< Yeremia 21 >

1 Gbedeasi sia va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Fia Zedekia dɔ Pasur, Malkiya ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi ɖe egbɔ. Wogblɔ na Yeremia be,
La parole qui fut adressée à Jérémie de la part de Yahvé, lorsque le roi Sédécias envoya vers lui Paschhur, fils de Malkija, et Sophonie, fils de Maaséja, le prêtre, en disant:
2 “Bia gbe Yehowa na mí elabena Babilonia fia, Nebukadnezar ho aʋa ɖe mía ŋu. Ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu na mí abe ale si wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene, ale be wòatrɔ adzo le mía gbɔ.”
« Je te prie de consulter Yahvé en notre faveur, car Nabuchodonosor, roi de Babylone, nous fait la guerre. Peut-être Yahvé nous traitera-t-il selon toutes ses merveilles, afin qu'il se retire de nous. »
3 Tete Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Migblɔ na Zedekia be,
Jérémie leur dit alors: « Dis à Sédécias:
4 ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, matrɔ aʋawɔnu siwo le asiwò la ɖe ŋutiwò, aʋawɔnu siwo nètsɔ le aʋa wɔm kple Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua le aʋa wɔm kpli wò. Makplɔ wo aƒo ƒu ɖe du sia titina.
Yahvé, le Dieu d'Israël, dit: « Voici, je vais retourner les armes de guerre qui sont entre tes mains et avec lesquelles tu combats le roi de Babylone et les Chaldéens qui t'assiègent hors des murs, et je les rassemblerai au milieu de cette ville.
5 Nye ŋutɔ matsɔ alɔ si le dzi kple alɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dziku, dɔmedzoe kple vevesese helĩhelĩ me.
Moi-même, je combattrai contre toi à main tendue et à bras fort, dans la colère, dans la fureur et dans une grande indignation.
6 Maƒo du sia me nɔlawo aƒu anyi, amegbetɔwo kple lãwo siaa eye dɔvɔ̃ awu wo.
Je frapperai les habitants de cette ville, les hommes et les animaux. Ils mourront d'une grande peste.
7 Yehowa be le esia megbe la, matsɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple du sia me nɔla siwo dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame mewu o la ade asi na Nebukadnezar, Babilonia fia kple woƒe ketɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Awu wo kple yi, mave wo nu, akpɔ nublanui na wo loo alo anyo dɔ me na wo o.’
Ensuite, dit Yahvé, je livrerai Sédécias, roi de Juda, ses serviteurs et le peuple, ceux qui resteront dans cette ville, à la peste, à l'épée et à la famine, entre les mains de Nebucadnetsar, roi de Babylone, entre les mains de leurs ennemis et entre les mains de ceux qui en veulent à leur vie. Il les frappera du tranchant de l'épée. Il ne les épargnera pas, il n'aura pas de pitié, il n'aura pas de miséricorde ».
8 “Gawu la, gblɔ na dukɔ la be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, metsɔ agbemɔ kple kumɔ le mia ŋkume ɖom.
Tu diras à ce peuple: « L'Éternel dit: « Voici que je mets devant toi le chemin de la vie et le chemin de la mort.
9 Ame si atsi du sia me la, yi, dɔwuame alo dɔvɔ̃ awui, ke ame si tsɔ eɖokui na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua la maku o, ke boŋ aɖe eƒe agbe.
Celui qui restera dans cette ville mourra par l'épée, par la famine et par la peste, mais celui qui sortira et passera chez les Chaldéens qui vous assiègent, celui-là vivra, et il échappera à la mort.
10 Meɖo vɔ̃ ɖe du sia ŋuti kplikpaa, ke menye nyui o. Woatsɔe ade asi na Babilonia fia, eye wòagbãe, atɔ dzoe.’ Yehowae gblɔe.
Car j'ai tourné ma face vers cette ville pour le mal et non pour le bien, dit l'Éternel. « Elle sera livrée entre les mains du roi de Babylone, et il la brûlera par le feu. »''
11 “Gawu la, gblɔ na Yuda ƒe fiaƒemetɔwo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya:
« Au sujet de la maison du roi de Juda, écoutez la parole de Yahvé:
12 O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi, mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si, ne menye nenema o la, nye dziku agbã go, abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.
Maison de David, dit Yahvé, « Rendez la justice demain matin, et délivrer de la main de l'oppresseur celui qui est dépouillé, de peur que ma colère ne s'enflamme comme un feu, et brûle de telle sorte que personne ne puisse l'éteindre, à cause de la méchanceté de vos actes.
13 Metso ɖe ŋutiwò, Yerusalem, wò si le bali sia ƒe dzigbe le agakpeto tame, mi ame siwo gblɔ be, “Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe mía nu? Ame ka ate ŋu age ɖe míaƒe bebeƒe la me?” Yehowae gblɔe.
Voici, je suis contre toi, habitant de la vallée, et du rocher de la plaine, dit Yahvé. Vous qui dites: « Qui s'opposerait à nous? » ou, « Qui pourrait entrer dans nos maisons? »
14 Yehowa be, “Mahe to na mi le miaƒe nu tovowo wɔwɔ ta, maɖe dzo ade miaƒe avewo me, eye wòafia nu sia nu si ƒo xlã mi.”’” Yehowae gblɔe.
Je vous punirai selon le fruit de vos actions, dit l'Éternel; et je vais allumer un feu dans sa forêt, et elle dévorera tout ce qui l'entoure. »

< Yeremia 21 >