement, c’est en vain [qu’on s’attend] aux collines, à la multitude des montagnes; certainement, c’est en l’Éternel, notre Dieu, qu’est le salut d’Israël.
24 Tso míaƒe ɖekakpuime ke, ŋukpenamawuwo ɖu mía fofowo ƒe agbagbadzedze ƒe kutsetsewo, woƒe alẽhawo, woƒe nyihawo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo.
Mais la honte a dévoré dès notre jeunesse le travail de nos pères, leur menu bétail et leur gros bétail, leurs fils et leurs filles.
25 Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi. Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu, míawo kple mía fofowo siaa, tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia, míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o.”
Nous nous coucherons dans notre honte, et notre confusion nous couvre; car nous avons péché contre l’Éternel, notre Dieu, nous et nos pères, dès notre jeunesse et jusqu’à ce jour, et nous n’avons pas écouté la voix de l’Éternel, notre Dieu.

< Yeremia 3 >