< Yeremia 19 >

1 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Yi ɖaƒle ze le zemela si; kplɔ dumegã kple nunɔla tsitsi aɖewo ɖe asi,
Ainsi dit l’Éternel: Va, et achète un vase de potier, et [prends] des anciens du peuple et des anciens des sacrificateurs,
2 ne miayi ɖe Ben Hinom ƒe Balime si te ɖe agbo si woyɔna be Zemegbo la ŋu. Le afi ma la, ɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò.
et sors vers la vallée du fils de Hinnom, qui est à l’entrée de la porte de la poterie, et crie là les paroles que je te dirai,
3 Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ.
et dis: Écoutez la parole de l’Éternel, vous, rois de Juda, et vous, habitants de Jérusalem: Ainsi dit l’Éternel des armées, le Dieu d’Israël: Voici, je fais venir sur ce lieu-ci un mal tel, que quiconque l’entendra, les oreilles lui tinteront;
4 Elabena wogblẽm ɖi hetsɔ teƒe sia wɔ dzromawuwo ƒe nɔƒee. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu siwo woawo ŋutɔ, wo fofowo alo Yuda fiawo gɔ̃ hã menya o. Ale teƒe sia yɔ fũu kple ʋu maɖifɔwo.
parce qu’ils m’ont abandonné, et qu’ils m’ont aliéné ce lieu, et qu’ils y ont brûlé de l’encens à d’autres dieux que n’ont connus ni eux, ni leurs pères, ni les rois de Juda, et qu’ils ont rempli ce lieu du sang des innocents,
5 Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o.
et ont bâti les hauts lieux de Baal, pour brûler au feu leurs fils en holocauste à Baal; ce que je n’ai point commandé, et dont je n’ai point parlé, et qui ne m’est point monté au cœur.
6 Eya ta Yehowa be mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna, esi amewo magayɔ teƒe sia be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be Kubalime.
C’est pourquoi, voici, des jours viennent, dit l’Éternel, où ce lieu-ci ne sera plus appelé Topheth, ni la vallée du fils de Hinnom, mais la vallée de la tuerie.
7 “‘Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe ɖoɖowo me le teƒe sia. Mana woadze anyi le woƒe futɔwo ŋgɔ, ahatsi woƒe yi nu. Ɛ̃, woatsi ame siwo le woƒe agbe yome tim la ƒe asi me, eye matsɔ woƒe ŋutilã kukuawo awɔ nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadãwo.
Et je rendrai vain le conseil de Juda et de Jérusalem dans ce lieu-ci, et je les ferai tomber par l’épée devant leurs ennemis et par la main de ceux qui cherchent leur vie, et je donnerai leurs cadavres en pâture aux oiseaux des cieux et aux bêtes de la terre.
8 Magbã du sia gudugudu eye mana wòazu alɔmeɖenu. Ame siwo katã ato afi ma ayi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le ale si wogbãe la ta.
Et je ferai de cette ville un sujet d’étonnement et de sifflement: quiconque passera à côté d’elle s’étonnera et sifflera sur toutes ses plaies.
9 Mana woalé wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo aɖa aɖu. Woalé wo nɔewo aɖu le xaxa gã si ava wo dzi ne woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim la ɖe to ɖe wo?’
Et je leur ferai manger la chair de leurs fils et la chair de leurs filles; et ils mangeront chacun la chair de son prochain, dans le siège et dans la détresse dont les enserreront leurs ennemis et ceux qui cherchent leur vie.
10 “Emegbe, gbã ze la le ame siwo nèkplɔ ɖe asi la ŋkume,
Et tu briseras le vase devant les yeux des hommes qui sont allés avec toi,
11 eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Magbã dukɔ sia kple du sia gudugudu abe ale si zemela ƒe ze sia gbãe eye womagate ŋu atree o la ene. Woaɖi woƒe ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.
et tu leur diras: Ainsi dit l’Éternel des armées: Je briserai ainsi ce peuple et cette ville, comme on brise un vase de potier qui ne peut être raccommodé; et on enterrera à Topheth, jusqu’à ce qu’il n’y ait plus de place pour enterrer.
12 Yehowa be, aleae mawɔ teƒe sia kple emenɔlawo katãe. Mawɔ du sia abe Tofet ene.
Je ferai ainsi à ce lieu, dit l’Éternel, et à ses habitants, pour rendre cette ville semblable à Topheth;
13 Aƒe siwo le Yerusalem kple Yuda fiawo ƒe aƒewo la, woagblẽ kɔ ɖo na wo abe Tofet ƒe nɔƒe ene ɖe aƒe siwo katã ƒe tame wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le na dziƒoŋunuwo le eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo la ta.’”
et les maisons de Jérusalem et les maisons des rois de Juda seront, comme le lieu de Topheth, impures, – toutes les maisons sur les toits desquelles ils ont brûlé de l’encens à toute l’armée des cieux, et ont répandu des libations à d’autres dieux.
14 Tete Yeremia trɔ tso Tofet, afi si Yehowa dɔe ɖo be wòagblɔ nya ɖi heva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eye wògblɔ na ameha la bena,
Et Jérémie vint de Topheth, où l’Éternel l’avait envoyé pour prophétiser; et il se tint dans le parvis de la maison de l’Éternel, et dit à tout le peuple:
15 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mahe gbegblẽ siwo megblɔ ɖi ɖe du sia kple du bubu siwo ƒo xlãe ŋuti la ava wo dzi elabena wonye kɔlialiatɔwo eye wogbe be yewomaɖo to nye nyawo o.’”
Ainsi dit l’Éternel des armées, le Dieu d’Israël: Voici, je fais venir sur cette ville, et sur toutes ses villes, tout le mal que j’ai prononcé contre elle, parce qu’ils ont roidi leur cou pour ne point écouter mes paroles.

< Yeremia 19 >