< Yeremia 17 >

1 “Wotsɔ ganuŋlɔnu kple nuŋlɔti si kpe xɔasi aɖe le nugbɔ na la ŋlɔ Yuda ƒe nu vɔ̃ ɖe woƒe dziwo ƒe nuŋlɔkpewo dzi, kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋuti.
The sin of Judah is written with a pen of iron, With the point of a diamond is it engraved Upon the tablet of their hearts, Upon the horns of their altars.
2 Wo viwo gɔ̃ hã ɖo ŋku woƒe vɔsamlekpuiwo kple aƒeli siwo le wo ŋuti le ati damawo te kple togbɛ kɔkɔwo dzi la dzi.
While their children remember the altars, and the images of Astarte, Near the green trees, And upon the high hills.
3 Matsɔ nye to si le anyigba dzi, miaƒe nu xɔasiwo kple miaƒe kesinɔnuwo katã ana woaha hekpe ɖe miaƒe nuxeƒewo ŋuti le nu vɔ̃ si miewɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi la ta.
My mountain in the field! thy substance and all thy treasures will I give up for spoil; Thy high places for sin in all thy borders.
4 To miawo ŋutɔ ƒe vodada me la, miabu domenyinu siwo katã metsɔ na mi. Mana miazu kluviwo na miaƒe futɔwo le anyigba si mienya o la dzi elabena miede dzo nye dɔmedzoe me eya ta abi ɖe mia ŋuti ɖaa.”
Thou shalt of thyself cease to possess the inheritance which I gave thee, And I will cause thee to serve thy enemies in a land which thou knowest not; For ye have kindled a fire in my anger, Which shall burn forever.
5 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Aɖi ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe amegbetɔ dzi, hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe ŋusẽkpɔtsoƒee eye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la ŋuti kpekpekpe!
Thus saith Jehovah: Cursed be the man who trusteth in man, And maketh flesh his arm, And whose heart departeth from Jehovah!
6 Anɔ abe gbe le dzogbenyigba dzi ene eye ne dzɔgbenyui va la, makpɔe o. Anɔ gbegbe ƒe kuɖiɖinyigbawo dzi kple dzeƒutagba afi si ame aɖeke menɔna o.”
He shall be like a poor wanderer in the desert, Who seeth not when good cometh, But dwelleth in the parched places of the desert, In a salt land, and uninhabited.
7 “Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu eye wòtsɔa eƒe dzideƒo dea Yehowa me.
Blessed is the man who trusteth in Jehovah; Who in Jehovah placeth his hope!
8 Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to, eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene. Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la, mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi. Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.”
He shall be like a tree planted by the water-side, That spreadeth out her roots by the stream, That feeleth not when the heat cometh, But whose leaf is green; That careth not in the year of drought, Nor ceaseth from yielding fruit.
9 Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme?
The heart is deceitful above all things; Yea, it is corrupt; who can know it?
10 “Nye Yehowae dzroa dziwo me, eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu si eƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.”
I, Jehovah, search the heart, And try the reins, To give to every man according to his ways, And according to the fruit of his doings.
11 Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la, nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu to mɔ fitifitiwo dzi. Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la, aɖee afia be yenye bometsila.
As the partridge sitteth on eggs which she hath not laid, So is he that getteth riches, and not by right; In the midst of his days shall he leave them, And in his latter end find himself a fool.
12 Ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui si wodo ɖe dzi le gɔmedzedzea me ke lae nye teƒe si miaƒe kɔkɔeƒe la le.
A glorious, lofty throne from the beginning Hath been the place of our sanctuary.
13 O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo. Ame siwo trɔ le yowòme la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me elabena wogbe nu le Yehowa, agbetsivudo la gbɔ.
O thou hope of Israel, Jehovah! All that forsake thee shall be put to shame; Yea, all that depart from me shall be written in dust, Because they have forsaken the fountain of living water, they have forsaken Jehovah.
14 Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ. Ɖem ekema makpɔ ɖeɖe elabena wòe mekafuna.
Heal me, O Jehovah, and I shall be healed; Save me, and I shall be saved; For thou art my praise!
15 Wole biayem ɖaa be, “Afi ka Yehowa ƒe nya la le? Neva eme azɔ!”
Behold, they say to me, “Where is the word of Jehovah? Let it come to pass!”
16 Nyemesi dzo be nyemaganye wò alẽkplɔla o; ènya be ŋkeke vɔ̃ la hã medzrom o. Nu siwo katã megblɔ kple nye nu la, le ƒeƒle le ŋkuwòme.
I have not refused to follow thee, as thy shepherd, Neither have I desired the day of woe, as thou knowest! That which came from my lips hath been before thine eyes.
17 Mèganye ŋɔdzinu nam o elabena wòe nye nye sitsoƒe le gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
Be not thou a terror to me, Thou, my refuge in the day of distress! Let my persecutors be confounded, but let not me be confounded!
18 Na ŋu nakpe yonyemetilawo, ke nye ya, ɖem tso ŋukpe me. Dzidzi neƒo wo, gake nye ya ŋɔ megadzim o. Na gbegblẽ ƒe ŋkeke la nava wo dzi eye nàgbã wo, agagbã wo ɖe edzi.
Let them be dismayed, but let not me be dismayed! Bring upon them the day of calamity, And destroy them with double destruction!
19 Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi: “Yi, nàtsi tsitre ɖe agbo si me dua me tɔwo kple Yuda fiawo tona dona, gagbɔna la nu. Nenema ke, nàtsi tsitre ɖe agbo bubu siwo woɖo ɖe Yerusalem dua ŋu la nu.
Thus said Jehovah to me: Go and stand in the people's gate, Through which the kings of Judah come in and go out, And in all the gates of Jerusalem,
20 Gblɔ na wo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya, O Yuda fiawo kple mi Yudatɔwo katã kple mi ame siwo katã le Yerusalem, ame siwo toa agbo siawo me.’
And say to them, Hear the word of Jehovah, ye kings of Judah, All Judah, and all ye who dwell at Jerusalem, Who enter in through these gates!
21 Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mikpɔ nyuie be miagatsɔ agba aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi alo atsɔe ato Yerusalem ƒe agbowo mee o.
Thus saith Jehovah: Take heed to yourselves, And carry no burden on the sabbath-day, And bring none through the gates of Jerusalem.
22 Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene.
Bear no burden from your houses on the sabbath-day, And do no kind of work; But keep ye holy the sabbath-day, As I commanded your fathers.
23 Gake womeɖo to alo ƒu to anyi o. Wonye kɔlialiatɔwo eye womeɖo to alo bɔbɔ ɖe hehe te o.
But they hearkened not, nor inclined their ear, But made their necks stiff, and refused to hear, And refused to receive instruction.
24 Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la,
If ye will now diligently hearken to me, saith Jehovah, And bring no burden through the gates of this city on the sabbath-day, But keep holy the sabbath-day, Doing no work therein,
25 ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee.
Then shall enter the gates of this city kings and princes, Who sit upon the throne of David, Riding in chariots and on horses, They and their chieftains, The men of Judah, and the inhabitants of Jerusalem; And this city shall be inhabited forever.
26 Amewo ava tso Yuda duwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me, woava tso Benyaminyigba dzi kple ɣetoɖoƒebaliwo me, tso keke togbɛnyigbawo dzi kple gbegbenutowo me. Woatsɔ numevɔsawo, akpedavɔsawo, nuɖuvɔsawo, atike ʋeʋĩwo kple kafukafuvɔsawo ava Yehowa ƒe aƒe mee.
Then from the cities of Judah, and the places around Jerusalem, From the land of Benjamin, and from the plain, From the mountains, and from the South, Shall they come bringing burnt-offerings, and sacrifices, And flour-offerings, and incense, And bringing thank-offerings to the house of Jehovah.
27 Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’”
But if ye will not hearken to me, To keep holy the sabbath-day, And to carry no burden through the gates of Jerusalem on the sabbath-day, Then will I kindle in her gates an unquenchable fire, Which shall devour the palaces of Jerusalem.

< Yeremia 17 >