< Yeremia 15 >
1 Tete Yehowa gblɔ nam be, “Ne Mose kple Samuel tsi tsitre ɖe ŋkunye me gɔ̃ hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋuti o. Eya ta, nya wo ɖa le ŋkunye me. Na woadzo!
Then Yahweh said to me, “Even if Moses or Samuel were standing in front of me, I would still not be in favor of this people. Send them out from before me, for them to go away.
2 Ke ne wobia wò be, ‘Afi ka miayi hã’ la, gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Ame siwo woɖo ɖi na ku la, ayi ku me. Ame siwo woɖo ɖi na yi la, atsi yi nu. Ame siwo woɖo ɖi na dɔwuame la atsi dɔwuame ƒe asi me. Eye ame siwo woɖo ɖi na aboyomeyiyi la, ayi aboyome.’”
It will happen that they will say to you, 'Where should we go?' Then you must say to them, 'Yahweh says this: Those who are for death should go to death; those who are for the sword should go to the sword. Those who are for famine should go to famine; and those who are for captivity should go to captivity.'
3 Yehowa be, “Maɖo nugblẽla ƒomevi ene ɖe wo: yi be wòawu ame, avu be wòahe wo adzoe, dziƒoxeviwo kple anyigbadzilã wɔadãwo be, woavuvu wo eye woatsrɔ̃ wo.
For I will assign them to four groups—this is Yahweh's declaration—the sword to slaughter some, the dogs to drag some away, the birds of the skies and the beast of the earth to consume and destroy some.
4 Mawɔ wo woanye ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo le nu si Hezekia ƒe vi, Manase, Yuda fia wɔ le Yerusalem ta.
I will make of them a horrifying thing to all the kingdoms of the earth, because of what Manasseh son of Hezekiah, king of Judah, did in Jerusalem.
5 Yehowa be, “O Yerusalem, ame kae akpɔ nublanui na wò? Ame kae afa na wò? Ame kae atɔ, abia wò agbe ta se?
For who will have compassion for you, Jerusalem? Who will grieve for you?
6 Ègbe nu le gbɔnye, ègale megbedede dzi eya ta malé wò, atsrɔ̃ wò. Nyemagate ŋu akpɔ nublanui na wò o.
You have forsaken me—this is Yahweh's declaration—you have gone back from me. So I will strike you with my hand and destroy you. I am tired of having mercy on you.
7 Magbɔ wò kple nugbɔnu le anyigba sia ƒe agbowo nu. Mana kunyawo nadzɔ ɖe wo dzi eye matsrɔ̃ dukɔ sia elabena wometrɔ le woƒe mɔwo dzi o.
So I will winnow them with a pitchfork at the gates of the land. I will bereave them. I will destroy my people since they will not turn from their ways.
8 Mana woƒe ahosiwo nasɔ gbɔ wu ƒutake. Le ŋdɔkutsu dzeati makplɔ nugblẽla vɛ, wòava ƒo ɖe ɖekakpuiwo dadawo dzi. Mahe vevesese kple ŋɔdzi va wo dzi kpoyi!
I will make their widows number more than the sands of the seashore. Against the mothers of young men I will send the destroyer at noonday. I will make shock and horror suddenly fall on them.
9 Nu ate vi adre dzila ŋu, eye wòaɖe asi le eƒe luʋɔ ŋu. Eƒe ɣe aɖo to le ŋdɔ. Woado vloe eye wòaɖu ŋukpe. Mana ame siwo susɔ la natsi yi nu le woƒe futɔwo ƒe ŋkume,” Yehowae gblɔe.
The mother who has borne seven children will waste away. She will gasp. Her sun will set while it is still day. She will be ashamed and embarrassed, for I will give those who remain to the sword in the presence of their enemies —this is Yahweh's declaration.”
10 Danye, baba be nèdzim. Nye ame si anyigba blibo la le avu wɔm, le nya hem kplii! Nyemedo nugbana na ame aɖeke o, eye ame aɖeke hã medo nugbana nam o, gake ame sia ame le fi ƒom le deyem.
Woe to me, my mother! For you have borne me, I who am a man of controversy and argument through all the land. I have not lent, nor has anyone lent to me, but they all curse me.
11 Yehowa be, “Vavã maɖe wò kokoko le susu nyui aɖe ta. Le nyateƒe me, mana wò ketɔwo naɖe kuku na wò le gbegblẽ kple xaxa ƒe ɣeyiɣiwo me.
Yahweh said: “Will I not rescue you for good? I will certainly make your enemies beg for help in the time of calamity and distress.
12 “Ɖe ame ate ŋu aŋe gayibɔ alo akɔbli si tso anyiehea?
Can one smash iron? Especially iron from the north that is mixed with bronze?
13 “Wò nu xɔasiwo kple wò kesinɔnuwo la, matsɔ wo ana abe nuhaha ene femaxee le wò nu vɔ̃ siwo nèwɔ le wò dukɔ me godoo la ta.
I will give to your enemies your wealth and treasures as free plunder. I will do this because of all your sins committed within all your borders.
14 Mana nànye kluvi na wò futɔwo le anyigba si mènya o la dzi elabena nye dziku azu dzo abi ɖe ŋutiwò.”
Then I will make you serve your enemies in a land that you do not know, for a fire will ignite, kindled in my wrath against you.”
15 O Yehowa, èse egɔme eya ta ɖo ŋku dzinye eye nàkpɔ tanye. Bia hlɔ̃ yonyemetilawo; le wò dzigbɔgbɔ blewuu me la, mègakplɔm dzoe o. Bu ale si mexɔ vlododo le tawòe la ŋuti.
Yahweh, you know! Remember me and help me. Bring vengeance for me against those who persecute me. You are patient, but do not allow them to take me away; know that I suffer reproach for your sake.
16 Esi wò nyawo va la, meɖu wo, wovivi nunye eye wonye nye dzi ƒe dzidzɔ, elabena wò ŋkɔ le ŋunye, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu.
Your words have been found, and I consumed them. Your words became to me a joy and the delight of my heart, for I bear your name, Yahweh, God of hosts.
17 Nyemenɔ anyi ɖe aglotulawo ƒe hame kpɔ loo alo kpɔ dzidzɔ kpli wo kpɔ o. Nye ɖeka koe nɔ anyi elabena wò asi le dzinye eye nètsɔ dziku yɔ menye.
I did not sit in the circle of those who celebrated or rejoiced. I sat in solitude because of your powerful hand, for you filled me with indignation.
18 Nu ka ta nye vevesese nu mele tsotsom o eye nye abiwo lolo ɖe edzi hezu abi makumakuwo? Ɖe nànɔ nam abe bleziblezita alo vudo si megale tsi dzim o la enea?
Why is my pain ongoing and my wound incurable, refusing to be healed? Will you be like deceitful waters to me, waters that dry up?
19 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne mietrɔ dzi me la, magaɖo mi te be miasubɔm. Ne miagblɔ nya vavãwo, ke menye nya maɖinyawo o, magana mianye nye amewo. Na ame siawo natrɔ ɖe ŋuwò, ke wò màtrɔ ɖe wo ŋu o.
Therefore Yahweh said this, “If you repent, Jeremiah, then I will restore you, and you will stand before me and serve me. For if you separate the foolish things from the precious things, you will be like my mouth. The people will come back to you, but you yourself must not go back to them.
20 Mawɔ wò nànye gli na ame siawo eye nànye akɔbligli sesẽ na wo. Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maxɔ na wò.
I will make you like an impenetrable bronze wall to this people, and they will wage war against you. But they will not defeat you, for I am with you to save and rescue you—this is Yahweh's declaration—
21 Maxɔ wò le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, eye maɖe wò le ŋutasẽlawo ƒe fego me.” Yehowae gblɔe.
for I will rescue you from the hand of the wicked and redeem you from the hand of the tyrant.”