< Yeremia 16 >
1 Yehowa ƒe nya va nam be,
И бысть слово Господне ко мне, рекущее: и ты да не поймеши жены,
2 “Mègaɖe srɔ̃ be nàdzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ɖe teƒe sia o”
и не родится тебе сын, ниже дщерь на месте сем.
3 Elabena ale Yehowa gblɔ tso ŋutsuvi kple nyɔnuvi siwo wodzi ɖe anyigba sia dzi, wo dadawo kple wo fofowo ŋutie nye esi:
Яко сия глаголет Господь от сынех и дщерех, иже родятся на месте сем, и о матерех их, яже родиша их, и о отцех их родивших я в земли сей:
4 “Dɔ vɔ̃wo ava wu wo, womafa na wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba. Woatsrɔ̃ le yi kple dɔwuame ta, eye woƒe ŋutilã kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadã siwo le anyigba dzi.”
смертию лютою изомрут, не оплачутся и не погребутся: во образ на лицы земли будут и мечем падут и гладом скончаются, и будут трупие их во снедь птицам небесным и зверем земным.
5 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mègayi kuteƒe nàɖu nu o, mègayi afa kple kutɔwo alo aɖe wò konyifafa afia o, elabena meɖe nye yayra, nye lɔlɔ̃ kple nye nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia dzi.” Yehowae gblɔe.
Сия глаголет Господь: да не внидеши в дом их пирный, ни да ходиши плакати, ниже да рыдаеши их, понеже отях мир Мой от людий сих, рече Господь, милость и щедроты.
6 “Amegãwo kple ame gblɔewo siaa aku le anyigba sia dzi. Womaɖi wo alo afa na wo o, eye ame aɖeke maxa ɖe wo ta asi eɖokui alo alũ eƒe taɖa o.
И умрут велицыи и малии в земли сей: не погребутся, ни оплачутся, ниже терзание о них будет, ниже обриются ради их,
7 Ame aɖeke maɖa nu aka na konyifalawo, atsɔ afa akɔe na wo o. Nenye wo fofo alo wo dada gɔ̃ hãe la, ame aɖeke mana aha wo teti atsɔ afa akɔe na wo o.
и не преломят хлеба во стенании их ко утешению над мертвым, и не дадут им пития чаши ко утешению над отцем и материю их.
8 “Ne wole nu ɖum le dzidzɔ kpɔm le aƒe aɖe me la, mègage ɖe aƒe ma me nanɔ anyi be yeaɖu nu, ano nu o.
И в дом пирный да не внидеши седети с ними, еже ясти и пити.
9 Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Le wò ŋkume kple wò ŋkekewo me, matɔ te dzidzɔkpɔkpɔ kple aglotutu ƒe ɣliwo eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbewo le teƒe sia o.’
Понеже сия глаголет Господь Сил, Бог Израилев: се, Аз отиму от места сего во очию вашею и во днех ваших глас радости и глас веселия, глас жениха и глас невесты.
10 “Ne ègblɔ nya siawo katã na dukɔ sia eye wobia wò be, ‘Nu ka ta Yehowa ɖo gbegblẽ gã sia ɖi ɖe mia ŋuti? Vodada kae miewɔ eye nu vɔ̃ kae miewɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti hã?’ la,
И будет, егда возвестиши людем сим вся словеса сия, и рекут к тебе: вскую глаголал есть Господь на нас вся злая сия? Кая неправда наша? И кий грех наш, имже согрешихом Господу Богу нашему?
11 ekema nàgblɔ na wo be elabena mia fofowo gblẽm ɖi hedze mawu bubuwo yome; wosubɔ wo eye wode ta agu na wo. Wogbem eye womelé nye seawo me ɖe asi o.
И речеши к ним: понеже оставиша Мя отцы ваши, глаголет Господь, и идоша вслед богов чуждих, и послужиша им и поклонишася им, Мене же оставиша и закона Моего не сохраниша:
12 Ke miawo la, miewɔ nu vɔ̃ɖi wu mia fofowo. Kpɔ ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe dze eƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe aglãdzedze yomee hegbe toɖoɖom ɖa!
и вы горше деласте, неже отцы ваши, и се, вы ходите кийждо вслед похотей сердца вашего лукаваго, еже не слушати Мене:
13 Eya ta matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi aɖo ɖe anyigba si miawo alo mia fofowo menya o la dzi. Le afi ma miasubɔ Mawu bubuwo zã kple keli elabena nyemave mia nu o” Yehowae gblɔe.
и изрину вас от земли сея в землю, еяже не весте вы и отцы ваши, и послужите тамо богом чуждим день и нощь, иже не дадут вам милости.
14 “Yehowa be, gake ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso Egipte ƒe agbe’ o.
Сего ради, се, дние грядут, глаголет Господь, и не рекут ктому: жив Господь, иже изведе сынов Израилевых от земли Египетския:
15 Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me wonya wo ɖo ɖa la ƒe agbe.’ Elabena magbugbɔ wo aɖo te le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi.
но: живет Господь, иже изведе сынов Израилевых от земли северныя и от всех стран, аможе извержени быша: и возвращу их в землю их, юже дах отцем их.
16 “Yehowa be, ‘Ke azɔ la, madɔ ame ɖe ɖɔkplɔla geɖewo eye woaɖe wo. Le esia megbe la, madɔ ame ɖe adela geɖewo eye woayɔ wo ɖe nu tso towo, togbɛwo dzi kple agadowo me.
Се, Аз послю рыбари многи, рече Господь, и уловят их: и посем послю многи ловцы, и уловят их на всяцей горе и на всяцем холме и от пещер каменных.
17 Elabena nye ŋku le woƒe mɔwo katã ŋu, womele ɣaɣla ɖem o eye woƒe nu vɔ̃wo hã meɣla ɖe nye ŋkuwo o.
Яко очи Мои на всех путех их, не сокровени суть от лица Моего, и не утаена суть беззакония их от очию Моею.
18 Maɖo eteƒe na wo zi eve le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena wodo gu nye anyigba kple woƒe aklamakpakpɛwo, eye woli legba nyɔŋuwo ɖe nye domenyinu la dzi fũu.’”
И воздам первее сугубая беззакония и грехи их, имиже оскверниша землю Мою в мертвечинах мерзостей своих и в беззакониих своих, имиже наполниша достояние Мое.
19 O Yehowa, nye ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe le hiahiãgbe, gbɔwòe dukɔwo ava tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, agblɔ be, “Alakpamawuwo koe mia fofowo tsɔ nyi domee; toflokolegbawo wonye, eye womehe nu nyui aɖeke vɛ na wo o.
Господи, Ты крепость моя и помощь моя и прибежище мое во днех злых: к Тебе языцы приидут от последних земли и рекут: воистинну лживых стяжаша отцы наши идолов, и несть в них пользы.
20 Ɖe amewo wɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwoa? Ɛ̃, gake menye mawuwoe wonye o!”
Еда сотворит себе человек боги, и тии не суть бози?
21 “Eya ta mafia wo, ke azɔ la, mafia nye ŋusẽ kple nye sesẽ wo. Ekema woadze sii be nye ŋkɔe nye Yehowa.
Сего ради, се, Аз покажу им во время сие руку Мою и знаему сотворю им силу Мою, и познают, яко имя Мне Господь.