< Yeremia 25 >

1 Le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ƒe ƒe enelia me si nye Babilonia fia Nebukadnezar ƒe ƒe gbãtɔ me la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia ku ɖe Yuda dukɔ la ŋu.
La parole qui fut adressée à Jérémie, pour tout le peuple de Juda, la quatrième année de Jéhojakim, fils de Josias, roi de Juda (c'était la première année de Nébucadnetsar, roi de Babylone),
2 Eya ta nyagblɔɖila Yeremia, gblɔ na Yudatɔwo katã kple ame siwo nɔ Yerusalem la be:
Et que Jérémie, le prophète, prononça devant tout le peuple de Juda et tous les habitants de Jérusalem, en disant:
3 Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o.
Depuis la treizième année de Josias, fils d'Amon, roi de Juda, jusqu'à ce jour, il y a vingt-trois ans que la parole de l'Éternel m'a été adressée, et je vous ai parlé, parlé dès le matin; mais vous n'avez point écouté.
4 Togbɔ be Yehowa dɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖo ɖe mi zi geɖe hã la, mieɖo to alo mietsɔ ɖeke le eme na wo o.
Et l'Éternel vous a envoyé tous ses serviteurs, les prophètes; il les a envoyés dès le matin; mais vous n'avez point écouté, vous n'avez point prêté l'oreille pour écouter,
5 Wogblɔ be, “Mitrɔ azɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe, tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nu tovowo wɔwɔ me, be miate ŋu anɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mi la dzi, miawo ŋutɔ kple mia fofowo, tso mavɔ me yi mavɔ me.
Lorsqu'ils disaient: Détournez-vous chacun de votre mauvaise voie et de la malice de vos actions, et vous habiterez de siècle en siècle sur la terre que l'Éternel vous a donnée, à vous et à vos pères;
6 Migadze mawu tutɔwo yome, ahayi wo subɔ ge o. Migade ta agu na wo o, migado dziku nam kple nu siwo miaƒe asiwo wɔ la o. Ekema nyemawɔ nuvevi mi o.”
Et n'allez pas après d'autres dieux, pour les servir et vous prosterner devant eux; ne m'irritez pas par l'œuvre de vos mains, et je ne vous ferai aucun mal.
7 Yehowa be, “Gake mieɖo tom o eye mietsɔ nu siwo miawo ŋutɔ ƒe asiwo wɔ la do dziku nam eye miehe vɔ̃ va mia ɖokuiwo dzii.”
Mais vous ne m'avez point écouté, dit l'Éternel; en sorte que vous m'avez irrité par l'œuvre de vos mains, pour votre malheur.
8 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Esi mieɖo to nye nyawo o ta la,
C'est pourquoi, ainsi a dit l'Éternel des armées: Parce que vous n'avez pas écouté mes paroles,
9 mayɔ anyiehemetɔwo katã, kple nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia aƒo ƒu, woatso ɖe anyigba sia, edzinɔlawo kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la ŋuti. Matsrɔ̃ wo gbidigbidi, awɔ wo woanye ŋɔdzinu kple fewuɖunu, eye woazu aƒedo tegbetegbe.
Voici, j'enverrai, et je prendrai tous les peuples du Nord, dit l'Éternel, et j'enverrai vers Nébucadnetsar, roi de Babylone, mon serviteur; et je les ferai venir contre ce pays, et contre ses habitants, et contre toutes ces nations d'alentour, et je les vouerai à l'interdit, et j'en ferai un objet de désolation, de moquerie, des déserts éternels.
10 Mana dzidzɔ kple aseyetsotso nu natso eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe alo te ƒe gbe alo woakpɔ akaɖi wòaganɔ keklẽm o.
Et je ferai cesser parmi eux la voix de joie et la voix d'allégresse, la voix de l'époux et la voix de l'épouse, le bruit des meules et la lumière des lampes.
11 Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe eye dukɔ sia asubɔ Babilonia fia ƒe blaadre sɔŋ” Yehowae gblɔe.
Et tout ce pays sera une ruine, un désert; et ces nations seront asservies au roi de Babylone pendant soixante et dix ans.
12 Yehowa be, “Ke ne ƒe blaadre la de la, mahe to na Babilonia fia kple eƒe dukɔ, Babiloniatɔwo ɖe woƒe agɔdzedze ta eye mawɔ woƒe anyigba wòazu gbegbe tegbetegbe.
Et il arrivera, quand les soixante et dix ans seront accomplis, que je punirai le roi de Babylone et cette nation, dit l'Éternel, à cause de leurs iniquités; je punirai le pays des Caldéens, je les réduirai en des désolations éternelles.
13 Mana nu siwo katã megblɔ ɖi ɖe anyigba ma ŋuti, nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple esiwo Yeremia gblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋuti la nava wo dzi.
Et j'exécuterai sur ce pays toutes ces paroles que j'ai prononcées contre lui, tout ce qui est écrit dans ce livre, ce que Jérémie a prophétisé contre toutes ces nations.
14 Woawo ŋutɔ la, dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo awɔ wo kluviwoe. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu kple nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.”
Car des nations puissantes et de grands rois les asserviront, eux aussi, et je leur rendrai suivant leurs actions et suivant l'œuvre de leurs mains.
15 Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam nye esi: “Xɔ kplu si nye dɔmedzoewain yɔ la le asinye eye nàkpee na dukɔ siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la.
Car ainsi m'a dit l'Éternel, le Dieu d'Israël: Prends de ma main cette coupe du vin de la colère, et fais-la boire à tous les peuples auxquels je t'envoie.
16 Ne wonoe la, woazɔ sɔgɔsɔgɔ, eye woƒe tagbɔ atɔtɔ, le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.”
Ils boiront, ils chancelleront, et deviendront comme insensés, à cause de l'épée que j'enverrai parmi eux.
17 Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe.
Je pris donc la coupe de la main de l'Éternel, et je la fis boire à toutes les nations auxquelles l'Éternel m'envoyait
18 Ame siwo noe la woe nye Yerusalem nɔlawo, Yuda ƒe duwo, woƒe fiawo kple woƒe dumegãwo, be woagblẽ wo dome eye woazu ŋɔdzinu, fewuɖunu kple fiƒodenu abe ale si wole egbea ene.
A Jérusalem et aux villes de Juda, à ses rois, à ses princes, pour les livrer à la ruine, à la désolation, à la moquerie et à la malédiction, comme on le voit aujourd'hui;
19 Bubuwoe nye Egipte fia, Farao, eŋutinɔlawo, eƒe dumegãwo kple eƒe dukɔmetɔwo,
A Pharaon, roi d'Égypte, à ses serviteurs, à ses princes et à tout son peuple;
20 hekpe ɖe amedzro siwo katã le afi ma la ŋuti, Uz fiawo katã, Filistitɔwo ƒe fiawo katã esiwo tso Askelon, Gaza, Ekron, kpe ɖe ame siwo wogblẽ ɖe Asdod ŋu.
A tout le mélange des peuples d'Arabie, à tous les rois du pays d'Uts; à tous les rois du pays des Philistins: à Askélon, à Gaza, à Ékron, et au reste d'Asdod;
21 Edom, Moab kple Amon;
A Édom, à Moab, et aux enfants d'Ammon;
22 kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo;
A tous les rois de Tyr, à tous les rois de Sidon, et aux rois des côtes qui sont au delà de la mer;
23 Dedan Tema, Buz kpe ɖe didiƒetɔwo ŋu;
A Dédan, à Théma, à Buz, et à tous ceux qui se rasent les coins de la chevelure;
24 Arabia fiawo katã kpe ɖe amedzrowo ƒe fia siwo le gbegbe la ŋu.
A tous les rois d'Arabie, et à tous les rois du mélange de nations qui habitent au désert;
25 Fia siwo katã le Zimri, Elam kple Media.
A tous les rois de Zimri, à tous les rois d'Élam, et à tous les rois de Médie,
26 Anyiehemefiawo katã, esiwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa. Wo katã noe ɖe wo nɔewo yome, ale fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la noe. Ne wo katã noe vɔ la, ekema Sesak fia hã anoe.
A tous les rois du Nord, tant proches qu'éloignés, l'un après l'autre, et à tous les royaumes du monde qui sont sur la face de la terre; et le roi de Shéshac boira après eux.
27 “Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.”’
Et tu leur diras: Ainsi a dit l'Éternel des armées, le Dieu d'Israël: Buvez et soyez enivrés, et vomissez, et tombez sans vous relever, à cause de l'épée que j'enverrai parmi vous!
28 Ke ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Ele na mi be mianoe!”
Que s'ils refusent de prendre la coupe de ta main pour boire, tu leur diras: Ainsi a dit l'Éternel des armées: Vous en boirez certainement!
29 Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’
Car voici, c'est par la ville sur laquelle mon nom est invoqué que je commence à faire du mal, - et vous, vous en seriez exempts! Vous n'en serez point exempts; car je vais appeler l'épée sur tous les habitants de la terre, dit l'Éternel des armées.
30 “Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be, “Yehowa aɖe gbe tso dziƒo eye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti. Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la ene eye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti.
Et toi, tu leur prophétiseras toutes ces choses, et tu leur diras: L'Éternel rugira d'en haut; il fera entendre sa voix de sa demeure sainte; il rugira contre son habitation; il poussera des cris, comme ceux qui foulent au pressoir, contre tous les habitants de la terre.
31 Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena Yehowa atsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu, ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo katã dzi eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.” Yehowae gblɔe.
Le retentissement en parvient jusqu'au bout de la terre; car l'Éternel est en procès avec les nations, il entre en jugement contre toute chair; il livre les méchants à l'épée, a dit l'Éternel.
32 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, gbegblẽ le kakam tso dukɔ me yi dukɔ me. Ahom sesẽ aɖe ho tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”
Ainsi a dit l'Éternel des armées: Voici, le mal va passer de peuple à peuple, et une grande tempête se lève de l'extrémité de la terre.
33 Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.
Ceux que l'Éternel tuera en ce jour-là seront étendus d'un bout de la terre à l'autre bout; ils ne seront ni pleurés, ni recueillis, ni ensevelis; ils seront comme du fumier sur la terre!
34 Mi alẽkplɔlawo, mifa avi, mido ɣli, mimli le ke me, mi alẽha ƒe kplɔlawo. Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi, miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene.
Gémissez, pasteurs, et criez! Roulez-vous dans la poussière, conducteurs du troupeau! Car les jours où vous devez être égorgés sont venus; je vais vous disperser, et vous tomberez comme un vase de prix.
35 Alẽkplɔlawo makpɔ teƒe aɖeke asi yi o, eye alẽhawo ƒe kplɔlawo manya afi si woabe ɖo o.
Et les bergers n'auront aucun moyen de fuir, ni les conducteurs du troupeau d'échapper.
36 Se alẽkplɔlawo ƒe aviɣli ɖa; ɖo to kplɔlawo ƒe ɣlidodo, elabena Yehowa le woƒe lãnyiƒe la tsrɔ̃m.
On entend le cri des bergers, et le gémissement des conducteurs du troupeau; car l'Éternel dévaste leurs pâturages,
37 Gbe dama nyuiwo azu kuɖiɖinyigba le Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la ta.
Et les demeures paisibles sont ravagées, à cause de l'ardeur de la colère de l'Éternel.
38 Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene, eye woƒe anyigba azu gbegbe le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.
Il a abandonné sa demeure comme un lionceau son repaire; car leur pays est mis en désolation, à cause de la fureur du destructeur, à cause de l'ardeur de sa colère.

< Yeremia 25 >