< Yeremia 18 >
1 Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na Yeremia,
Слово, еже бысть ко Иеремии от Господа, рекущее:
2 “Tso nàyi ɖe zemela ƒe aƒe me, eye le afi ma matsɔ nye gbedeasi na wo.”
востани и сниди в дом скудельничь, и тамо услышиши словеса Моя.
3 Ale meyi ɖe zemela ƒe aƒe me eye mekpɔe wònɔ dɔ wɔm le zemenu dzi.
И снидох в дом скудельничь, и се, той творяше дело на каменех.
4 Ke ze si mem wòle la gbã ɖe eƒe asiwo me, eya ta zemela la tsɔ anyi la me ze bubu ale si dze eya zemela la ŋu.
И разбися сосуд, егоже той творяше от глины рукама своима: и паки той сотвори из него иный сосуд, якоже угодно во очию его творити.
5 Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena,
И бысть слово Господне ко мне, рекущее:
6 “Yehowa be O Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ na wò abe ale si zemela sia wɔ ene oa? O Israel ƒe aƒe, abe ale si anyi nɔa zemela ƒe asi me ene la, nenema miele nye asimee.
еда, якоже скудельник сей, не возмогу сотворити вас, доме Израилев? Рече Господь: се, якоже брение в руку скудельника, тако вы есте, доме Израилев, в руку Моею:
7 Ne ɣe aɖe ɣi meɖe gbeƒã be maho dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe kple ke, agbãe, ahatsrɔ̃e,
наконец возглаголю на язык и на царство, да искореню их и разорю и расточу я:
8 eye dukɔ si ŋu megblɔ nya la ɖo la trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi vavã la, ekema matrɔ susu eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe eŋuti la ava edzi o.
и аще обратится язык той от всех лукавств своих, то раскаюся о озлоблениих, яже помыслих сотворити им:
9 Ke ne meɖe gbeƒã ɣe bubu ɣi be maɖo dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe te, ahade eƒe agunu to
и наконец реку на язык и царство, да возсозижду и насажду я,
10 gake wòwɔ nu si nye vɔ̃ le nye ŋkume eye meɖo tom o la, ekema matrɔ susu le nu nyui si meɖo be mawɔ nɛ hafi la ŋuti.
и аще сотворят лукавая пред очима Моима, еже не послушати гласа Моего, то раскаюся о благих, яже глаголах сотворити им.
11 “Azɔ gblɔ na ame siwo le Yuda kple Yerusalem be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, meɖo gbegblẽ ɖe mia ŋu eye mele nugbe ɖom ɖe mia ŋu. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye miaɖɔ miaƒe mɔwo kple wɔnawo ɖo.’
И ныне рцы ко мужем Иудиным и обитателем Иерусалима, рекий: сия рече Господь: се, Аз творю на вас злая и мышлю на вас умышление: да обратится убо кийждо от пути своего лукаваго, и исправите пути вашя и умышления ваша.
12 Gake woaɖo eŋu be, ‘Mehiã o; miayi edzi awɔ miaƒe lɔlɔ̃nu eye mia dometɔ ɖe sia ɖe adze eƒe dzi vɔ̃ɖi kple aglãdzenuwo yome.’”
И рекоша: укрепимся, ибо по развращением нашым пойдем, и кийждо угодное сердца своего лукаваго сотворим.
13 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mibia le dukɔwo dome be, ame kae se esia tɔgbi kpɔ mahã? Ɖetugbi dzadzɛ, Israel, wɔ ŋunyɔnu si teƒe mekɔ o.
Сего ради сия глаголет Господь: вопросите ныне языков, кто слыша сицевая страшная, яже сотвори зело дева Израилева?
14 Ɖe tsikpe si dzana ɖe Lebanon ƒe agakpewo kɔgo la vɔna? Ɖe eƒe tsi fafɛ si sina toa dukɔ la me tso teƒe didiwo la nu tsona?
Еда оскудеют от камене сосцы, или снег от Ливана? Еда уклонится вода зелно ветром носимая?
15 Ke nye amewo ŋlɔm be hedoa dzudzɔ ʋeʋĩ na legba maɖinu siwo nana be woklia nu le woƒe toƒewo kple blemamɔwo dzi. Wonana be wozɔa mɔ siwo to duwo xa kple mɔ siwo menye mɔ dodowo o la dzi.
Понеже забыша Мене людие Мои всуе жруще, и изнемогут на путех своих и на стезях вечных, еже взыти на стези не имущыя пути на хождение,
16 Woana woƒe anyigba nazu gbegbe, eye woazu alɔmeɖenu tegbee. Ame siwo katã ato afi ma ayi la, ƒe mo awɔ yaa, eye woaʋuʋu ta.
еже положити землю свою в запустение и во звиздание вечное: всяк, иже прейдет по ней, почудится и покивает главою своею:
17 Makaka wo le woƒe futɔwo ŋgɔ abe ɣedzeƒeya ene. Matrɔ nye megbe ade wo le woƒe dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋkeke la dzi, ke menye nye ŋkume o.”
якоже ветр палящь разсею их пред враги их, хребет, а не лице покажу им в день погибели их.
18 Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”
И рекоша: приидите и умыслим на Иеремию совет, ибо не погибнет закон от священника, ни совет от премудраго, ни слово от пророка: приидите и поразим его языком, и не вонмем всем словесем его.
19 Yehowa, ɖo tom, se nu si gblɔm nunyetsolawo le la ɖa!
Вонми, Господи, мне и услыши глас оправдания моего.
20 Ɖe woatsɔ vɔ̃ aɖo nyui teƒea? Ke woɖe ʋe ɖi nam. Ɖo ŋku edzi be metsi tsitre ɖe ŋkuwòme ɖe kuku ɖe wo ta be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo ne màgatrɔ wò dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi o.
Еда воздаются злая за благая? Яко глаголаша словеса на душу мою и мучителство свое сокрыша ми. Помяни стоявшаго мя пред Тобою, еже глаголати за них благая, да отвращу гнев Твой от них.
21 Eya ta tsɔ wo viwo de asi na dɔwuame, tsɔ wo de asi na yi ƒe ŋusẽ. Na be wo srɔ̃wo nazu konɔwo kple ahosiwo, na be woawu wo srɔ̃ŋutsuwo, eye woƒe ɖekakpuiwo natsi yi nu le aʋagbedzi.
Сего ради даждь сыны их в глад и собери их в руце меча: да будут жены их безчадны и вдовы, и мужие их да будут убиени смертию, и юноши их да падут мечем на рати:
22 Na be avifafa naɖi le woƒe aƒewo me ne èkplɔ adzohawo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi, elabena woɖe ʋe ɖi be mage ɖe eme ne yewoalém, eye woɖo mɔ ɖi na nye afɔwo.
да будет вопль в домех их: наведи на них разбойники внезапу, понеже совещаша слово, да имут мя, и сети скрыша на мя.
23 O Yehowa, wò la, ènya nugbe si woɖo ɖe ŋunye be yewoawum. Mègatsɔ woƒe hlɔ̃dodowo ke alo nàtutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwòme o. Na be woatsɔ wo axlã ɖe anyi le ŋkuwòme, eye nàtu nu kpli wo le wò dzikudogbe.
Ты же, Господи, веси весь совет их на мя в смерть: да не очистиши беззакония их и грехов их от лица Твоего да не изгладиши: да будет болезнь их пред Тобою, и во время ярости Твоея сотвори им.