< Yeremia 27 >

1 Le Yuda fia Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be:
猶大王約西亞的兒子約雅敬登基的時候,有這話從耶和華臨到耶利米說:
2 Ale Yehowa gblɔ nam nye esi: “Gbi ka, nàtsɔ ati sesẽ eve awɔ kɔkuti eye nàtsɔ kɔkuti la ku wò kɔ.
「耶和華對我如此說:你做繩索與軛,加在自己的頸項上,
3 Ekema nàɖo du ɖe Edom, Moab, Amon, Tiro kple Sidon fiawo to woƒe ame dɔdɔ siwo va Yuda fia, Zedekia, gbɔ le Yerusalem la dzi.
藉那些來到耶路撒冷見猶大王西底家的使臣之手,把繩索與軛送到以東王、摩押王、亞捫王、泰爾王、西頓王那裏,
4 Ɖo gbedeasi ɖe woƒe amegãwo, eye nàgblɔ be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migblɔ na miaƒe amegãwo be,
且囑咐使臣,傳與他們的主人說,萬軍之耶和華-以色列的上帝如此說:
5 Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃.
我用大能和伸出來的膀臂,創造大地和地上的人民、牲畜。我看給誰相宜,就把地給誰。
6 Azɔ la, matsɔ miaƒe dukɔwo katã ade asi na nye dɔla, Babilonia fia, Nebukadnezar. Mawɔe be lã wɔadãwo gɔ̃ hã anɔ eƒe kpɔkplɔ te.
現在我將這些地都交給我僕人巴比倫王尼布甲尼撒的手,我也將田野的走獸給他使用。
7 Dukɔwo katã asubɔe, asubɔ via kple eƒe tɔgbuiyɔvi gɔ̃ hã va se ɖe esime eƒe anyigba ƒe ɣeyiɣi nade. Ekema dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo aɖu edzi.
列國都必服事他和他的兒孫,直到他本國遭報的日期來到。那時,多國和大君王要使他作他們的奴僕。
8 “‘“Ke ne dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar, alo abɔbɔ ɖe eƒe kɔkuti te o la, mahe to na dukɔ ma kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ va se ɖe esime matsrɔ̃e kple Nebukadnezar ƒe asi.”’ Yehowae gblɔe.
「無論哪一邦哪一國,不肯服事這巴比倫王尼布甲尼撒,也不把頸項放在巴比倫王的軛下,我必用刀劍、饑荒、瘟疫刑罰那邦,直到我藉巴比倫王的手將他們毀滅。這是耶和華說的。
9 Eya ta migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃egɔmeɖelawo, ŋɔliyɔlawo kple nukala siwo gblɔna na mi be, ‘Migasubɔ Babilonia fia o’ la o.
至於你們,不可聽從你們的先知和占卜的、圓夢的、觀兆的,以及行邪術的;他們告訴你們說:『你們不致服事巴比倫王。』
10 Wogblɔa aʋatsonyagblɔɖiwo na mi, siwo ana be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigbawo dzi aɖo ɖe didiƒewo. Manya mi eye miatsrɔ̃.
他們向你們說假預言,要叫你們遷移,遠離本地,以致我將你們趕出去,使你們滅亡。
11 Gake ne dukɔ aɖe bɔbɔ ɖe Babilonia fia ƒe kɔkuti te hesubɔe la, mana be dukɔ ma nanɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi eye wòanɔ edzi. Yehowae gblɔe.”
但哪一邦肯把頸項放在巴比倫王的軛下服事他,我必使那邦仍在本地存留,得以耕種居住。這是耶和華說的。」
12 Metsɔ gbedeasi sia ke na Yuda fia Zedekia. Megblɔ nɛ be, “Tsɔ wò kɔ de Babilonia fia, Nebukadnezar, ƒe kɔkuti te; subɔ eya kple eƒe dukɔmetɔwo eye nànɔ agbe.
我就照這一切的話對猶大王西底家說:「要把你們的頸項放在巴比倫王的軛下,服事他和他的百姓,便得存活。
13 Nu ka ŋuti wò kple wò amewo miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si ƒe ŋugbe Yehowa do na dukɔ si masubɔ Babilonia fia o la ƒe asi me?
你和你的百姓為何要因刀劍、饑荒、瘟疫死亡,正如耶和華論到不服事巴比倫王的那國說的話呢?
14 Mègaɖo to nyagblɔɖilawo ƒe nya si gblɔm wole na wò be, ‘Mígasubɔ Babilonia fia o’ la o; elabena aʋatsonyawo gblɔm wole na wò.
不可聽那些先知對你們所說的話;他們說:『你們不致服事巴比倫王』,其實他們向你們說假預言。
15 Yehowa be, ‘Nyemedɔ wo o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Eya ta manya wò ɖa le teƒe sia eye wò kple Nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò la siaa miatsrɔ̃.’”
耶和華說:『我並沒有打發他們,他們卻託我的名說假預言,好使我將你們和向你們說預言的那些先知趕出去,一同滅亡。』」
16 Tete megblɔ na nunɔlawo kple ame siawo katã be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migaɖo to nyagblɔɖila siwo gblɔna na mi be, ‘Esusɔ vie woatrɔ nu siwo wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me yi Babilonia la gbɔe’ o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi na mi.
我又對祭司和這眾民說:「耶和華如此說:你們不可聽那先知對你們所說的預言。他們說:『耶和華殿中的器皿快要從巴比倫帶回來』;其實他們向你們說假預言。
17 Migaɖo to wo o. Misubɔ Babilonia fia, ekema mianɔ agbe. Nu ka ŋuti du sia azu aƒedo?
不可聽從他們,只管服事巴比倫王便得存活。這城何致變為荒場呢?
18 Nenye nyagblɔɖilawoe wonye vavã eye Yehowa ƒe nya le wo me la, ekema woneɖe kuku na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, be nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda fia ƒe aƒe me le Yerusalem la, womagalɔ wo ayi Babilonia o.
他們若果是先知,有耶和華的話臨到他們,讓他們祈求萬軍之耶和華,使那在耶和華殿中和猶大王宮內,並耶路撒冷剩下的器皿,不被帶到巴比倫去。(
19 Elabena, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso sɔtiawo, akɔblizɔ kple nu siwo dzi woda wo ɖo kple nu bubu siwo susɔ ɖe du sia me la ŋuti.
因為萬軍之耶和華論到柱子、銅海、盆座,並剩在這城裏的器皿,
20 Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti.
就是巴比倫王尼布甲尼撒擄掠猶大王約雅敬的兒子耶哥尼雅,和猶大、耶路撒冷一切貴冑的時候所沒有掠去的器皿。)
21 Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple Yuda fia ƒe fiasã me le Yerusalem la ŋutie nye esi:
論到那在耶和華殿中和猶大王宮內,並耶路撒冷剩下的器皿,萬軍之耶和華-以色列的上帝如此說:
22 ‘Woalɔ wo ayi ɖe Babilonia, afi ma woanɔ va se ɖe gbe si gbe mava alɔ wo ekema matrɔ wo agbɔe va teƒe sia.’” Yehowae gblɔe.
必被帶到巴比倫存在那裏,直到我眷顧以色列人的日子。那時,我必將這器皿帶回來,交還此地。這是耶和華說的。」

< Yeremia 27 >