< Yeremia 28 >

1 Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be,
Cette même année, au commencement du règne de Sédécias, roi de Juda, la quatrième année, au cinquième mois, Hanania, fils d'Azzur, prophète de Gabaon, me parla dans la maison de l'Éternel, en la présence des sacrificateurs et de tout le peuple, et dit:
2 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Mele Babilonia fia ƒe kɔkuti la ŋe ge.
Ainsi a dit l'Éternel des armées, le Dieu d'Israël: J'ai rompu le joug du roi de Babylone.
3 Le ƒe eve megbe la, matrɔ nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar lɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me tsɔ yi Babilonia la vɛ.
Encore deux années, et je fais rapporter en ce lieu tous les vases de la maison de l'Éternel que Nébucadnetsar, roi de Babylone, a pris de ce lieu et qu'il a emportés à Babylone.
4 Makplɔ Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi agbɔ va teƒe sia, hekpe ɖe Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yi ɖe Babilonia la ŋuti, elabena maŋe Babilonia fia ƒe kɔkuti.’” Yehowae gblɔe.
Et je ferai revenir dans ce lieu, dit l'Éternel, Jéchonias, fils de Jéhojakim, roi de Juda, et tous les captifs de Juda qui sont allés à Babylone; car je romprai le joug du roi de Babylone.
5 Tete Nyagblɔɖila Yeremia ɖo nya la ŋu na Nyagblɔɖila Hananiya le nunɔlaawo kple ame siwo katã nɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.
Alors Jérémie, le prophète, parla à Hanania, le prophète, en présence des sacrificateurs et en présence de tout le peuple, qui se tenaient dans la maison de l'Éternel.
6 Egblɔ be, “Amen! Yehowa nena wòava eme nenema! Yehowa nena wò nyagblɔɖi la nava eme be woagbugbɔ nu siwo katã wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple aboyome siwo wokplɔ yi Babilonia la natrɔ gbɔ.
Et Jérémie, le prophète, dit: Amen! qu'ainsi fasse l'Éternel! Que l'Éternel accomplisse les paroles que tu as prophétisées, et qu'il fasse revenir de Babylone en ce lieu les vases de la maison de l'Éternel et tous les captifs de Babylone.
7 Ke hã la, ɖo to nàse nya siwo ku ge mala ɖe to me na wò kple ame siwo le teƒe sia.
Toutefois, écoute cette parole que je prononce à tes oreilles et aux oreilles de tout le peuple:
8 Tsã la, nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na nye kple wò la gblɔ aʋawɔwɔ, gbegblẽ kple dɔvɔ̃ ƒe nyawo ɖi ɖe dukɔ geɖewo kple fiaɖuƒe geɖewo ŋuti.
Les prophètes qui ont été avant moi et avant toi, dès longtemps, ont prophétisé contre plusieurs pays et contre de grands royaumes, la guerre, et l'affliction, et la peste.
9 Gake nyagblɔɖila si gblɔ ŋutifafanya aɖe, eye eƒe nyagblɔɖi la va eme la koe wobuna be enye ame si Yehowa dɔ vavã.”
Si un prophète prophétise la paix, c'est par l'accomplissement de sa parole que ce prophète sera reconnu pour véritablement envoyé de l'Éternel.
10 Kasia Nyagblɔɖila Hananiya ɖe kɔkuti la le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia eye wòŋee.
Alors Hanania, le prophète, prit le joug de dessus le cou de Jérémie, le prophète, et le rompit.
11 Egblɔ le ameawo ƒe ŋkume be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Aleae maŋe Babilonia fia Nebukadnezar ƒe kɔkuti le kɔe na dukɔwo katã le ƒe eve me.’” Le esia megbe la, Nyagblɔɖila Yeremia lé eƒe mɔ hedzo.
Puis Hanania parla en présence de tout le peuple, en disant: Ainsi a dit l'Éternel: C'est ainsi que je romprai, dans deux années, le joug de Nébucadnetsar, roi de Babylone, de dessus le cou de toutes les nations. Et Jérémie, le prophète, s'en alla son chemin.
12 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, esi Nyagblɔɖila Hananiya ŋe kɔkuti le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
Or la parole de l'Éternel fut adressée à Jérémie en ces mots, après que Hanania, le prophète, eut rompu le joug de dessus le cou de Jérémie, le prophète:
13 “Yi nàgblɔ na Hananiya be ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Èŋe atikɔkuti, gake le eteƒe la, woatsɔ gakɔkuti ana wo.
Va et parle à Hanania, et dis-lui: Ainsi a dit l'Éternel: Tu as rompu des jougs de bois; mais, au lieu de ceux-là, tu auras des jougs de fer.
14 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔ ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Matsɔ gakɔkuti aku kɔ na dukɔwo katã be woasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar eye woazu subɔlawo nɛ. Mana ŋusẽe ɖe lã wɔadãwo gɔ̃ hã dzi.”’”
Car ainsi a dit l'Éternel des armées, le Dieu d'Israël: J'ai mis un joug de fer sur le cou de toutes ces nations, pour qu'elles soient asservies à Nébucadnetsar, roi de Babylone, et elles lui seront asservies; et même je lui ai donné les bêtes des champs.
15 Tete Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Hananiya nyagblɔɖila la be, “Ɖo to afii, Hananiya! Yehowa medɔ wò o, evɔ nèƒoe ɖe dukɔ sia nu be wòaxɔ aʋatsonyawo dzi ase.
Puis Jérémie, le prophète, dit à Hanania, le prophète: Écoute, Hanania! l'Éternel ne t'a pas envoyé; mais tu as fait que ce peuple a mis sa confiance dans le mensonge.
16 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mele ɖe wò ge ɖa le anyigba dzi. Àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu ƒe nya.’”
C'est pourquoi ainsi a dit l'Éternel: Voici, je te rejette de dessus la terre; tu mourras cette année; car tu as prêché la révolte contre l'Éternel.
17 Le ɣleti adrelia me le ƒe ma me la, Nyagblɔɖila Hananiya ku.
Et Hanania, le prophète, mourut cette année-là, au septième mois.

< Yeremia 28 >